INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w20 December axa 15
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsaɖiɖi Yi Afisi Tsitsetse Dzeaniwo Le
    Nyɔ!—2004
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Enye Ame Si Lɔ̃a Nya Dzɔdzɔe Hebritɔwo 10:26-31
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Mawu Atsɔ Nye Nu Vɔ̃wo Akema?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
w20 December axa 15

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Lododowo 24:16 gblɔ be: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.” Ame si dzea nu vɔ̃ me edziedzi gake wòtrɔa dzi me eye Mawu tsɔnɛ kenɛ ƒe nya gblɔm wole le kpukpui sia mea?

Le nyateƒe me la, menye nya mae kpukpui sia fia o. Ke boŋ, eku ɖe ame aɖe si toa nɔnɔme sesẽ geɖewo me gake wòdoa dzi le wo me la ŋu.

Bu mawunyakpukpui siwo ƒo xlã kpukpui sia ŋu kpɔ. Wogblɔ be: “Mègaɖo tame vɔ̃ ade xa ɖe ame dzɔdzɔe ƒe aƒe ŋu o; mègagblẽ eƒe gbɔɖemeƒe o. Elabena ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ya la, vɔ̃ ahe wo aƒu anyi. Ne wò futɔ dze anyi la, mègakpɔ dzidzɔ o, eye ne ekli nu la, wò dzi megatso aseye o.”—Lod. 24:15-17.

Ame aɖewo susui be kpukpui 16 lia ku ɖe ame aɖe si wɔa nu vɔ̃ enuenu gake wòtrɔa dzi me la ŋu. Subɔsubɔhakplɔla eve aɖewo siwo le Britain la gblɔ be “mawunyagblɔla siwo nɔ anyi le blema kple egbegbe la zãa kpukpui sia le mɔ ma nu.” Wogblɔ kpee be gɔmesese ma si le amewo si fia be “ame nyui dzea anyi alo wɔa nu vɔ̃ gãwo, gake ne egakpɔtɔ lɔ̃ Mawu la, agate ŋu afɔ ne etrɔ dzi me.” Gɔmesese ma ate ŋu ana dzi naɖo ame si tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe la ƒo. Ate ŋu asusui be ne yewɔ nu vɔ̃ enuenu hãa, Mawu atsɔe anɔ ye kem.

Gake menye nu mae kpukpui 16 lia fia o.

Woate ŋu azã Hebrigbe me nya si nye “dze anyi” si dze le kpukpui 16 kple 17 lia me le mɔ vovovowo nu. Ate ŋu afia anyidzedze ŋutɔŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu afia be lã aɖe nadze anyi ɖe mɔ dzi, ame nage tso xɔ dzi ava dze anyi alo kpe aɖe nage tso dzi ava dze anyigba. (5 Mose 22:4, 8; Amos 9:9) Woagate ŋu azã nya ma le kpɔɖeŋumɔ nu ale: “Yehowa fiaa mɔ ame ƒe afɔɖeɖewo nenye be amea ƒe mɔwo dze eŋu. Ne edze anyi hã la, maɖo baba ɖi o, elabena Yehowa léa eƒe asi ɖe te.”—Ps. 37:23, 24; Lod. 11:5; 13:17; 17:20.

Ke hã, de dzesi nya si Agbalẽnyalagã Edward H. Plumptre gblɔ. Egblɔ be: “Womezã Hebrigbe me nya ‘dze anyi’ wòku ɖe nu vɔ̃ me dzedze ŋu kpɔ o.” Eya ta, agbalẽnyalagã bubu aɖe gblɔ tso kpukpui 16 lia ŋu be: “Aleke kee wodze agbagba be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Mawu ƒe amewo ŋu o, madze edzi o, elabe woate ŋu ato eme, gake ame vɔ̃ ɖi ya atsi eme!”

Eya ta kpeɖodzi siawo katã ɖee fia be Lododowo 24:16 meku ɖe ame aɖe si dzea nu vɔ̃ me edziedzi la ŋu o, ke boŋ eku ɖe ame dzɔdzɔe si toa nɔnɔme sesẽwo me enuenu la ŋu. Le xexe vɔ̃ɖi sia me la, ate ŋu adzɔ be lãmegbegblẽwo kple kuxiwo naɖe kpe na ame dzɔdzɔe. Ate ŋu adzɔ be dziɖuɖuwo nati ame dzɔdzɔe yome ɖe eƒe xɔse ta. Gake ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe ye ŋu yeado dzi ato wo me ado. Ðe mèkpɔe be Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu oa? Nu ka tae? Elabe míeka ɖe edzi be “Yehowa léa ame siwo katã le anyi dzem la ɖe te, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu.”—Ps. 41:1-3; 145:14-19.

“Ame dzɔdzɔe” mekpɔa dzidzɔ ne ame bubuwo le fu kpem o. Ke boŋ ekana ɖe edzi be “eme anyo na ame siwo vɔ̃a Mawu vavã la godoo, elabena wovɔ̃a eya amea.”—Nyagb. 8:11-13; Hiob 31:3-6; Ps. 27:5, 6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe