INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Dziehefia” La Le Nuwuɣi La
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | May
    • NUSƆSRƆ̃NYATI 19

      “Dziehefia” La Le Nuwuɣi La

      “Le nuwuɣi la, anyiehefia akpe kplii [dziehefia la,] eye woanɔ wo nɔewo tutum.”—DAN. 11:40.

      HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

      NYA VEVIAWOa

      1. Nu kae Biblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya?

      NU KAE adzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi kpuie? Míate ŋu asusu nane ko agblɔ o. Biblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo akpɔ ŋusẽ ɖe mí katã dzi kpuie. Nyagblɔɖi aɖe kpe ɖe mía ŋu míenya nu si dziɖuɖu siwo si ŋusẽ le wu le anyigba dzi la le wɔwɔ ge. Nyagblɔɖi ma si dze le Daniel ta 11 la ƒo nu tso hoʋiʋli si le fia eve, siwo nye dziehefia kple anyiehefia, siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la dome tso blema ke va de asi na egbea la ŋu. Nyagblɔɖi ma ƒe akpa gãtɔ va eme xoxo, eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be eƒe akpa susɔeawo hã ava eme.

      2. Abe ale si 1 Mose 3:15 kple Nyaɖeɖefia 11:7; 12:17 ɖee fia ene la, nyateƒenya kawoe wòle be woanɔ susu me na mí ne míele Daniel ƒe nyagblɔɖia me dzrom?

      2 Hafi míate ŋu ase nyagblɔɖi si le Daniel ta 11 la gɔme la, ele be wòanɔ susu me na mí be fia kple dziɖuɖu siwo ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tẽe la ɖeɖe ko ŋue wòku ɖo. Eye togbɔ be Mawu ƒe amewo le ʋɛ ŋutɔ ne wotsɔ wo sɔ kple xexea me nɔlawo katã ƒe xexlẽme hã la, dziɖuɖu siawo tɔa ŋku wo. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Satana kple eƒe nuɖoanyi bliboa ƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoatsrɔ̃ ame siwo subɔa Yehowa hewɔa Yesu ƒe sededewo dzi la ɖa keŋkeŋ. (Xlẽ 1 Mose 3:15 kple Nyaɖeɖefia 11:7; 12:17.) Gakpe ɖe eŋu la, ele be ɖekawɔwɔ nanɔ gɔmesese si le Daniel ƒe nyagblɔɖia ŋu kple gɔmesese si le nyagblɔɖi bubu siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu la dome. Le nyateƒe me la, ne míetsɔ Daniel ƒe nyagblɔɖia me nyawo sɔ kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo ko hafi gɔmesese nyuitɔ ate ŋu asu mía si le Daniel ƒe nyagblɔɖia ŋu.

      3. Nu kawo me míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

      3 Esi nya mawo le susu me na mí la, na míadzro Daniel 11:25-39 me azɔ. Míakpɔ fia, alo dziɖuɖu, vovovo siwo nye dziehefia kple anyiehefia tso ƒe 1870 va de asi na ƒe 1991 me, kple nu si tae wòsɔ be míatrɔ asi le ale si míese nyagblɔɖi sia ƒe akpa aɖe gɔme tsã la ŋu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro Daniel 11:40–12:1 me, eye míatrɔ asi le ale si míese nu si nyagblɔɖia ƒe akpa sia ɖe fia mí le nu siwo adzɔ tso ƒe 1991 me va de asi na Armagedon-ʋaa me ŋu gɔme tsã la ŋu. Esi nèle nyati eve siawo srɔ̃m la, anyo be nànɔ ŋku lém ɖe numeɖeɖe siwo le nyatakakaɖaka si ƒe tanyae nye “Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La.” Gake gbã la, ehiã be míanya fia eve siwo ŋu nyagblɔɖi sia le nu ƒom tso.

      ALEKE MÍATE ŊU AWƆ ANYA DZIEHEFIA LA KPLE ANYIEHEFIA LA?

      4. Nu etɔ̃ kawoe akpe ɖe mía ŋu míade dzesi dziehefia la kple anyiehefia la?

      4 Le gɔmedzedzea me la, dunyaheŋusẽ si nɔ Israel-nyigbaa ƒe dziehe ye woyɔ be “dziehefia,” eye esi nɔ Israel-nyigbaa ƒe anyiehe ye woyɔ be “anyiehefia.” Nu ka tae míegblɔe alea? Nu si tae nye be, mawudɔla si tsɔ gbedeasia vae na Daniel la gblɔ nɛ be: “Meva be mana nànya nu si ava dzɔ ɖe wò dukɔ la dzi le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi.” (Dan. 10:14) Blema Israel dukɔa kpɔtɔ nye Mawu ƒe dukɔ va de asi na ƒe 33 ƒe Pentekoste ŋkekea dzi. Tso ɣemaɣi la, Yehowa na eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe nye yeƒe amewo. Eya ta, menye blema Israel dukɔa ŋue nyagblɔɖi si le Daniel ta 11 la ƒe akpa gãtɔ ku ɖo o, ke boŋ Kristo yomedzelawo ŋue wòku ɖo. (Dɔw. 2:1-4; Rom. 9:6-8; Gal. 6:15, 16) Eye fia alo dziɖuɖu vovovowoe va nye dziehefia kple anyiehefia le ɣeyiɣi vovovowo me. Togbɔ be enɔ alea hã la, nanewo ɖe dzesi ƒãa le fia alo dziɖuɖu mawo katã ŋu. Gbãtɔa ye nye be, wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Evelia, ale si wowɔ nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la ɖee fia be wolé fu Mawu vavã, Yehowa. Etɔ̃lia ye nye be, ʋiʋli nɔ fia eveawo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeakpɔ ŋusẽ ɖe kemɛa dzi.

      5. Ðe dziehefia aɖe kple anyiehefia aɖe nɔ anyi tso ƒe 100 K.Ŋ. me va de asi na ƒe 1870 mea? Ðe eme.

      5 Tso ɣeaɖeɣi le ƒe 100 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, aʋatso Kristotɔ siwo lé trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafiawo me ɖe asi la va ge ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe hamewo me; wonɔ aʋatsonyawo fiam eye wonɔ nu tsyɔm nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi. Tso ɣemaɣi va de asi na ƒe 1870 me la, Mawu subɔlawo ƒe hame aɖeke menɔ anyi o. Aʋatso Kristotɔ mawo, siwo gbe vɔ̃ɖiawo le tsitre ɖi na la, va sɔ gbɔ ale gbegbe be esesẽ ŋutɔ be woade dzesi ame siwo nye Kristotɔ vavãwo. (Mat. 13:36-43) Nu ka tae nya sia le vevie ŋutɔ? Nu si tae nye be, nya si Biblia gblɔ tso dziehefia kple anyiehefia ŋu la mate ŋu aku ɖe fia alo dziɖuɖu siwo kpɔ ŋusẽ le ƒe 100 K.Ŋ. kple ƒe 1870 domedome la ŋu o. Elabena Mawu ƒe amewo ƒe hame aɖeke menɔ anyi si yome woati o.b Gake tso ƒe 1870 megbe kpuie la, enɔ bɔbɔe be míade dzesi fia alo dziɖuɖu vovovo siwo va nye dziehefia kple anyiehefia. Nu ka tae?

      6. Ɣekaɣie wogava de dzesi Mawu ƒe amewo? Ðe eme.

      6 Tso ƒe 1870 me la, Mawu subɔla vavãwo gava te dɔwɔwɔ ɖekae ake abe ƒuƒoƒo ene. Ƒe ma mee Charles T. Russell kple eƒe zɔhɛwo ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe anyi. Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwoe nye dɔla si ŋu nya wogblɔ ɖi be ‘adzra mɔ dzi ɖo’ na Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi. (Mal. 3:1, etenuŋɔŋlɔ) Aleae wòdzɔe be wogava de dzesi Mawu subɔla vavãwo ƒe ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu la ake! Ðe xexemefiaɖuƒe aɖe nɔ anyi ɣemaɣi si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Mawu subɔlawo dzia? Na míakpɔe ɖa.

      DZIÐUÐU KAE NYE ANYIEHEFIA LA?

      7. Dziɖuɖu kae va nye anyiehefia la va de asi na Xexemeʋa Gbãtɔ me?

      7 Kaka ƒe 1870 naɖo la, Britain va zu fiaɖuƒe si keke ta wu le anyigba dzi, eye eƒe asrafoŋusẽ de ŋgɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe tɔ. Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso dzo sue aɖe si ho dzo etɔ̃ bubuwo ɖa la ŋu. Dzo suea le tsitre ɖi na Britain eye dzo etɔ̃ bubuawo le tsitre ɖi na France, Spain, kple Netherlands. (Dan. 7:7, 8) Eye Britain ye va zu anyiehefia va de asi na Xexemeʋa Gbãtɔ me. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, United States (États-Unis) alo Amerika va zu dukɔ si dzi ganyawo de wu dukɔ ɖe sia ɖe, eye ɖekawɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli va nɔ woa kple Britain dome.

      8. Dziɖuɖu kae nye anyiehefia le ŋkeke mamlɛawo katã me?

      8 Esi Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, Amerika kple Britain wɔ ɖeka hewɔ aʋa kple woƒe futɔwo eye woƒe asrafowo va kpɔ ŋusẽ geɖe. Ɣemaɣie Britain kple Amerika va zu Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, fia sia ƒo “aʋakɔ gã nyadri aɖe ŋutɔ” nu ƒu. (Dan. 11:25) Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Britain kple United States (Amerika) ye nye anyiehefia.c Gake, dziɖuɖu kae va nye dziehefia la?

      Biblia Me Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa Ŋu

      Biblia me nyagblɔɖi vovovowo ɖɔ anyiehefia la, si nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa, le mɔ vovovowo nu. Woɖɔe be enye . . . 

      • Afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu.

        afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu (Dan. 2:41-43)

      • Lã wɔadã aɖe si to dzowo la ƒe ta. Dzo sue aɖe le totom le dzoawo domee, eto ŋku eve eye nu hã le esi.

        dzo aɖe si to ɖe lã ɖivɔvɔ̃ aɖe ƒe ta (Dan. 7:7, 8)

      • Lã wɔadã aɖe si dzo ewo kple ta adre li na.

        lã wɔadã la ƒe ta adrelia (Nyaɖ. 13:1)

      • Lã wɔadã aɖe si dzo eve le ta na.

        lã wɔadã si dzo eve le ta na (Nyaɖ. 13:11-15)

      • Lã wɔadã aɖe si dzo ewo kple ta adre li na.

        ‘aʋatsonyagblɔɖila la’ (Nyaɖ. 19:20)

      DZIÐUÐU KAE VA NYE DZIEHEFIA?

      9. Dziɖuɖu kae va nye dziehefia, eye aleke Daniel 11:25 va eme?

      9 Esi Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo ɖo woƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa anyi ƒe ɖeka megbe la, dziehefia bubu gado le ƒe 1871 me. Le ƒe ma ke me la, Otto von Bismarck ƒo nuto vovovowo nu ƒu wova zu dukɔ sẽŋu si woyɔ be Germany Fiaɖuƒe. Prussiatɔ Fia Wilhelm Gbãtɔ va zu fiaɖuƒe ma ƒe fiagã gbãtɔ, eye eɖo Bismarck wònye dudɔnunɔlagã gbãtɔ.d Ƒe geɖe megbe la, Germany va zu dukɔ sesẽ si kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ bubu siwo le Afrika kple Pasifik-ƒua dzi la dzi, eye edze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ wu Britain. (Xlẽ Daniel 11:25.) Germany Fiaɖuƒea ɖo aʋakɔ gã sẽŋu aɖe anyi eye esusɔ vie eƒe ƒudzisrafowo ƒe ŋusẽ nade Britain tɔa ƒe ŋusẽ nu. Le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germany na eƒe aʋakɔawo dze eƒe futɔwo dzi.

      10. Aleke Daniel 11:25b, 26 va eme?

      10 Eyome, Daniel gblɔ nu si ava dzɔ ɖe Germany Fiaɖuƒea kple eƒe aʋakɔ gã si wòɖo anyi dzi la ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ be dziehefia la “manɔ te o.” Nu ka tae? “Elabena woaɖo nugbe ɖe eŋu. Ame siwo ɖua nu kplii lae ana wòadze anyi.” (Dan. 11:25b, 26a) Le Daniel ƒe ŋkekea me la, fiaŋume siwo ‘subɔa fia la’ hã nɔa ame siwo ɖua “fia la ƒe nuɖuɖu viviwo” la dome. (Dan. 1:5) Ame kawo ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa sia ku ɖo? Eku ɖe fiaŋume siwo nɔ ɖoƒe kɔkɔwo le Germany Fiaɖuƒea me la ŋu—wo dometɔ aɖewoe nye fiagã la ƒe aʋafiagãwo kple eƒe asrafo siwo nye aɖaŋuɖolawo. Ame siawo ƒe nuwɔna ye wɔe be fiaƒome ƒe dziɖuɖu ma nu yi eye dziɖuɖu bubu va xɔ ɖe eteƒe le Germany.e Menye ɖeko nyagblɔɖia gblɔe ɖi be fiaɖuƒe ma amu ko evɔ o, ke egblɔ ale si aʋa si wòawɔ kple anyiehefia la awu enui la hã ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ tso dziehefia la ŋu be: “Eƒe aʋakɔ la nu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene, eye ame geɖewo atsi aʋa.” (Dan. 11:26b) Abe ale si tututu wogblɔe ɖi ene la, Germany-srafowo ‘nu yi’ le xexemeʋa gbãtɔa me “abe tɔsisie kplɔe dzoe ene” eye ‘ame geɖewo tsi aʋa’ hã vavã. Wowu ame le aʋa ma me wu aʋa bubu ɖe sia ɖe si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ.

      11. Nu kae dziehefia la kple anyiehefia la wɔ?

      11 Daniel 11:27, 28 ɖɔ ale si nuwo ayii do ŋgɔ na Xexemeʋa Gbãtɔa be dziehefia kple anyiehefia ‘anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu anɔ alakpa dam.’ Egblɔ hã be dziehefia aƒo “nu geɖewo” nu ƒu. Eye aleae wòdzɔe hã. Germany kple Britain gblɔ na wo nɔewo be yewodi ŋutifafa, gake esi aʋaa fe ati le ƒe 1914 me la, eva dze ƒãa be alakpa sɔŋ ye nya mawo nye. Eye kaka ƒe 1914 naɖo la, ganyawo va de Germany dzi ale gbegbe be, eva zu dukɔ evelia si kpɔ ga wu le xexea me katã. Eyome, abe ale si Daniel 11:29 kple kpukpui 30 lia ƒe akpa gbãtɔ gblɔe ene la, Germany wɔ aʋa kple anyiehefia la gake woɖu edzi.

