INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 27
  • Aleke Yesu Ƒe Kua Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Ðeɖe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Yesu Ƒe Kua Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Ðeɖe?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Tafe La—Mawu ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Kristo Ƒe Tafe Mawu Ƒe Agbexɔxɔmɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yi Edzi Nànɔ Akpe Dam Ðe Tafea Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 27
Nusɔsrɔ̃ 27 lia. Wole Yesu ƒe kukua ɖem ɖa le atia ŋu.

NUSƆSRƆ̃ 27

Aleke Yesu Ƒe Kua Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Ðeɖe?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Nu si gbɔ wòtso be míewɔa nu vɔ̃, míekpea fu, eye míekuna ye nye be, atsu kple asi gbãtɔ siwo nye Adam kple Xawa gbe toɖoɖo Mawu.a Gake mɔkpɔkpɔ li na mí. Yehowa dɔ Via, Yesu Kristo, ɖe anyigba dzi be wòava ku ɖe mía ta, ale be míavo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Biblia na míenya be esi Yesu ku la, eto esia me xe fe ɖe mía ta. Nu kae nye tafe? Tafe nye fe si woxena be woaɖe asi le ame aɖe ŋu. Nu si Yesu tsɔ xe fe ɖe mía tae nye eƒe agbe debliboa. (Xlẽ Mateo 20:28.) Gome nɔ Yesu si be wòanɔ agbe tegbee le anyigba dzi hafi, gake elɔ̃ faa ku ɖe mía ta, ale be nu siwo katã Adam kple Xawa bu na mí la nava su mía si. Azɔ hã, Yesu na míenya ale si gbegbe eya ŋutɔ kple Yehowa siaa lɔ̃ míi. Nusɔsrɔ̃ sia akpe ɖe ŋuwò be nàgakpɔ ŋudzedze ɖe ale si Yesu tsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta la ŋu geɖe wu.

1. Aleke Yesu ƒe kua ɖea vi na mí egbea?

Esi míenye nu vɔ̃ mewo ta la, míewɔa nu geɖe siwo medzea Yehowa ŋu o. Gake ne míese veve ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta tso dzi me eye míedo gbe ɖa na Yehowa le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye míedze agbagba vevie be míagawɔ vodada mawo ake o la, mía kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli. (1 Yohanes 2:1) Biblia gblɔ be: “Kristo ku zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu ɖe nu vɔ̃wo ta, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔwo teƒe, ne wòakplɔ mi ayi Mawu gbɔ.”—1 Petro 3:18.

2. Aleke Yesu ƒe kua aɖe vi na mí le etsɔme?

Yehowa dɔ Yesu wòva tsɔ eƒe agbe debliboa sa vɔe, “be ame sia ame si xɔa [Yesu dzi] sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Le Yesu ƒe vɔsaa ta la, Yehowa ava ɖɔ nu siwo katã Adam ƒe tomaɖomaɖoa gblẽ le eƒe dzidzimeviwo ŋu la ɖo kpuie. Esia fia be, ne míeɖenɛ fiana be míexɔ Yesu ƒe vɔsaa dzi se la, ekema mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi!—Yesaya 65:21-23.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àse nu si tae Yesu tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta la gɔme nyuie. Azɔ hã, àkpɔ ale si eƒe kua aɖe vi na wòe.

3. Yesu ƒe kua naa ablɔɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

VIDEO: Nu Ka Tae Yesu Ku?—Akpa 1 (2:01)

  • Esi Adam gbe toɖoɖo Mawu ta la, mɔnukpɔkpɔ nyui kae ge le esi?

Mixlẽ Romatɔwo 5:12, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu kae Adam ƒe nu vɔ̃a gblẽ le ŋuwò?

Mixlẽ Yohanes 3:16, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae Yehowa dɔ Via ɖe anyigba dzi?

