Yehowa
Eƒe ŋkɔ
Woɖea ŋkɔ Yehowa gɔme be “Enana Wòvaa Eme”
Nu kae Yehowa va nyena ale be wòate ŋu alé be na esubɔlawo?
Nu ka tae wòle be ame sia ame nanyae be Yehowa le kɔkɔe eye eya koe nye Mawu vavã la?
Nu ka tae wòle be ame sia ame naɖo to Yehowa, Xexea Katã Ƒe Dziɖulagã?
Yehowa ƒe dzesideŋkɔ aɖewo
Aƒetɔ Dziɖulagã—Yes 25:8; Am 3:7
Agakpe la—5Mo 32:4; Yes 26:4
Aʋakɔwo ƒe Yehowa—1Sa 1:11
Bubutɔ Gã la—Heb 1:3; 8:1
Dziƒoʋĩtɔ—1Mo 14:18-22; Ps 7:17
Fia mavɔmavɔtɔ—1Ti 1:17; Nyɖ 15:3
Fofo—Mt 6:9; Yh 5:21
Nufiala Gãtɔ—Yes 30:20
Ŋusẽkatãtɔ—1Mo 17:1; Nyɖ 19:6
Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖewo
Aleke Yehowa te gbe ɖe ale si wòle kɔkɔe dzi, eye nu kae wòle be esia naʋã mí míawɔ?
2Mo 28:36; 3Mo 19:2; 2Ko 7:1; 1Pe 1:13-16
Biblia me kpɔɖeŋu:
Yes 6:1-8—Esi nyagblɔɖila Yesaya kpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le ŋutega me la, ebui be yemedze akpɔe o gake serafi aɖe gblɔ nɛ be amegbetɔ nu vɔ̃ mewo gɔ̃ hã ate ŋu anɔ kɔkɔe le Mawu ŋkume
Ro 6:12-23; 12:1, 2—Apostolo Paulo gblɔ be míate ŋu aɖu míaƒe dzodzro vɔ̃wo dzi eye míati “kɔkɔenyenye” yome
Aleke gbegbee Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔe, eye mɔ kawo nue wòzãa eƒe ŋusẽa le?
2Mo 15:3-6; 2Kr 16:9; Yes 40:22, 25, 26, 28-31
Biblia me kpɔɖeŋu:
5Mo 8:12-18—Nyagblɔɖila Mose ɖo ŋku edzi na dukɔa be Yehowae zã eƒe ŋusẽ tsɔ kpe ɖe wo ŋu wokpɔ nu siwo katã le wo si
1Fi 19:9-14—Yehowa to dzesi aɖewo dzi ɖe eƒe ŋusẽ triakɔ fia Eliya si ƒo dzi ɖe le, eye esia na dzi gaɖo eƒo
Nu kae ɖee fia be Yehowae nye ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la nyuitɔ kekeake?
5Mo 32:4; Hio 34:10; 37:23; Ps 37:28; Yes 33:22
Biblia me kpɔɖeŋu:
5Mo 24:16-22—Yehowa ƒe se siwo wòtsɔ na Mose ɖee fia be enye Mawu lɔ̃ame si kpɔa nublanui eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe
2Kr 19:4-7—Fia Yehosafat ɖo ŋku edzi na ʋɔnudrɔ̃la siwo wòɖo la be womegadrɔ̃ ʋɔnu abe ale si amegbetɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ woasrɔ̃ Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe
Nu kae ɖee fia be Yehowae nye nunyala gãtɔ kekeake?
Ps 104:24; Lod 2:1-8; Yr 10:12; Ro 11:33; 16:27
Kpɔ Ps 139:14; Yr 17:10 hã
Biblia me kpɔɖeŋu:
1Fi 4:29-34—Yehowa yra Fia Salomo wòdze nunya wu amegbetɔ ɖe sia ɖe le eƒe ɣeyiɣia me
Lk 11:31; Yh 7:14-18—Yesu ƒe nunya ƒo Salomo tɔ ta sãsãsã gake ebɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ ɖe edzi be Yehowa gbɔe yeƒe nunyaa tso
Aleke Yehowa ɖee fia be lɔlɔ̃e nye yeƒe nɔnɔme vevitɔ?
Yh 3:16; Ro 8:32; 1Yh 4:8-10, 19
Biblia me kpɔɖeŋu:
Mt 10:29-31—Yesu zã atsutsrɔe tsɔ wɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa lɔ̃ esubɔlawo eye wòdea asixɔxɔ wo ŋu
Mr 1:9-11—Yehowa ƒo nu tso dziƒo gblɔ na Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. Nu siae ɖevi ɖe sia ɖe hiã tso edzila gbɔ
Susu bubu kawo tae míelɔ̃ Yehowa? Biblia na míenya be nɔnɔme nyui geɖewo le Yehowa si, ɖewoe nye esiwo gbɔna:
Ebɔbɔa eɖokui—Ps 18:35
Eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu —Yes 49:15; 63:9; Zak 2:8
Egbɔa dzi ɖi—Yes 30:18; 2Pe 3:9
Ekpɔa nu sia nu—2Kr 16:9; Lod 15:3
Eli tegbee; gɔmedzedze alo nuwuwu meli nɛ o—Ps 90:2; 93:2
Elolo—Ps 8:1; 148:13
Enaa nu faa—Ps 104:13-15; 145:16
Enye Mawu dzidzɔtɔ—1Ti 1:11
Enye Mawu dzɔdzɔetɔ—Ps 7:9
Enye nublanuikpɔla—2Mo 34:6
Enye ŋutikɔkɔe Mawu—Nyɖ 4:1-6
Enyoa dɔme—Lk 6:35; Ro 2:4
Ewɔa nuteƒe—Nyɖ 15:4
Metrɔna o, míate ŋu aka ɖe edzi —Mal 3:6; Yak 1:17
Ŋutifafa yɔe fũu—Flp 4:9
Aleke mía kple Yehowa Mawu dome anɔ ne míeva nyae nyuie?
Ale si míasubɔ Yehowa nyuie
Nu kae ɖee fia be Yehowa mebiaa nu siwo míate ŋu awɔ o la tso mía si o?
Biblia me kpɔɖeŋu:
5Mo 30:11-14—Se si Mawu na Israel-viwo to Mose dzi la dzi wɔwɔ mesesẽ akpa na wo o
Mt 11:28-30—Yesu, ame si ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ la ka ɖe edzi na eyomedzelawo be woakpɔ gbɔdzɔe le ye gbɔ
Nu ka tae wòdze be míakafu Yehowa?
Ps 105:1, 2; Yes 43:10-12, 21
Kpɔ Yr 20:9; Lk 6:45; Dw 4:19, 20 hã
Biblia me kpɔɖeŋu:
Ps 104:1, 2, 10-20, 33, 34—Biblia ŋlɔla aɖe dzi ha tsɔ kafu Yehowa ɖe eƒe nuwɔwɔwo ta
Ps 148:1-14—Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo le anyigba dzi kple mawudɔlawo kafunɛ; ele be míawo hã míakafui
Aleke míate ŋu ato míaƒe agbenɔnɔ dzi ana amewo nakafu Yehowa?
Nu ka tae wòle be míate ɖe Yehowa ŋu?
Nu ka tae wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui hafi ate ɖe Yehowa ŋu?
Nu ka tae Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu le vevie ne míedi be míate ɖe Yehowa ŋu?
Nu ka tae wòle vevie be míawɔ nu siwo Yehowa fia mí la dzi ne míedi be míate ɖe eŋu?
Nu ka tae mele be míaɣla naneke ɖe Yehowa o?
Hio 34:22; Lod 28:13; Yr 23:24; 1Ti 5:24, 25
Biblia me kpɔɖeŋu:
2Fi 5:20-27—Gehazi ɣla nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ, gake Yehowa to nyagblɔɖila Elisa dzi ʋu goe
Dw 5:1-11—Anania kple Safira ɣla nu vɔ̃ aɖe si wowɔ gake Yehowa ʋu go wo eye wòhe to na wo ɖe ale si woka aʋatso na gbɔgbɔ kɔkɔea ta