      FIA EVEAWO TI MAWU ƑE AMEWO YOME

      12. Esi xexemeʋã gbãtɔ nɔ edzi yim la, nu kae dziehefia kple anyiehefia wɔ?

      12 Tso ƒe 1914 me la, fia eveawo gava nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo geɖe wu eye wogava nɔ Mawu ƒe amewo yome tim vevie wu tsã. Le kpɔɖeŋu me, le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germany ƒe dziɖuɖua kple Britain ƒe dziɖuɖua siaa ti Mawu subɔlawo yome le esi wogbe be yewomawɔ aʋa o ta. Eye Amerika ƒe dziɖuɖua hã lé ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la de gaxɔ me. Yometiti sia ye nye nyagblɔɖi si dze le Nyaɖeɖefia 11:7-10 la me vava.

      13. Le ƒe 1930 megbe kple xexemeʋa evelia me la, nu kae dziehefia wɔ?

      13 Eye le ƒe 1930-awo me, kple vevietɔ, xexemeʋa evelia me la, dziehefia dze Mawu ƒe amewo dzi kutɔkutɔe. Esi Nazi dunyahehaa va nɔ zia dzi le Germany la, Hitler kple eyomedzelawo xe mɔ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe dɔa nu. Dziehefia la wu Yehowa Ðasefo alafa geɖe eye wokplɔ akpeakpe bubuwo hã yi fuwɔamegaxɔwo me. Daniel gblɔ nudzɔdzɔ siawo ɖi. Dziehefia la te ŋu ‘gblẽ kɔ ɖo na kɔkɔeƒe la’ eye ‘wòtsi gbe sia gbe vɔsa la nu’ esi wòxe mɔ na Mawu ƒe amewo be woagaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ o. (Dan. 11:30b, 31a) Hitler, si nye Germany ƒe kplɔla la ƒu asi akɔ be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa keŋkeŋ le Germany.

      DZIEHEFIA BUBU DO

      14. Dziɖuɖu kae va zu dziehefia le xexemeʋa evelia megbe? Ðe eme.

      14 Le xexemeʋa evelia megbe la, Soviet Union (l’Union soviétique) ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua va kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ geɖe siwo dzi Germany kpɔ ŋusẽ ɖo tsã la dzi, eye Soviet Union dziɖuɖua va zu dziehefia la. Ale si ko Nazitɔwo ƒe dziɖuɖua sẽ tame le Yehowa subɔlawo ŋui la, nenema kee Soviet Union ƒe dziɖuɖua hã sẽ ŋuta le ame sia ame si tsɔ Mawu vavã la subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la ŋu.

      15. Esi Xexemeʋa Evelia wu enu la, nu kae dziehefia wɔ?

      15 Le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe kpuie la, dziehefia yeyea, si nye Soviet Union kple dukɔ siwo kpe ɖe eŋu la, dze Mawu ƒe amewo dzi. Nyaɖeɖefia 12:15-17 tsɔ Mawu ƒe amewo yome titi sia sɔ kple “tɔsisi.” Abe ale si nyagblɔɖia gblɔe ene la, dziehefia xe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye wòɖe Yehowa ƒe ame akpe geɖewo aboyoe yi Siberia. Eya ta, tso ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedze ke la, dziehefia la yi edzi ti Mawu ƒe amewo yome kutɔkutɔe, gake mete ŋu tɔ te woƒe dɔa gbeɖe o.f

      16. Aleke Soviet Union dziɖuɖua na nyagblɔɖi si le Daniel 11:37-39 la va eme?

      16 Xlẽ Daniel 11:37-39. Le nyagblɔɖi sia me vava me la, dziehefia “[mebu] fofoawo ƒe Mawu ɖe ɖeke me o.” Le mɔ ka nu? Esi Soviet Union dziɖuɖua ɖoe be yeabu mo na mawusubɔsubɔ keŋkeŋ ta la, edze agbagba be yeaɖe ke le subɔsubɔha siwo nɔ dukɔa me la te. Be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, Soviet dziɖuɖua de se aɖe tso keke ƒe 1918 me ke be woafia nu sukuviwo be Mawu meli o. Aleke dziehefia la ‘tsɔ ŋutikɔkɔe na mawu si le mɔ́ sesẽwo me’? Soviet Union dziɖuɖua zãa ga gbogbowo tsɔ naa hehe eƒe aʋakɔa eye ewɔa nukliaʋawɔnu sesẽ akpe geɖewo ale be yeakpɔ ŋusẽ geɖe. Mlɔeba, dziehefiaa kple anyiehefiaa siaa va ƒo aʋawɔnu sesẽ gbogbo siwo woate ŋu atsɔ atsrɔ̃ ame miliɔn akpe teƒe akpe geɖe la nu ƒu na wo ɖokuiwo!

      ÐEKAWƆWƆ SI MEBƆ O

      17. Nu kae nye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ la”?

      17 Dziehefia kpe asi ɖe anyiehefia ŋu le nu vevi aɖe wɔwɔ me. ‘Woɖo ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ la anyi.’ (Dan. 11:31) “Ŋunyɔnu” mae nye Dukɔ Ƒoƒuawo.

      18. Nu ka tae woɖɔ Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “ŋunyɔnu”?

      18 Woɖɔ Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “ŋunyɔnu,” elabe eƒu asi akɔ be yeate ŋu awɔ nu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko ate ŋu awɔ, si nye be yeahe ŋutifafa ava xexea me. Eye nyagblɔɖia gblɔ be ŋunyɔnua “ahe aƒedozuzu vɛ,” elabe Dukɔ Ƒoƒuawo awɔ akpa vevi aɖe le alakpasubɔsubɔhawo katã tsɔtsrɔ̃ me.—Kpɔ nyatakakaɖaka si nye “Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La.”

      NU KA TAE WÒHIÃ BE MÍANYA ŊUTINYA SIA?

      19-20. (a) Nu ka tae wòhiã be míanya ŋutinya sia? (b) Nyabiase kae míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si kplɔ esia ɖo me?

      19 Ehiã be míanya ŋutinya sia elabe eɖo kpe edzi be, tso 1870 me va de asi na ƒe 1991 me la, Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe dziehefia kple anyiehefia ŋu la va eme. Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖia ƒe akpa susɔeawo hã ava eme.

      20 Soviet Union dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me. Ke dziɖuɖu kae nye dziehefia la egbea? Míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia le nyati si kplɔ esia ɖo me.

      ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

      • Nu ɖedzesi etɔ̃ kawoe kpe ɖe mía ŋu míenya “dziehefia” kple “anyiehefia”?

      • Dziɖuɖu vovovo kawoe va nye dziehefia kple anyiehefia tso ƒe 1870 me va de asi na 1991 me?

      • Nu ka tae wòhiã be míanya ŋutinya sia?

      HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

      a Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “dziehefia” kple “anyiehefia” ŋu la kpɔtɔ le eme vam eye míele esia ƒe kpeɖodziwo teƒe kpɔm. Nu kae na míeka ɖe edzi nenema? Eye nu ka tae wòhiã be míase nyagblɔɖi sia gɔme tsitotsito?

      b Le susu sia ta la, edze abe megasɔ be míabu Roma Fiagã Aurelian (270-275 K.Ŋ.) be enye “dziehefia” alo Fianyɔnu Zenobia (267-272 K.Ŋ.) be enye “anyiehefia” o ene. Numeɖeɖe yeye sia va xɔ ɖe numeɖeɖe si dze le agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 13 kple 14 lia me la teƒe.

      c Kpɔ aɖaka si nye “Biblia Me Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa Ŋu.”

      d Le ƒe 1890 me la, Kaiser Wilhelm Evelia xɔ ŋusẽ le Bismarck si.

      e Woƒe nuwɔnawo wɔe be fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuŋusẽ nu va yi kaba. Le kpɔɖeŋu me, wodzudzɔ asikpekpe ɖe fia la ŋu, woʋu go aʋa la ŋuti nya ɣaɣlawo na ame bubuwo, eye wozi fia la dzi wòɖi le zia dzi.

      f Abe ale si Daniel 11:34 gblɔe ene la, dziehefia va dzudzɔ Kristotɔwo yome titi ɣeyiɣi kpui aɖe. Esia dzɔ esime Soviet Dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me.

  • Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | May
    • NUSƆSRƆ̃NYATI 20

      Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?

      “Eƒe nuwuwu ava, eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”—DAN. 11:45.

      HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi

      NYA VEVIAWOa

      1-2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

      KPEÐODZI geɖewo le mía si fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be, míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi la me. Eteƒe madidi o, Yehowa kple Yesu Kristo atsrɔ̃ dziɖuɖu siwo katã tsi tsitre ɖe Fiaɖuƒea ŋu la ɖa. Hafi woatsrɔ̃ wo ɖa la, dziehefia kple anyiehefia ayi woƒe ʋiʋlia dzi eye woanɔ Mawu ƒe amewo yome tim.

      2 Le nyati sia me la, míadzro nyagblɔɖi si dze le Daniel 11:40–12:1 la me. Míava nya dziɖuɖu si nye dziehefia egbea, eye míakpɔ nu si tae míate ŋu aɖe dzi ɖi ahaka ɖe edzi be nu ka kee ɖadzɔ o, Yehowa axɔ na mí.

      DZIEHEFIA YEYE LA

      3-4. Dziɖuɖu kae va nye dziehefia la? Ðe eme.

      3 Esi Soviet Union Dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me la, Mawu ƒe ame siwo le eƒe nutowo me la kpɔ gbɔdzɔe hena ɣeyiɣi aɖe. Daniel ɖɔ woƒe ablɔɖe sia le nyagblɔɖia me be ‘wokpe ɖe wo ŋu vie.’ (Dan. 11:34) Esia wɔe be wokpɔ ablɔɖe te ŋu ɖe gbeƒã, eye eteƒe medidi o, gbeƒãɖela siwo nɔ Soviet Union Kɔmunist-dziɖuɖu si nɔ anyi tsã ƒe ŋusẽ te la dzi ɖe edzi va zu gbeƒãɖela akpe alafa geɖe. Gake ƒe aɖewo megbe la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va nye dziehefia la. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, hafi míagblɔ be dziɖuɖu aɖe nye dziehefia alo anyiehefia la, ele be nu etɔ̃ siawo naɖe dzesi le eŋu: (1) akpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu, (2) aɖee afia to eƒe nuwɔnawo me be elé fu Yehowa kple eƒe amewo, eye (3) anɔ ho ʋlim kple fia kemɛa si nye eƒe futɔ.

      4 De dzesi nu si tae míate ŋu agblɔ be Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia la egbea. (1) Wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tẽe, le mɔ sia nu be, woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye wole nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe alafa geɖe siwo le woƒe nutowo me la yome tim. (2) Woƒe nuwɔna mawo ɖee fia be wolé fu Yehowa kple eƒe amewo. (3) Wole ho ʋlim kple Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa, si nye anyiehefia la. Na míakpɔ nu siwo Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la wɔ kpakple nu si tae esia ɖo kpe edzi be woawoe nye dziehefia la ɖa.

      DZIEHEFIA KPLE ANYIEHEFIA LE WO NƆEWO TUTUM

      5. Ɣeyiɣi ka ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa si dze le Daniel 11:40-43 la ku ɖo, eye nu kae yi edzi le ɣeyiɣi ma me?

      5 Xlẽ Daniel 11:40-43. Nyagblɔɖia ƒe akpa sia na míekpɔ nu siwo ayi edzi le nuwuɣia me. Akpa sia he susu yi ʋiʋli si anɔ dziehefia kple anyiehefia dome la dzi. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, le nuwuɣia la, anyiehefia kple dziehefia anɔ wo nɔewo “tutum.”—Daniel 11:40.

      6. Nu kawoe ɖo kpe edzi be fia eveawo le wo nɔewo tutum?

      6 Dziehefia kple anyiehefia kpɔtɔ le ho ʋlim kple wo nɔewo, elabe wo dometɔ ɖe sia ɖe di be yeanye dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ wu le xexea me. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe esime dziehefia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la kpɔ ŋusẽ ɖe Europa ƒe akpa gãtɔ dzi la ŋu kpɔ. Dziehefia ƒe nuwɔnawo ƒoe ɖe anyiehefia nu wòva wɔ ɖeka kple dukɔ bubuwo eye woƒo woƒe asrafohawo nu ƒu tsɔ ɖo habɔbɔ si woyɔna be Dziehe Atlantik Nubabla Habɔbɔ (NATO alo OTAN) anyi. Azɔ hã, dziehefia kple anyiehefia zãa ga gbogbowo tsɔ dze agbagba be yewoana yewoƒe asrafoha nanye esi kpɔ ŋusẽ wu le xexea me. Gakpe ɖe eŋu la, dziehefia kple anyiehefia wɔ aʋa kple wo nɔewo le mɔ sia nu be, wokpe asi ɖe dukɔ siwo lé fu woƒe futɔa ŋu le aʋa vovovo siwo yi edzi le Afrika, Asia, kple Latin Amerika la me. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va xɔ ŋkɔ le xexea me godoo. Azɔ hã, wozã kɔmpiutawo tsɔ le aʋa wɔm kple wo nɔewo. Dziehefia tsɔ nya ɖe anyiehefia ŋu be ele kɔmpiutadziɖoɖo vɔ̃ɖiwo zãm tsɔ le agbagba dzem be yeatɔtɔ yeƒe gaŋutiɖoɖowo kple dunyaheɖoɖowo me, eye nya mawo kee anyiehefia hã tsɔ ɖe dziehefia ŋu. Eye abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, dziehefia la yi edzi le Mawu ƒe amewo dzi dzem.—Dan. 11:41.

      DZIEHEFIA LA VA “ATSYƆ̃NYIGBA” LA DZI

      7. Nu kae nye “Atsyɔ̃nyigba la”?

      7 Daniel 11:41 gblɔ be dziehefia ava “Atsyɔ̃nyigba la” dzi. Nu kae nye “Atsyɔ̃nyigba la”? Le blema la, wobua Israel-nyigba la be enye “anyigba si nya kpɔ wu anyigbawo katã.” (Eze. 20:6) Gake nu si na anyigba ma le etɔxɛ ye nye be, afi mae amewo subɔa Yehowa le. Tso ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, “Atsyɔ̃nyigba la” meganye anyigba ɖeka aɖe, alo dukɔ aɖe ƒe anyigba o; eye mate ŋu anɔ alea hã o, elabena Yehowa ƒe amewo le afi sia afi le xexea me godoo. Ke boŋ, egbea, “Atsyɔ̃nyigba la” ye nye Yehowa ƒe amewo ƒe nɔƒe, alo woƒe dɔwɔnawo, eye esia ƒe akpa aɖewoe nye ale si wosubɔa Yehowa to kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖe nya nyuia me.

      8. Mɔ ka nue dziehefia la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le?

      8 Le ŋkeke mamlɛawo me la, dziehefia la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi zi gbɔ zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime Nazi Germany nye dziehefia la, eva “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le mɔ sia nu be, eti Mawu ƒe amewo yome hewu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã, vevietɔ, esime xexemeʋa evelia nɔ edzi yim. Le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe, esime Soviet Union Dziɖuɖua va nye dziehefia la, eva “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le mɔ sia nu be, eti Mawu ƒe amewo yome heɖe aboyo wo yi Siberia.

      9. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, mɔ ka nue Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le?

      9 Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la hã va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi. Le mɔ ka nu? Le ƒe 2017 me la, Russia, si nye dziehefia yeye la, xe mɔ ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe dɔa nu eye wòlé nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo de gaxɔ me. Exe mɔ ɖe míaƒe agbalẽwo hã nu; eye exe mɔ ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia hã nu. Gakpe ɖe eŋu la, exɔ míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia kple Fiaɖuƒe Akpatawo kpakple Takpexɔwo hã. Le eƒe nuwɔna siawo megbe la, Dɔdzikpɔhaa va de dzesii le ƒe 2018 me be, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia yeyea. Ke hã, ne dziɖuɖu aɖe le Yehowa ƒe amewo yome tim gɔ̃ hã la, Yehowa ƒe amewo medzea agbagba be yewoaɖe dziɖuɖu ma ɖa loo alo yewoatsi tsitre ɖe eŋu o. Nu si wowɔna boŋue nye be, wowɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be woado gbe ɖa ɖe “ame siwo katã le ŋusẽnɔƒewo” ta la dzi, vevietɔ, ne wole nyametsotso siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi la wɔm.—1 Tim. 2:1, 2.

      ÐE DZIEHEFIA LA ATSRƆ̃ ANYIEHEFIA LA?

      10. Ðe dziehefia la atsrɔ̃ anyiehefia la? Ðe eme.

      10 Dziehefia ƒe nuwɔnawo koŋ ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa si dze le Daniel 11:40-45 la ku ɖo. Ðe esia fia be dziehefia ava tsrɔ̃ anyiehefia la? Ao. Anyiehefia la akpɔtɔ ‘anɔ agbe,’ si fia be, akpɔtɔ anɔ anyi va de asi na esime Yehowa kple Yesu atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã le Armagedon-ʋa la me. (Nyaɖ. 19:20) Nu ka tae míeka ɖe edzi nenema? Bu nu siwo nyagblɔɖi siwo dze le Daniel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me la ɖe fia ŋu kpɔ.

      Kpe aɖe si tso to aɖe dzi la va gbã legba gã aɖe si wotsɔ ga wɔe la ƒe afɔbayawo.

      Le Armagedon me la, Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo atsrɔ̃ Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la eye woaxɔ na Mawu ƒe amewo (Kpɔ memama 11 lia)

      11. Nu kae nyagblɔɖi si dze le Daniel 2:43-45 la fia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

      11 Xlẽ Daniel 2:43-45. Nyagblɔɖila Daniel ƒo nu tso amegbetɔ ƒe dziɖuɖu vovovo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi la ŋu. Eɖɔ dziɖuɖu mawo be wonye legba gã aɖe si wotsɔ ga vovovowo wɔe la ƒe akpa vovovoawo. Dziɖuɖu siawo ɖu dzi le ɣeyiɣi vovovowo me. Legbaa ƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu tsaka. Wole tsitre ɖi na xexemeŋusẽ mamlɛtɔa, si nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Nyagblɔɖia fia be Britain kple Amerika akpɔtɔ anɔ dzi ɖum esime Mawu Fiaɖuƒea ava tsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã.

      12. Dziɖuɖu kae lã wɔadã la ƒe ta adrelia le tsitre ɖi na, eye nu ka tae wòle vevie be míanya esia?

      12 Apostolo Yohanes hã ƒo nu tso dziɖuɖu vovovo siwo kpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi la ŋu. Yohanes ɖɔ dziɖuɖu siawo be wole abe lã wɔadã aɖe si ta adre li na la ene. Lã wɔadã ma ƒe ta adrelia le tsitre ɖi na Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. Nya sia le vevie, elabena nyagblɔɖia megblɔ be lã la gato ta bubu kpe ɖe eƒe tawo ŋu o. Lã sia ƒe ta adrelia, si nye xexemeŋusẽ mamlɛtɔa, akpɔtɔ anɔ dzi ɖum esime Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo ava tsrɔ̃e kple lã bliboa, si le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu susɔeawo katã.b—Nyaɖ. 13:1, 2; 17:13, 14.

      NU KAE DZIEHEFIA LA AWƆ KPUIE?

      13-14. Nu kae “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” la le tsitre ɖi na, eye anɔ eme be nu kae ana wòado dziku ɖe Mawu ƒe amewo ŋu?

      13 Nyagblɔɖi aɖe si Ezekiel ŋlɔ ɖi la na míede dzesi nu siwo ate ŋu adzɔ hafi woava tsrɔ̃ dziehefia kple anyiehefia la. Edze abe nyagblɔɖi siwo dze le Ezekiel 38:10-23; Daniel 2:43-45; 11:44–12:1; kple Nyaɖeɖefia 16:13-16, 21 la ku ɖe nu siwo adzɔ le ɣeyiɣi ɖeka aɖe me ŋu ene. Ne nenemae la, nu si míesusu be ava dzɔ ye nye esi.

      14 Ne xaxa gãa dze egɔme la, ɣeyiɣi aɖe megbe la, “anyigba blibo la dzi fiawo” aƒo ƒu awɔ ɖeka. (Nyaɖ. 16:13, 14; 19:19) Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo mae Ŋɔŋlɔawo yɔ be “Gog, si tso Magog-nyigba dzi.” (Eze. 38:2) Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo ma adze Mawu ƒe amewo dzi ahadze agbagba be yewoatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Nu kae ana be woadze Mawu ƒe amewo dzi? Esi apostolo Yohanes nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi sia ŋu la, ekpɔe be kpetsi siwo ƒe lolome wɔ nuku ŋutɔ la dza ɖe Mawu ƒe futɔwo dzi. Kpetsi ma ate ŋu anɔ tsitre ɖi na ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe si Yehowa ƒe amewo aɖe gbeƒãe. Anɔ eme be gbedeasi sia ye ana dzi naku Gog si tso Magog la wòadze Mawu ƒe amewo dzi kple susu be yeatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi.—Nyaɖ. 16:21.

      15-16. (a) Nudzɔdzɔ kawo ŋue nya siwo dze le Daniel 11:44, 45 ate ŋu aku ɖo? (b) Nu kae adzɔ ɖe dziehefia kple dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si nye Gog si tso Magog la ƒe akpa susɔea dzi?