A. Nɔnɔmetataawo: 1. Esi Adam gbe toɖoɖo Mawu vɔ megbe. 2. Amewo kɔ ame kuku aɖe ɖe aɖaka me yina ɖiɖi ge. Nɔnɔmetataawo: A. Esi Adam gbe toɖoɖo Mawu vɔ megbe. B. Yesu Kristo. B. Nɔnɔmetataawo: 1. Yesu Kristo. 2. Ame siwo xɔ ƒe vovovowo, siwo tso dukɔ kple to vovovowo me, eye wonye ame ƒomevi vovovowo.
  1. Adam nye ame deblibo si gbe toɖoɖo Mawu, eye eto esia me kplɔ amegbetɔwo katã de nu vɔ̃ kple ku me

  2. Yesu nye ame deblibo si ɖo to Mawu, eye esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ su amegbetɔwo si be woava de blibo eye woanɔ agbe tegbee

4. Yesu ƒe kua ate ŋu aɖe vi na amewo katã

Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

VIDEO: Nu Ka Tae Yesu Ku?—Akpa 2 Lia (2:00)

  • Aleke ame ɖeka ƒe ku ate ŋu aɖe vi na amewo katã?

Mixlẽ 1 Timoteo 2:5, 6, eye miadzro biabia sia me:

  • Ame debliboe Adam nye, gake esi wòwɔ nu vɔ̃ ta la, esia wɔe be amegbetɔwo katã wɔa nu vɔ̃ eye wokuna. Ame debliboe Yesu hã nye. Nu nyui kawoe do tso Yesu ƒe kua me si ɖee fia be enye “tafe si sɔ ɖe enu”?

5. Yehowa na Via va ku ɖe tawò

Yehowa ƒe xɔlɔ̃wo bua tafea be enye nunana tso egbɔ na yewo. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Galatiatɔwo 2:20. Mixlẽe, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke apostolo Paulo ɖee fia be yebua tafea be enye nunana tso Yehowa gbɔ na ye?

Esi Adam wɔ nu vɔ̃ ta la, esia he ku vɛ na eya ŋutɔ kple eƒe dzidzimeviwo katã. Gake Yehowa dɔ Via wòva ku ale be mɔnukpɔkpɔ nate ŋu asu asiwò be nàva nɔ agbe tegbee.

Ne miele mawunyakpukpui siwo gbɔna xlẽm la, de ŋugble le ale si Yehowa anya se le eɖokui me esi wòkpɔ Via wònɔ fu kpem la ŋu. Mixlẽ Yohanes 19:1-7, 16-18, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu si Yehowa kple Yesu wɔ na wò la ŋu?

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Aleke ame ɖeka ƒe ku ate ŋu aɖe vi na amewo katã?”

  • Ne ame aɖe bia nya sia la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Le Yesu ƒe kua ta la, Yehowa ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye míate ŋu anɔ agbe tegbee.

Numetoto

  • Nu ka tae Yesu ku?

  • Mɔ ka nue Yesu ƒe agbe debliboa nye tafe si sɔ ɖe enu le?

  • Aleke Yesu ƒe kua ate ŋu aɖe vi na wòe?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso nu si tae Biblia gblɔ be Yesu ƒe agbe debliboa nye tafe la ŋu.

“Aleke Yesu Ƒe Vɔsa Nye ‘Tafe Na Ame Geɖewo’?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso nu si míehiã be míakpɔ ɖeɖe la ŋu.

“Yesu Naa Ðeɖe—Le Mɔ Ka Nu?” (Nyati sia le jw.org)

Ðe Yehowa ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã akea?

“Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo” (Gbetakpɔxɔ, May 1, 2013)

Xlẽ nyati sia be nàkpɔ ale si nusɔsrɔ̃ tso Kristo ƒe vɔsaa ŋu kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ.

“Nyemeganye Ŋutasẽnuwɔla O” (Nyati sia le jw.org

a Menye nu gbegblẽ aɖe si ame awɔ la koe nye nu vɔ̃ o. Nu vɔ̃ gafiaa nɔnɔme gbegblẽ si ƒe dome míenyi tso Adam kple Xawa gbɔ, si nana míedina be míawɔ nu si mesɔ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe