HADZIDZI 143
Míanɔ Ŋudzɔ, Anɔ Dɔ Dzi, Anɔ Mɔ Kpɔm
Tatatɔ
1. Ŋusẽkatãtɔ Yehowa,
Azãgbewo katã Mawu,
Edze ƒãa be ɣeyiɣia ɖo
Be nàkɔ wò ŋkɔ gã ŋu.
(HAXE)
Mina míanɔ ŋudzɔ, anɔ dɔ dzi;
Míatsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm.
’Tsɔme yayra’o ava kpuie.
2. Ɣeyiɣi ɖoɖia le dedem,
Armagedon-ʋa tu aƒe.
Kristo atsrɔ̃ futɔwo ɖa;
Aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa.
(HAXE)
Mina míanɔ ŋudzɔ, anɔ dɔ dzi;
Míatsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm.
’Tsɔme yayra’o ava kpuie.
3. Nuɖoanyi sia le kudɔ ƒom.
Míaƒe xɔse na míekpɔe be
Yehowa ƒe ŋkekea gogo.
Míaƒe xɔxɔgbe la ɖo.
(HAXE)
Mina míanɔ ŋudzɔ, anɔ dɔ dzi;
Míatsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm.
’Tsɔme yayra’o ava kpuie.
(Kpɔ Mat. 25:13; Luka 12:36 hã.)