      15 Ate ŋu anɔ eme be gbedeasi sesẽ ma kpakple ale si Mawu ƒe futɔwo ava dze eƒe amewo dzi zi mamlɛtɔ la ke ŋue nya siwo dze le Daniel 11:44, 45 la ku ɖo. (Xlẽe.) Daniel gblɔ le kpukpui siawo me be dziehefia “ase nya tso ɣedzeƒe kple dziehe” wòaɖe fu nɛ eye wòaho kple “dziku gã” aɖe. Dziehefia ɖoe be ‘yeatsrɔ̃ ame geɖewo.’ Edze abe “ame geɖewo” si Daniel wɔnɛ lae nye Yehowa ƒe amewo ene.c Eye edze abe tame si dukɔwo aɖo be yewoatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa keŋkeŋ la ŋue Daniel nɔ nu ƒom tsoe le afi sia ene.

      16 Ne dziehefia la kple dziɖuɖu bubuawo va dze Mawu ƒe amewo dzi la, esia ana Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nado dziku vevie eye Armagedon-ʋa la adze egɔme. (Nyaɖ. 16:14, 16) Ɣemaɣi la, woatsrɔ̃ dziehefia la, kpakple dukɔ bubuawo katã, siwo ƒo ƒu nye Gog si tso Magog la gbidii, eye “ame aɖeke maxɔ nɛ o.”—Dan. 11:45.

      Yesu le sɔ ɣi aɖe dom eye wòvu eƒe da me be yeadae. Mawudɔla bubuwo hã le sɔ ɣiwo dom eye wolé yi ɖe asi.

      Le Armagedon me la, Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo atsrɔ̃ Satana kple eƒe xexe vɔ̃ɖi la eye woaxɔ na Mawu ƒe amewo (Kpɔ memama 17 lia)

      17. Ame kae nye Mikael, “amegã” si ŋu Daniel 12:1 ƒo nu tso, eye nu kae wòwɔ?

      17 Le nya mawo megbe teti la, Daniel ƒo nu tso nyatakaka siwo ku ɖe ale si woatsrɔ̃ dziehefia la kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii kpakple ale si woaxɔ na mí la ŋu tsitotsito. (Xlẽ Daniel 12:1.) Nu kae nya siwo dze le Daniel 12:1 la fia? Kristo Yesu, míaƒe Fia si le dzi ɖum la ƒe ŋkɔ bubue nye Mikael. Yesu “do” le Mawu ƒe amewo ta tso keke ƒe 1914 me ke esime Mawu ɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo. Le etsɔme kpuie la, Kristo Yesu “atso,” si fia be, atsrɔ̃ eƒe futɔwo le Armagedon-ʋaa me. Aʋa mae anye nu mamlɛtɔ si adzɔ le ɣeyiɣi si Daniel yɔ be “xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ tso esime dukɔwo li va se ɖe ɣemaɣi o” la me. Woyɔ ɣeyiɣi si do ŋgɔ na aʋa sia la le Yohanes ƒe nyagblɔɖi si dze le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be “xaxa gã.”—Nyaɖ. 6:2; 7:14.

      ÐE ‘WOAŊLƆ WÒ ŊKƆ ÐE AGBALẼ LA MEA’?

      18. Nu ka kee ɖadzɔ le etsɔme o, nu ka tae míate ŋu aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ?

      18 Daniel kple Yohanes siaa gblɔ be Yehowa kple Yesu axɔ na woƒe amewo le xaxa gã la me. Eya ta, nu ka kee ɖadzɔ o, míate ŋu aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ. Daniel gblɔ be ‘woaŋlɔ’ ame siwo atsi agbe la ƒe ŋkɔwo “ɖe agbalẽ la me.” (Dan. 12:1) Nu kae míate ŋu awɔ be woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ ma me? Ele be míaɖee fia kɔtɛ be míexɔ Yesu, Mawu ƒe Alẽvi la, dzi se. (Yoh. 1:29) Ehiã be míatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu ahaxɔ nyɔnyrɔ. (1 Pet. 3:21) Eye ele be míaɖee afia be míele Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Míate ŋu awɔ esia ne míele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

      19. Nu kae wòle be míawɔ fifia, eye nu ka tae?

      19 Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míagaka ɖe Yehowa kple eƒe habɔbɔ si me tɔwo wɔa nuteƒe nɛ la dzi geɖe wu. Fifiae wòle be míakpe asi ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Ne míewɔe alea la, woaxɔ mí ɖe agbe ne Mawu Fiaɖuƒea va tsrɔ̃ dziehefia la kple anyiehefia la.

      ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

      • Dziɖuɖu kae nye “dziehefia” la egbea?

      • Gɔmesese ka nue dziehefia la va “Atsyɔ̃nyigba la” dzi le?

      • Nu kae ava dzɔ ɖe dziehefia la kple anyiehefia la dzi?

      HADZIDZI 149 Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha

      a Dziɖuɖu kae nye “dziehefia” la egbea, eye aleke wole etsrɔ̃ ge? Ne míenya biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo la, woate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye esia akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi na dodokpɔ siwo ava mía dzi kpuie.

      b Ne èdi numedzodzro tsitotsito ku ɖe Daniel 2:36-45 kple Nyaɖeɖefia 13:1, 2 ŋu la, kpɔ June 15, 2012, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 7-19.

      c Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le May 15, 2015, ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 27-28.

  • Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020 | May
    • Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La

      Nyagblɔɖi siwo ŋu míeƒo nu tso le nyatakakaɖakaa me la dometɔ aɖewo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me ŋu. Woɖo kpe edzi le mɔ geɖewo nu be míele “nuwuɣi la” me.—Dan. 12:4.

      Nyatakakaɖaka si me nyagblɔɖiwo kple dziehefia kpakple anyiehefia vovovo siwo nɔ anyi tso ƒe 1870 me va de asi na egbea la dze le.
      • Aɖakaa ƒe akpa 1 ɖe nyagblɔɖi siwo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me le nuwuɣia me, kple tso ƒe 1870 va ɖo ƒe 1918 me ŋu la fia. Nudzɔdzɔwo ɖee fia be nuwuɣi la dze egɔme tso ƒe 1914 me. Nyagblɔɖi 1: Lã wɔadã si ta adre li na la do tso keke blema ke, do ŋgɔ na ƒe siwo dze le aɖakaa me. Esime Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, wode abi lã la ƒe ta adrelia ŋu. Tso ƒe 1917 me la, ta adrelia ƒe abia ku nɛ, eye ŋusẽ gaɖo lã wɔadã la ŋu. Nyagblɔɖi 2 Lia: Dziehefia la kple anyiehefia la va ɖe dzesi le ƒe 1870 me. Germany ye va nye dziehefia la le ƒe 1871 me. Gbã la, Great Britain ye nye anyiehefia la, gake le ƒe 1917 me la, Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ye va xɔ ɖe eteƒe. Nyagblɔɖi 3 Lia: Tso ƒe 1870 me la, Charles T. Russell kple eƒe zɔhɛwoe nye ‘dɔla’ la. Le ƒe 1880-awo ƒe gɔmedzedze la, wode dzi ƒo na ame siwo xlẽa ‘Zion’s Watch Tower’ magazinea be woaɖe gbeƒã nya nyuia. Nyagblɔɖi 4 Lia: Nuŋeɣi la dze egɔme tso ƒe 1914 me. Woho gbe vɔ̃ɖiawo ɖa le luawo dome. Nyagblɔɖi 5 Lia: Tso ƒe 1917 me la, míeva nya nu siwo afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu la le tsitre ɖi na. Nu bubu siwo ŋu nyagblɔɖia ku ɖo: Nu vovovo siwo dzɔ le xexea me tso ƒe 1914 me va ɖo 1918 me, kple Xexemeʋa Gbãtɔ hã. Eku ɖe nu siwo dzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi hã ŋu: Tso ƒe 1914 va ɖo ƒe 1918 me la, wolé Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ Britain kple Germany la de gaxɔ me. Le ƒe 1918 me la, wolé nɔviŋutsu siwo nɔ dɔa dzi kpɔm le míaƒe dɔwɔƒegã la de gaxɔ me.
        Nyagblɔɖi 1.

        Ŋɔŋlɔawo Nyaɖ. 11:7; 12:13, 17; 13:1-8, 12

        Nyagblɔɖia “Lã wɔadã la” ɖu anyigbadzinɔlawo dzi ƒe akpe geɖe. Le nuwuɣia me la, wode kubi eƒe ta adrelia ŋu. Emegbe, abia ku nɛ eye “anyigbadzinɔlawo katã” dze lã la yome. Satana zã lã ma tsɔ ‘wɔ aʋa kple nyɔnua ƒe dzidzimevi susɔeawo.’

        Emevava Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, dziɖuɖu siwo lé fu Yehowa ƒe amewo la ɖu dukɔwo dzi. Ƒe alafa geɖe megbe esime Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, Britain Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ yi to vevie. Gake ŋusẽ gaɖo eŋu esi Amerika va wɔ ɖeka kplii. Le nuwuɣia koŋ me la, Satana le dziɖuɖu siwo katã le anyigba dzi la zãm tsɔ le Mawu ƒe amewo yome tim.

      • Nyagblɔɖi 2.

        Ŋɔŋlɔawo Dan. 11:25-45

        Nyagblɔɖia Ʋiʋli si le edzi yim le dziehefia kple anyiehefia dome le nuwuɣia me.

        Emevava Germany wɔ aʋa kple Britain kpakple Amerika. Le ƒe 1945 me la, Soviet Union Dziɖuɖua kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va zu dziehefia la. Le ƒe 1991 me la, Soviet Union Dziɖuɖua mu, eye ɣeyiɣi aɖe megbe la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va zu dziehefia.

      • Nyagblɔɖi 3.

        Ŋɔŋlɔawo Yes. 61:1; Mal. 3:1, etenuŋɔŋlɔ; Luka 4:18

        Nyagblɔɖia Yehowa dɔ eƒe “dɔla” ɖa be “wòadzra mɔ dzi ɖo” na Mesia Fiaɖuƒea. “Dɔla” la te ‘nya nyuia gbɔgblɔ na ame fafawo.’

        Emevava Tso ƒe 1870 me la, C. T. Russell kple eƒe zɔhɛwo srɔ̃ Biblia veviedodotɔe be yewoake ɖe nu si tututu Biblia fia la ŋu. Le ƒe 1881 me la, wova de dzesii be ele vevie ŋutɔ be Mawu subɔlawo naɖe gbeƒã. Wota nyati siwo ƒe tanyae nye “Míehiã Gbeƒãɖela 1,000” kple “Wosi Ami Na Wo Be Woaɖe Gbeƒã.”

      • Nyagblɔɖi 4.

        Ŋɔŋlɔawo Mat. 13:24-30, 36-43

        Nyagblɔɖia Ame aɖe wu nuku nyuiwo ɖe eƒe agble me. Eyome, futɔ aɖe va wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe agblea me. Gbe vɔ̃ɖiawo tsi va tsyɔ luawo dzi. Le nuŋeɣia la, woho gbe vɔ̃ɖiawo ɖa le luawo dome.

        Emevava Tso ƒe 1870 me la, vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome la va nɔ dzedzem ƒãa. Le nuwuɣia me la, woƒo Kristotɔ vavãwo nu ƒu ɖe hamewo me eye woɖe wo ɖe vovo tso aʋatso Kristotɔwo gbɔ.

      • Nyagblɔɖi 5.

        Ŋɔŋlɔawo Dan. 2:31-33, 41-43

        Nyagblɔɖia Legba aɖe si wotsɔ ga vovovowo wɔe, si ƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu.

        Emevava Tsu la le tsitre ɖi na dukɔmevi siwo dzi Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ɖu, siwo dze aglã ɖe eŋu. Le ame siawo ta la, xexemeŋusẽ sia metea ŋu wɔa eƒe gayibɔŋusẽa ŋu dɔ bliboe o.

      • Aɖakaa ƒe akpa 2 lia ɖe nyagblɔɖi siwo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me le nuwuɣia me, kple tso ƒe 1919 va ɖo ƒe 1945 me ŋu la fia. Wode dzesi Germany be eyae nye dziehefia la va de asi na ƒe 1945 me. Wode dzesi Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa be eyae nye anyiehefia la. Nyagblɔɖi 6 Lia: Le ƒe 1919 me la, woƒo Kristotɔ amesiaminawo nu ƒu ɖe hame si ŋu wokɔ la me. Tso ƒe 1919 me la, wotsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nyagblɔɖi 7 Lia: Le ƒe 1920 me la, woɖo Dukɔwo Ƒe Nubablaa anyi, eye enɔ anyi va se ɖe Xexemeʋa Evelia ƒe gɔmedzedze. Nu bubu siwo ŋu nyagblɔɖia ku ɖo: Nyagblɔɖi 1, lã wɔadã si ta adre li na, egakpɔtɔ nɔ anyi. Nyagblɔɖi 5 lia, afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu la, wogakpɔtɔ nɔ anyi. Nu vovovo siwo dzɔ le xexea me tso ƒe 1939 va ɖo ƒe 1945 me, kple Xexemeʋa Evelia. Eku ɖe nu siwo dzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi hã ŋu: Tso ƒe 1933 me va ɖo ƒe 1945 me la, Germany ƒe dziɖuɖua lé Ðasefo siwo wu 11,000 de gaxɔ me. Tso ƒe 1939 me va ɖo ƒe 1945 me la, Britain ƒe dziɖuɖua lé Ðasefo 1,600 kloe de gaxɔ me. Tso ƒe 1940 me va ɖo ƒe 1944 me la, nu vlo wɔhawo dze Ðasefowo dzi zi gbɔ zi 2,500 kple edzivɔwo le Amerika.
        Nyagblɔɖi 6.

        Ŋɔŋlɔawo Mat. 13:30; 24:14, 45; 28:19, 20

        Nyagblɔɖia Woƒo ‘luawo’ nu ƒu ɖe “nudzraɖoƒe” la, eye woɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la Aƒetɔ la ƒe “aƒemesubɔviwo” nu. Tso ɣemaɣi la, wodze gbeƒãɖeɖe “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui,” si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒãe “le anyigba blibo la katã dzi” la gɔme.

        Emevava Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla la Mawu ƒe amewo nu. Tso ɣemaɣi la, Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie wu tsã. Egbea, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le dukɔ siwo wu 200 me, eye woɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple videowo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 1,000 kple edzivɔwo me.

      • Nyagblɔɖi 7.

        Ŋɔŋlɔawo Dan. 12:11; Nyaɖ. 13:11, 14, 15

        Nyagblɔɖia Lã wɔadã aɖe si to dzo eve la xɔ ŋgɔ wowɔ ‘legba aɖe ɖe lã wɔadã la ƒe nɔnɔme me,’ eye wòtsɔ “gbɔgbɔ na lã la ƒe legba” la.

        Emevava Britain kple Amerika woxɔ ŋgɔ woɖo Dukɔwo Ƒe Nubabla la anyi. Eye dukɔ bubuwo hã va wɔ ɖeka kpli wo. Mlɔeba la, dziehefia la hã va ge ɖe Nubabla la me—gake tso ƒe 1926 va ɖo ƒe 1933 me koe wònɔ Nubabla la me. Wotsɔ kafukafu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko dze na la na Nubabla la, abe ale si wole ewɔm na Dukɔ Ƒoƒuawo, si va xɔ ɖe eteƒe la ene.

      • Aɖakaa ƒe akpa 3 lia ɖe nyagblɔɖi siwo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me le nuwuɣia me, kple tso ƒe 1945 me va ɖo ƒe 1991 me ŋu la fia. Eɖe dzesi be Soviet Union kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia la va de asi na ƒe 1991 me, eye emegbe la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae va nye dziehefia la. Eɖe dzesi be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ye nye anyiehefia la. Nyagblɔɖi 8 Lia: Dzudzɔ si bla kɔtɔɔ tso atɔmikbɔmb ƒe wòwoa me la nye ale si gbegbe Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa gblẽ nui la ƒe dzesi. Nyagblɔɖi 9 Lia: Woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi le ƒe 1945 me wòva xɔ ɖe Dukɔwo Ƒe Nubablaa teƒe. Nu bubu siwo ŋu nyagblɔɖia ku ɖo: Nyagblɔɖi 1, lã wɔadã si ta adre li na, egakpɔtɔ nɔ anyi. Nyagblɔɖi 5 lia, afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu, wogakpɔtɔ nɔ anyi. Nyagblɔɖi 6 lia, le ƒe 1945 me la, gbeƒãɖelawo wu ame 156,000. Le ƒe 1991 me la, gbeƒãɖelawo wu ame 4,278,000. Eku ɖe nu siwo dzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi hã ŋu: Le Soviet Union dukɔa me la, woɖe aboyo Ðasefo akpe geɖe yi Siberia tso ƒe 1945 va ɖo ƒe 1950-awo me.
        Nyagblɔɖi 8.

        Ŋɔŋlɔawo Dan. 8:23, 24

        Nyagblɔɖia Fia vlo aɖe ‘gblẽ nu eteƒe mekɔ o.’

        Emevava Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa wu ame gbogbowo eye wòtsrɔ̃ nu geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim la, Amerika gblẽ nu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe esime wòda atɔmikbɔmb eve ɖe dukɔ aɖe si nye Britain kple Amerika ƒe futɔ la dzi.

      • Nyagblɔɖi 9.

        Ŋɔŋlɔawo Dan. 11:31; Nyaɖ. 17:3, 7-11, 16

        Nyagblɔɖia “Lã dzẽ” aɖe do tso aʋli me eye eyae nye fia enyilia. Eƒe dzo ewoawo tsrɔ̃ “gbolo la,” eye eyome, wotsrɔ̃ lã la ŋutɔ hã. Daniel ƒe agbalẽa gblɔ tso fia sia ŋu be enye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ.”

        Emevava Dukɔwo Ƒe Nubabla la nu yi le Xexemeʋa Evelia me. Le aʋa sia megbe la, ‘woɖo’ Dukɔ Ƒoƒuawo “anyi.” Wotsɔ kafukafu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko dze na la na Dukɔ Ƒoƒuawo, abe ale si wowɔe na Dukɔwo Ƒe Nubabla si do ŋgɔ nɛ la ene. Dukɔ Ƒoƒuawo adze subɔsubɔhawo dzi.

      • Aɖakaa ƒe akpa 4 lia ɖe nyagblɔɖi siwo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me le nuwuɣia me, kple tso fifia va se ɖe Armagedon me ŋu la fia. Eɖe dzesi be Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii lae nye dziehefia la. Eɖe dzesi be Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ye nye anyiehefia la. Nyagblɔɖi 10 Lia: Xexemedziɖulawo ɖe gbeƒãe be ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ li.’ Eyome, xaxa gãa dze egɔme. Nyagblɔɖi 11 Lia: Dukɔwo dze alakpasubɔsubɔhawo dzi. Nyagblɔɖi 12 Lia: Xexemedziɖuɖuwo dze Mawu ƒe amewo dzi. Woƒo amesiamina susɔeawo nu ƒu ɖe dziƒo. Nyagblɔɖi 13 Lia: Armagedon-ʋa la. Ame si nɔ sɔ ɣi dzi la wu eƒe aʋadziɖuɖu nu. Wotsrɔ̃ lã wɔadã si ta adre li na; wogba legba gã la ƒe afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu la. Nu bubu siwo ŋu nyagblɔɖia ku ɖo: Nyagblɔɖi 1, lã wɔadã si ta adre li na, anɔ anyi va se ɖe Armagedon me. Nyagblɔɖi 5 lia, afɔbaya siwo nye gayibɔ kple tsu, woanɔ anyi va se ɖe Armagedon me. Nyagblɔɖi 6 lia, gbeƒãɖela siwo wu 8,580,000 ye li egbea. Eku ɖe nu siwo dzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi hã ŋu: Le ƒe 2017 me la, Russia dziɖuɖumegãwo de Ðasefowo gaxɔ me eye woxɔ míaƒe alɔdzedɔwɔƒea.
        Nyagblɔɖi 10 and 11.

        Ŋɔŋlɔawo 1 Tes. 5:3; Nyaɖ. 17:16

        Nyagblɔɖia Dukɔwo ɖe gbeƒãe be ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ li,’ eye ‘dzo ewoawo’ kple “lã wɔadã la” dze “gbolo la” dzi. Eyome, wotsrɔ̃ dukɔwo.

        Emevava Dukɔwo agblɔ be yewote ŋu na ŋutifafa kple dedienɔnɔ va le xexea me. Eyome, dukɔ siwo dea Dukɔ Ƒoƒuawo dzi la atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo. Esia ye anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze. Xaxa gãa awu enu ne Yesu va tsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea le Armagedon me.

      • Nyagblɔɖi 12.

        Ŋɔŋlɔawo Eze. 38:11, 14-17; Mat. 24:31

        Nyagblɔɖia Gog ho ɖe Mawu ƒe amewo ƒe anyigba ŋu. Eyome, mawudɔlawo ƒo “ame tiatiawo” nu ƒu.

        Emevava Dziehefia awɔ ɖeka kple xexemedziɖuɖu susɔeawo eye woadze Mawu ƒe amewo dzi. Ne wodze Mawu ƒe amewo dzi ɣeyiɣi aɖe megbe la, woaƒo amesiamina susɔeawo nu ƒu ɖe dziƒo.

      • Nyagblɔɖi 13.

        Ŋɔŋlɔawo Eze. 38:18-23; Dan. 2:34, 35, 44, 45; Nyaɖ. 6:2; 16:14, 16; 17:14; 19:20

        Nyagblɔɖia “Ame si bɔbɔ nɔ” “sɔ ɣi” aɖe dzi la wu ‘eƒe aʋadziɖuɖu la nu’ esime wòtsrɔ̃ Gog kple eƒe aʋakɔawo. Wotsɔ “lã wɔadã la” ƒu gbe ɖe ‘dzota la me’ eye wogbã legba la gudugudu.

        Emevava Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dzi ɖum la, ava xɔ na Mawu ƒe amewo. Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la kpakple mawudɔlawo ƒe aʋakɔawo katã atsrɔ̃ dukɔ siwo wɔ ɖeka dze Mawu ƒe amewo dzi la kple Satana ƒe dunyahenuɖoanyia katã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe