HADZIDZI 42
Mawusubɔla Ƒe Gbedodoɖa
Tatatɔ
1. Oo mía Fofo, ŋusẽwo katãtɔ;
Na wò ŋkɔ gã ŋu nakɔ yi mavɔ me.
Wò tameɖoɖowo nava ’me.
Ɛ̃, mía Mawu, wò Fiaɖuƒea nava;
Wò Fiaɖuƒe la nava,
Eƒe yayrawo míaxɔ.
2. Oo Yehowa, míeda akpe na wò
’Labe ènaa nu nyuiwo mí gbe sia gbe.
Gbɔwòe kekeli kpl’agbe dzɔ tso.
Wòe na nunya vavãtɔ su mía si;
Wòe na nunya vavã mí.
Akpe míada na wò ɖaa.
3. Fukpekpe kple xaxa yɔ xexea me.
Gake èfaa akɔ na mí gbe sia gbe.
Dziwòe míedro míaƒ’agbawo ɖo.
Do ŋusẽ mí míayi ’dzi ado dzi;
Do ŋusẽ mí míado dzi,
Be wò lɔlɔ̃nu míawɔ.
(Kpɔ Ps. 36:9; 50:14; Yoh. 16:33; Yak. 1:5 hã.)