INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 July axa 31
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woƒe Xɔse Na Wote Ŋu To Dodokpɔ Sesẽ La Me
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Daniel Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ati Gã La Ŋuti Nya Ɣaɣla La Me Ðeɖe
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Womade Ta Agu O
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 July axa 31

Ènyaa?

Aleke anyikpe siwo ŋu woke ɖo le blema Babilon, kple ale si wowɔ wo ɖo kpe edzi be Biblia me nyawo nye nyateƒe?

TOMENUKULAWO ke ɖe anyikpe meme miliɔn geɖe siwo wotsɔ tu blema Babilon dua ŋu. Le tomenukula Robert Koldewey ƒe nya nua, womea anyikpe siawo le kpodzo siwo le “dua godoa me, afi si anyia nyo le eye ati si woazã atsɔ ado dzoa hã bɔ ɖo.”

Tomenukulawo va kpɔ kpeɖodzia be Babilon dziɖuɖumegãwo zã kpodzo mawo tsɔ wɔ nu tovowo hã. Nufialagã Paul-Alain Beaulieu si le Yunivɛsiti le Toronto, nya nu tso blema Asiria ƒe ŋutinya kple gbegbɔgblɔwo ŋu. Egblɔ be: “Babilon ƒe nuŋɔŋlɔ geɖewo ɖee fia be Fia te ŋu ɖea gbe be woatsɔ ame siwo dze aglã eye womede bubu Babilontɔwo ƒe mawuwo ŋu oa aƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim me ne woafiã.” Le kpɔɖeŋu me, nya aɖe si woŋlɔ le Fia Nebukadnezar ƒe ɣeyiɣia mea gblɔ be: “Tsrɔ̃ wo, fiã wo, me wo, de wo kpodzoa me, na woƒe dzudzɔ nade dzi, tsɔ wo ƒu gbe ɖe kpodzo bibia me ne woaku.”

Esia na míeɖo ŋku Biblia me nudzɔdzɔ si dze le Daniel ta 3 lia me dzi. Le nudzɔdzɔ ma mea, Fia Nebukadnezar li sika legba gã aɖe ɖe Dura-bali me le Babilon dua godo. Esi Hebri ɖekakpui etɔ̃ siwo ŋkɔe nye Sadrak, Mesak, kple Abednego gbe be yewomade ta agu na sikalegba si Nebukadnezar li oa, dzi ku Nebukadnezar vevie eye wòɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzoa me wòaxɔ dzo “zi gbɔ zi adre wu ale si wodonɛ tsã,” eye woatsɔ ŋutsu etɔ̃awo “aƒu gbe ɖe kpodzo si le bibim flaflafla la me.” Mawudɔla sẽŋu aɖe xɔ na wo be womeku o.—Dan. 3:1-6, 19-28.

© The Trustees of the British Museum. Licensed under CC BY-NC-SA 4.0. Source

Anyikpe si dzi woŋlɔ Nebukadnezar ƒe ŋkɔ ɖo

Anyikpe siwo ŋu woke ɖo le Babilon hã ɖo kpe nya si Biblia gblɔ dzi. Woŋlɔ nu ɖe anyikpe siawo dometɔ geɖe dzi tsɔ kafu fia la. Nuŋɔŋlɔ siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nebukadnezar, Babilon Fia . . . Fiasã si nye Fiagãa metu . . . Nye dzidzimeviwo neɖu fia le eme tegbee.” Nya siawo de sɔsɔ ge kple nya siwo dze le Daniel 4:30, afi si Nebukadnezar ƒo adegbe le be: “Ðe menye esiae nye Babilon Gã si metsɔ nye ŋusẽ kple ŋutete tsoe be wòanye fia ƒe aƒe kple nye gãnyenye ƒe bubu oa?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe