-
Kuxi si Le Dɔnɔdzikpɔkpɔ MeNyɔ!—1997 | February 8
-
-
Kuxi si Le Dɔnɔdzikpɔkpɔ Me
“MEDINA ɣeaɖewoɣi be masi le enu. Gake ɣemaɣie wòhiã nye kpekpeɖeŋu wu. Metsia yaa ŋutɔ ɣeaɖewoɣi.”—Jeanny, amesi kpɔ srɔ̃a si xɔ ƒe 29 dzi ɣleti 18 hafi ahɔhɔ̃ me nutete aɖe wui.a
“Danye ƒe nu vea dɔme nam ɣeaɖewoɣi, ke emegbe medoa dziku ɖe ɖokuinye ŋu. Ne nyemete ŋu kpɔ nɔnɔmea gbɔ nyuie o la, metsɔnɛ be ɖe medo kpo nu.”—Rose si xɔ ƒe 59 eye wòkpɔ dadaa nyagãɖeɖi si xɔ ƒe 90 hetsi aba dzi la dzi.
Ne wose be dɔléle sesẽ alo dɔlémadɛ aɖe dze ame dzi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tɔtɔna. Jeanne Munn Bracken gblɔ ɖe Children With Cancer me be: “Ne wokpɔ dɔlélea ko la, ƒometɔ ɖesiaɖe tsia yaa. Ðewohĩ womenya ame bubu aɖeke si hã dzi nya sia dzɔ ɖo o.” Azɔ zi geɖe la, “woluluna eye womexɔnɛ sena o,” abe alesi wòdzɔ ɖe Elsa dzi ene esi wòse be dɔdzẽ lé exɔlɔ̃ vevi Betty si xɔ ƒe 36. Sue ƒe dɔme “tsra vevie” esi wòva nya be dɔdzẽ ye nɔ ye fofo wum.
Ðewohĩ vlavo ko ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo akpɔe be ele be yewoazu dɔnɔgbɔnɔlawo—yewoakpɔ dɔnɔa ƒe ŋutilã kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Ðewohĩ ahiã be woaɖa nuɖuɖu nyuiwo, woakpɔ egbɔ be ezã atikeawo, woawɔ ɖoɖo ɖe ekɔkɔ yi kɔdzi ŋu, axɔ amesiwo vaa dɔnɔa gbɔ, woaŋlɔ dɔnɔa ƒe lɛtawo, kple nu gbogbo bubu geɖewo. Zi geɖe la, esiawo katã va kpena ɖe dɔ gbogbo siwo li xoxo la ŋu.
Gake ne dɔlélea le sesẽm ɖe edzi la, nenemae dzikpɔkpɔdɔa hã sesẽnae. Nukawoe esia ate ŋu abia? Elsa si xɔlɔ̃ Betty tsi aba dzi la gblɔ be: “Nusianu! Tsilele kple nuɖuɖu dodo nɛ, egbɔkpɔkpɔ ne eɖe xe, eƒe aɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe.” Kathy nɔa dɔ me ŋkeke bliboa katã, gake ele be wòakpɔ dada si dze dɔ hã dzi. Sue si míeyɔ do ŋgɔ gblɔ be “medzidzea [fofonye ƒe] lãmedzoxɔxɔ aɖabaƒoƒo blaetɔ̃ ɖesiaɖe heŋlɔnɛ dana ɖi, metsɔa tsi tutua ŋuti nɛ ne eƒe lãme xɔ dzo, eye meɖɔa li eƒe awu kple abadzivɔ gaƒoƒo ʋee ɖesiaɖe.”
Ne amesiwo le dɔnɔa dzi kpɔm li nyuie la, nenemae woalé be nɛ nyuie. Gake zi geɖe la, womeléa ŋku ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ƒe seselelãmewo kple nuhiahiãwo ŋu o. Ne dɔnɔa dzi kpɔkpɔ naa dzime kple abɔ vea ame ɣesiaɣi la, ke asesẽ ŋutɔ. Gake abe alesi dɔnɔdzikpɔla akpa gãtɔ aɖo kpe edzii ene la, seselelãme gome koŋ ye wokpea fu le.
“Ena Ŋu Kpem Ŋutɔ”
The Journals of Gerontology gblɔ be: “Wokpɔnɛ le numekukuwo me enuenu alesi [dɔnɔ ƒe] amenuɖiaɖia kple amedzudzu vea amee.” Le kpɔɖeŋu me, Gillian gblɔ nusi dzɔ esi exɔlɔ̃ aɖe gblɔ nɛ le Kristotɔwo ƒe kpekpe me be yeava do gbe na dadaa tsitsia. Gillian gblɔ nublanuitɔe be: “Ðeko Danye kpɔe dũ meke nu o. Ena ŋu kpem ŋutɔ eye avi ʋẽ ɖem.”
Joan si srɔ̃ ƒe tagbɔ gblẽ la gblɔ be: “Eteƒe menya kpɔna kura o.” Eɖe eme be: “Ewɔe be megaléa eɖokui le naneke wɔwɔ me o. Ne mía kple ame bubuwo míele nuɖuɖudzraƒe le nu ɖum la, etsona ɣeaɖewoɣi yia kplɔ̃ bubuwo ŋu, etsɔa jam la heɖɔnɛ kpɔ, emegbe etsɔa gatsi si wòzã la gadea jam-tukpa la me. Ne míeyi aƒelikawo gbɔ la, ete ŋu ɖea ta ɖe mɔƒome le aƒea me. Bubu be ɖewohĩ ame bubuwo le nu ƒom le nɔnɔme siawo ŋu eye ɖewohĩ woagblɔ be agbe menyo nɛ kura o menya ɖena le susu me o. Etena ɖe dzinye vevie.”
“Mevɔ̃na be ne Míekpɔ Nyuie O La . . .”
Lɔlɔ̃tɔ si dze dɔ vevie dzi kpɔkpɔ ate ŋu ana woavɔ̃ ŋutɔ. Ne dɔlélea le sesẽm la, edzikpɔla ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m na nusi ava dzɔ—anɔ vɔvɔ̃m na eƒe lɔlɔ̃tɔa ƒe kuku gɔ̃ hã. Ate ŋu avɔ̃ hã be ŋusẽ alo ŋutete manɔ ye ŋu yeakpɔ dɔnɔa ƒe nuhiahiãwo gbɔ o.
Elsa gblɔ nusita wòvɔ̃na ɖo be: “Mevɔ̃na be mava wɔ nuvevi Betty, esi agadzi eƒe vevesese ɖe edzi alo be mava wɔ nane si ana wòaku kaba.”
Ɣeaɖewoɣi la, nusiwo doa vɔvɔ̃ na dɔnɔa kee doa vɔvɔ̃ na dɔnɔdzikpɔla la hã. Sue ʋu eme be: “Fofonye vɔ̃na ŋutɔ be gbɔgbɔtsixe ava tsi ye ƒo, eye dzidzi ƒonɛ vevie ɣeaɖewoɣi. Mevɔ̃na be ne míekpɔ nyuie o la, gbɔgbɔtsixe atsi eƒo eye wòavɔ̃ atso eme.”
“Ðewohĩ Alesi Wonɔ Tsã Ana Nàxa Nu”
Caring for the Person With Dementia gblɔ be: “Amesiwo le lɔlɔ̃tɔ si dzi dɔlémadɛ aɖe dze dzi kpɔm la xaa nu godoo. Ne dɔlélea le sesẽm la, wò zɔhɛa ate ŋu agblẽ wò ɖi eye kadodo vevi ma abu ɖewò. Ðewohĩ alesi wonɔ tsã ana nàxa nu.”
Jennifer gblɔ alesi dadaa ƒe lãmegbegblẽ te ɖe ƒomea dzii be: “Eve mí ŋutɔ. Megate ŋu ɖoa eƒe dze viviwo na mí o. Míelé blanui vevie.” Gillian ɖe eme be: “Nyemedi be danye naku o, eye nyemedi be wòakpe fu hã o. Mefa avi kakaka.”
“Metsɔnɛ be ɖe Wògbem, Dɔme Venam”
Ðewohĩ dɔnɔdzikpɔla abia be: ‘Dzinye ko wòadzɔ ɖoa? Nukata ame bubuwo makpe ɖe ŋunye o? Ðe womekpɔe be ewu tsɔtsɔ nam oa? Dɔnɔa hã ɖe, mase nu gɔme nam vie oa?’ Ɣeaɖewoɣi ne edze be dɔnɔa kple ƒometɔ bubuwo le dɔ ɖom na dɔnɔdzikpɔla akpa la, dzi ate ŋu akui vevie. Rose si míeyɔ gbã la gblɔ be: “Medoa dziku ɖe ɖokuinye ŋu zi geɖe—le ememe. Gake Danye be edzena le mo nam.”
Dɔnɔa ŋutɔ ƒe dziɖeleameƒo kple dzikudodo ate ŋu azu agba na amesi le edzi kpɔm. Ðk. Ernest Rosenbaum ɖe eme ɖe agbalẽ si nye Living With Cancer me be dɔnɔ aɖewo “ate ŋu ado dziku alo alé blanui vevie ɣeaɖewoɣi ale be amesiame si ate ɖe wo ŋu la, woaɖee ɖe eŋu . . . Zi geɖe la, nya suesue aɖewo siwo ne ɖe amea medze dɔ o la anye ne makpe kpe gɔ̃ hã o ta koe wodoa dziku ɖo.” Gɔmesese le eŋu be esia ate ŋu ana nu nagati kɔ na lɔlɔ̃tɔ siwo le agbagba ɖesiaɖe dzem be yewoakpɔ dɔnɔa dzi la.
Le kpɔɖeŋu me, Maria dze agbagba alesi dze kpɔ exɔlɔ̃ si nɔ kukum la dzi. Gake ɣeaɖewoɣi la, xɔlɔ̃a ƒe dzi hona kabakaba eye susu manyomanyowo vaa tame nɛ. Maria gblɔ be: “Edzua ame vevie heɖia ame nu, si na ŋukpe léa lɔlɔ̃tɔwo.” Aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe Maria dzii? “Ne edzɔ teti la, mesea ‘egɔme’ na dɔnɔa. Gake ne meva bu eŋu emegbe la, metsɔnɛ be ɖe wògbem, dɔme venam, nyemeganyaa nusi mawɔ o—eye megadzroam be malɔ̃e alesi dze o.”
Numekuku aɖe si wota ɖe The Journals of Gerontology me ƒo nya ta be: “Dɔmedzoe nu te ŋu sẽna vevie le dɔnɔdzikpɔkpɔ me [eye] ɣeaɖewoɣi la, ena wosẽa ŋuta alo ɖonɛ.” Numekulaawo kpɔe be dɔnɔdzikpɔla 1 le 5 ɖesiaɖe me kloe vɔ̃na be ɖewohĩ yeava sẽ ŋuta. Eye wo dometɔ siwo wu 1 le 20 me sẽ ŋuta le woƒe dɔnɔ ŋu.
“Etena Ðe Dzinye”
Nu tena ɖe dɔnɔdzikpɔla geɖe dzi. Ɣeaɖewoɣi la, ne wodo dziku vɔ ye wòtena ɖe wo dzi—efia be etena ɖe wo dzi be yewodoa dziku ɣeaɖewoɣi. Seselelãme mawo ate ŋu awɔ fu wo ale gbegbe be woase le wo ɖokui me be agba wu yewo.
Le ame aɖewo gome la, naneke meganɔa anyi woawɔ wu be woakplɔ dɔnɔa yi dɔnɔdzikpɔƒe alo kɔdzi ne woakpɔ edzi le afima o. Esia ate ŋu anye nyametsotso sesẽ si ate ŋu aɖe fu na dɔnɔdzikpɔla la vevie. Jeanne gblɔ be: “Esi wòhiã kokoko be makplɔ Danye ayi dɔnɔdzikpɔƒee la, ɖeko wòwɔ nam abe ɖe megblẽe ɖi alo tsɔe ƒu gbe ene.”
Kɔdzie woxɔ dɔnɔa ɖo o, ate ŋu ate ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi be yewomele kpekpem ɖe eŋu alesi dze o. Elsa gblɔ be: “Eɖea fu nam zi geɖe be vovo mele ŋunye o. Ɣeaɖewoɣi la, xɔ̃nyea medina kura be madzo o.” Woate ŋu atsi dzi hã be yewole ƒomegbanɔamedzi bubuwo gblẽm ɖi, vevietɔ ne dɔnɔdzikpɔla la nɔa kɔdzi ɣeyiɣi didi alo ne ele be wòawɔ dɔ ɣeyiɣi geɖe wu bene wòatsɔ axe fe siwo le dzidzim ɖe edzi. Vidada aɖe fa konyi be: “Ele be mawɔ dɔ akpɔ ga míazã, gake etena ɖe dzinye elabena nyemete ŋu nɔa vinyewo gbɔ le aƒeme o.”
Edze ƒã be dɔnɔdzikpɔlawo hiã kpekpeɖeŋu geɖe, vevietɔ ne amesi dzi wokpɔ la va ku. Ðk. Fredrick Sherman si tso Huntington, New York gblɔ be: “Dɔ sesẽtɔ kekeake si nɔa dzinye [ne dɔnɔ aɖe ku megbe] . . . enye be maɖe nuteɖeamedzi ƒe seselelãme siwo dzi dɔnɔdzikpɔlawo miãa nu ɖo zi geɖe la le wo me.”
Ne womiã nu ɖe seselelãme siawo dzi la, woate ŋu agblẽ nu le dɔnɔdzikpɔla kple dɔnɔa siaa ŋu. Ke nukae amesiwo kpɔa dɔnɔwo dzi awɔ anɔ te ɖe seselelãme siawo nu? Eye nukae ame bubuwo—ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo—ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Aɖaka si le axa 5]
Migagblẽ Dɔ ɖe Wo Dzi O!
MYRNA I. LEWIS si nye nufialagã ƒe kpeɖeŋutɔ le atikewɔƒe le Mount Sinai Atikewɔsuku me le New York nutoa me gblɔ be: “Míenya be le ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ me le aƒeme la, nyɔnuwoe wɔa dɔa akpa 80 le alafa me.”
Numekuku aɖe si wowɔ le nyɔnu dɔnɔdzikpɔlawo ŋu wota ɖe The Journals of Gerontologyb me ɖee fia be nyɔnuawo dometɔ 61 le alafa me gblɔ be ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo mekpena ɖe yewo ŋu kura o. Eye wo dometɔ siwo wu afã (57.6 le alafa me) gblɔ be yewo srɔ̃wo mekpe ɖe yewo ŋu le seselelãme gome boo o. Jeanne Munn Bracken gblɔ ɖe Children With Cancer me be ne vidadaa le dɔnɔdzikpɔdɔa akpa gãtɔ wɔm la, “vifofoa made asi eme o eye wòabiã ŋku ɖe eƒe dɔ ŋu.”
Gake Ðk. Lewis gblɔ be ŋutsuwo hã wɔa dɔ geɖe le dɔnɔdzikpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu siwo srɔ̃wo ŋu Alzheimer-dɔléle le la sɔ gbɔ ŋutɔ. Eye woawo medo le tukaɖa si le lɔlɔ̃tɔ si dze dɔ dzi kpɔkpɔ me la me o. Lewis yi edzi be: “Ðewohĩ ŋutsu siawo ŋue ɖeɖi ate wu elabena zi geɖe la, wonyea xoxo na wo srɔ̃wo eye ɖewohĩ lãmesẽ manɔ woa ŋutɔwo hã si o. . . . Womefia wo dometɔ akpa gãtɔ alesi woakpɔ dɔnɔ dzi ŋutɔŋutɔ o.”
Ehiã be ƒomewo nakpɔ nyuie be woagagblẽ dɔwo katã ɖe ƒomea me tɔ si te ŋu wɔa dɔwo nyuie ɖeka ko dzi o. Agbalẽ si nye Care for the Carer gblɔ be: “Zi geɖe la, ƒomea me tɔ ɖeka koŋue zua dzikpɔla, eye ɣeaɖewoɣi ekpɔa ame geɖe dzi. Amesiawo dometɔ geɖe nye nyɔnu siwo ŋutɔ hã le tsitsim. . . . Wobua nyɔnuwo hã be wonye dɔnɔdzikpɔlawo tso ‘dzɔdzɔme’ . . . , gake mele be ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nagblẽ dɔ ɖe wo dzi gbeɖe o.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
b Woɖe Eŋlisigbe me nya Gerontology gɔme be “nusɔsrɔ̃ le tsitsi kple ame tsitsiwo ƒe kuxiwo ŋu.”
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Dɔnɔdzikpɔlawo hiã kpekpeɖeŋu be woanɔ te ɖe nuteɖeamedzi kple dzikudodo ƒe seselelãmewo nu
-
-
Alesi Nàɖu Seselelãmewo DziNyɔ!—1997 | February 8
-
-
Alesi Nàɖu Seselelãmewo Dzi
ÐE NÈLE lɔlɔ̃tɔ aɖe si dze dɔ vevie dzi kpɔma? Ne èle ɖe dzi kpɔm la, ke ɖewohĩ seselelãme sesẽ manyatanu aɖewo anɔ fu ɖem na wò. Nukae nàte ŋu awɔ? De ŋugble le seselelãme siwo ɖea fu na dɔnɔdzikpɔla aɖewo, kple aɖaŋuɖoɖo nyui siwo na woɖua wo dzi ŋu kpɔ.
Ŋukpe. Ɣeaɖewoɣi la, dɔnɔ ƒe nuwɔna ana ŋu nakpe wò le ame bubuwo ŋkume. Gake ne eɖe alesi wò lɔlɔ̃tɔa ƒe dɔlélea le me na xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo la, ate ŋu ana woase egɔme eye ɖewohĩ wòana ‘ame nu nawɔ nublanui’ na wo eye woagbɔ dzi ɖi. (Petro I, 3:8) Ne anya wɔ la, ɖo dze kple ƒome bubu siwo hã le nɔnɔme sia ke me. Ðewohĩ nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ na mia nɔewo ana ŋu magakpe wò tututu o. Sue gblɔ nusi kpe ɖe eŋu be: “Fofonye ƒe nu wɔa nublanui nam ale gbegbe—ena ŋukpe ɖesiaɖe bu. Eye alesi wòlɔ̃ nukoko hã kpe ɖe ŋunye.” Ẽ, nukoko—dɔnɔa kple edzikpɔlawo siaa ƒe nukoko—nye nu nyui aɖe si atsi dziku nu.—Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 3:4.
Vɔvɔ̃. Numanyamanya tso dɔlélea ŋu ate ŋu ana navɔ̃ vevie. Ne anya wɔ la, bia atikewɔlawo ne woagblɔ nusi adzɔ ne dɔlélea le tsitsim la na wò. Srɔ̃ alesi nàkpɔ dɔnɔa dzi le nɔnɔme mawo me. Nusiwo kpe ɖe Elsa ŋu wòɖu eƒe vɔvɔ̃ dzi dometɔ ɖekae nye be eɖoa dze kple dɔnɔgbɔnɔla bubuwo kple dɔnɔdzikpɔlawo le nusiwo wòakpɔ mɔ na ne dɔnɔa ƒe dɔlélea le sesẽm ŋu. Jeanny ɖo aɖaŋu be: “Nɔ te ɖe nusiwo doa vɔvɔ̃ na wò nu eye nàɖu wo dzi. Zi geɖe la, vɔvɔ̃ na nusi ate ŋu adzɔ sesẽna wu nudzɔdzɔa ŋutɔ.” Ðk. Ernest Rosenbaum kafui be eɖanye nukae na nèvɔ̃na o ele be “nàgblɔe ne wodo mo ɖa.”—Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:22.
Nuxaxa. Mele bɔbɔe be woadzudzɔ nuxaxa o, vevietɔ le dɔnɔdzikpɔkpɔ me. Ðewohĩ wò zɔhɛa ƒe wò gbegblẽ ɖi ana nànɔ nu xam, vevietɔ ne wò lɔlɔ̃tɔ si dze dɔ la megate ŋu ƒoa nu o, megasea nu nyuie o, alo megakpɔa wò dzea sii o. Ðewohĩ ame bubuwo mase seselelãme mawo gɔme enumake o. Alesi nèxaa nui gbɔgblɔ na xɔlɔ̃ nugɔmesela aɖe si agbɔ dzi ɖi ase wò nyawo veveseɖeamenutɔe ate ŋu ana nàkpɔ gbɔdzɔe geɖe.—Lododowo 17:17.
Dzikudodo Kple Dziɖeleameƒo. Nusiawoe dzɔna ne wole dɔnɔ si ƒe nuwɔna te ŋu ɖia ame nu ɣeaɖewoɣi la dzi kpɔm. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 4:26.) Nyae be zi geɖe la, menye dɔnɔ lae doa nuxaxa ame o, ke boŋ dɔléle lae. Lucy gblɔ be: “Ne medo dziku heliheli la, ena mefaa avi. Ke medzea agbagba ɖoa ŋku nɔnɔme si me dɔnɔa le kple eƒe dɔlélea dzi. Menya be dɔnɔa hiã nye kpekpeɖeŋu. Ema kpena ɖe ŋunye meyia dɔ dzi.” Nugɔmesese alea ate ŋu ana ‘wò dzi nafa.’—Lododowo 14:29; 19:11.
Fɔbuameɖokui. Dɔnɔdzikpɔla geɖe bua fɔ wo ɖokui. Gake kakaɖedzi nenɔ asiwò be dɔ vevi aɖe si sesẽ ŋutɔ wɔm nèle. Nya be menye ɣesiaɣie wò nuƒoƒo alo nuwɔna asɔ pɛpɛpɛ o. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” (Yakobo 3:2; Romatɔwo 3:23) Mègana fɔbuameɖokui naxe mɔ na wò be màwɔ nusi sɔ fifia o. Ne nya aɖe si nègblɔ alo nusi nèwɔ te ɖe dziwò la, àkpɔe kokoko be gbɔgblɔ be “meɖe kuku” ana mia kple dɔnɔa ƒe dzi nadze eme. Ŋutsu aɖe si kpɔ ƒometɔ aɖe si dze dɔ dzi ɖo aɖaŋu be: “Wɔ nusianu si nàte ŋui le nɔnɔmeawo me.”
Blanuiléle. Blanuiléle bɔ ŋutɔ—eye gɔmesese le eŋu—le ƒome siwo dze ŋgɔ dɔléle sesẽ aɖe me. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 5:14.) Dɔnɔdzikpɔla aɖe si léa blanui la gblɔ nusi kpe ɖe eŋu be: “Ame geɖe daa akpe na mí ɖe edzikpɔkpɔ ta. Ne ɖeɖi te ŋuwò alo nèlé blanui vevie la, dzideƒonya ʋee aɖewo ko ate ŋu ado ŋusẽ wò nàyi dɔ dzi.” Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” (Lododowo 12:25) Ðewohĩ ame bubuwo makpɔe ɣesiaɣi be nèhiã dzideƒo o. Eyata ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ ahiã be nàgblɔ “nuxaxa” si le dzime na wò gbã bene ame bubuwo nagblɔ “xɔlɔ̃nya” dedziƒonamewo na wò. Gake ne blanuilélea gbe dzodzo alo enu gasẽ la, anyo be nàkpɔ ɖɔkta.
Nugloame. Ne dɔlélea na wòle gbɔdzɔgbɔdzɔm la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be nu glo ye. Alesi nɔnɔmea le ko la, xɔe nenema. Nya be menye nusianu gbɔe nàte ŋu akpɔ o—màte ŋu awɔ naneke le dɔnɔa ƒe lãmesẽ ŋu o, gake àte ŋu akpɔ edzi nublanuikpɔkpɔtɔe. Mègadi blibodede tso ɖokuiwò, dɔnɔa, alo kpekpeɖeŋunalawo si o. Ne èwɔ nu wòda sɔ la, menye nugloame ƒe seselelãmea nu koe aɖiɖi o ke ana dɔa hã nanɔ wodzoe. Ame geɖe siwo kpɔ lɔlɔ̃tɔ aɖe dzi kpɔ la ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: Srɔ̃ alesi nàdze ŋkume ŋkeke ɖeka ƒe dɔwo awɔ.—Mateo 6:34.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
“Nɔ te ɖe nusiwo doa vɔvɔ̃ na wò nu eye nàɖu wo dzi. Zi geɖe la, vɔvɔ̃ na nusi ate ŋu adzɔ sesẽna wu nudzɔdzɔa ŋutɔ.”
[Aɖaka si le axa 7]
Nya Dedziƒoname Siwo Dɔnɔdzikpɔlawo Gblɔ
“SUSU gbegblẽwo bubu ɖe ɖokuiwò ŋu megana nàxa nu o. Nenemae wòdzɔna le nɔnɔme mawo me. Gake mele be nàtu nu ɖe wò seselelãmewo nu o. Gblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me na ame aɖe eye ne àte ŋui la nàgbɔ ɖe eme—yi afi aɖe sẽ—bene agbe nagaɖo mewò.”—Lucy, amesi ƒe dɔwɔna le atikewɔƒe aɖe na wòkpe ɖe dɔnɔgbɔnɔlawo kple dɔnɔ geɖe ŋu.
“Ne ƒometɔwo alo xɔlɔ̃ aɖewo li eye wolɔ̃ la, na woakpe ɖe ŋuwò. Ehiã be mia kple ame bubuwo miatsɔ agba la.”—Sue si kpɔ fofoa dzi hafi Hodgkin-dɔléle wui.
“Srɔ̃ alesi dzidzɔ nanɔ mewò ɣesiaɣi.”—Maria si na kpekpeɖeŋu le exɔlɔ̃ vevi aɖe si dɔdzẽ wu la dzi kpɔkpɔ me.
“Nɔ te sesĩe le gbɔgbɔ me. Te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye nàdo gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe. (Tesalonikatɔwo I, 5:17; Yakobo 4:8) Etoa eƒe gbɔgbɔ, eƒe Nya, esubɔla siwo le anyigba dzi kple eƒe ŋugbedodowo dzi naa kpekpeɖeŋu kple akɔfafa. Dze agbagba nàwɔ nuwo ɖe ɖoɖo nu alesi nàte ŋui. Le kpɔɖeŋu me, anyo be nàwɔ ɖoɖo ɖe eƒe atikenono ŋu eye nàŋlɔ kpeɖeŋutɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi.”—Hjalmar si kpɔ srɔ̃anyɔnu nɔvi si nɔ kukum la dzi.
“Srɔ̃ nusianu si nàte ŋui le alesi wò dɔnɔa ƒe dɔlélea le ŋu. Ema ana nànya nusi nàkpɔ mɔ na tso dɔnɔa kple wò ŋutɔ gbɔ kple alesi nàkpɔ wò dɔnɔa dzii.”—Joan si srɔ̃ ŋu Alzheimer-dɔléle le.
“Nyae be ame bubuwo to nɔnɔme mawo me do ŋgɔ na wò, eye be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe nusianu si adzɔ nu.”—Jeanny si kpɔ srɔ̃a dzi hafi wòku.
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Be màgavɔ̃ o la, bia nu tso dɔlélea ŋu alesi nàte ŋui
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Egbɔgblɔ na xɔlɔ̃ nugɔmesela aɖe ana gbɔdzɔe geɖe wò
-
-
Kpekpeɖeŋu Nana Dɔnɔdzikpɔla La—Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu AwɔeNyɔ!—1997 | February 8
-
-
Kpekpeɖeŋu Nana Dɔnɔdzikpɔla La—Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Awɔe
“MÍA kple Lawrie míeɖe mía nɔewo ƒe 55 sɔŋ enye sia—eteƒe didi—eye ƒe mawo vivi ŋutɔ! Ðe wòanya wɔ be makpɔ edzi le aƒeme la, anye ne mewɔe. Gake nye lãme va nɔ gbegblẽm. Mlɔeba la, eva hiã be makplɔe yi dɔnɔdzikpɔƒee. Nya sia gbɔgblɔ sesẽna nam ŋutɔ. Melɔ̃e eye medea bubu eŋu vevie, mesrãnɛ kpɔ edziedzi alesi mate ŋui. Ema koe nye ŋusẽ aɖe mɔ nam mawɔ.”—Anna, nyɔnu si xɔ ƒe 78 eye wòkpɔ srɔ̃a si ŋu Alzheimer-dɔléle le dzi ƒe 10 kple edzivɔ eye wògakpɔ wo vinyɔnu si ŋu Down-dɔléle le dzi ƒe 40 sɔŋ.a
Menye Anna ɖeka dzi koe nya sia dzɔ ɖo o. Numekuku aɖe si wowɔ le Britania-nyigbawo dzi ɖee fia be “le ƒe aɖewo xɔlawo dome (amesiwo le ƒe 40-awo kple 50-awo me) la, nyɔnu ɖeka le eve ɖesiaɖe me kpɔa dɔnɔ dzi.” Abe alesi míedzro eme va yi ene la, nuteɖeamedzi kple kuxi siwo dɔnɔdzikpɔlawo doa goe ate ŋu adze ɣeaɖewoɣi be ewu tsɔtsɔ na wo.
Ðk. Fredrick Sherman si le Amerika Ame Tsitsiwo Ŋuti Nusrɔ̃ha me la gblɔ be: “Meka ɖe edzi be dɔnɔdzikpɔlawo dometɔ 50 le alafa me ya teti léa blanui le dzikpɔkpɔdɔa ƒe ƒe gbãtɔ me.” Le ame tsitsiwo abe Anna ene gome la, woa ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ kple lãmegbegblẽ ate ŋu ana nuwo nagasesẽ na wo wu.
Be míakpe ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ŋu woatsɔ woƒe agbawo la, ehiã be míanya woƒe nuhiahiãwo. Nuhiahiã kawoe, eye aleke míakpɔ wo gbɔe?
Ehiã be Dɔnɔdzikpɔlawo Nagblɔe
Nyɔnu aɖe si na kpekpeɖeŋu le exɔlɔ̃ aɖe si nɔ kukum dzi kpɔkpɔ me la gblɔ be: “Ehiã be magblɔe ne makpɔ gbɔdzɔe.” Abe alesi wòdze le nyati si do ŋgɔ me ene la, kuxiwo tsɔtsɔ nɔa bɔbɔe eye wo gbɔ nya kpɔna wu ne wote ŋu gblɔe na xɔlɔ̃ nugɔmesela aɖe. Dɔnɔdzikpɔla geɖe siwo gblɔ be nɔnɔmea do agba na yewo la kpɔe be nuƒoƒo tso eŋu na wosea yewoƒe seselelãmewo gɔme eye agba dona le yewo dzi vie.
Jeanny gblɔ le ɣeyiɣi si me wònɔ srɔ̃a dzi kpɔm ŋu be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi xɔ̃nyewo kpɔe dze sii be mí ame evea siaa míehiã dzideƒo.” Egblɔ be amesiwo kpɔa dɔnɔwo dzi hiã dzideƒo, kple ɣeaɖewoɣi amesi ase nu gɔme ahafa akɔ na wo. Hjalmar si na kpekpeɖeŋu le srɔ̃a nɔvi si dze dɔ dzi kpɔkpɔ me la lɔ̃ ɖe edzi be: “Mehiã amesi magblɔ nye vɔvɔ̃wo kple kuxiwo na eye wòase nye seselelãmewo gɔme.” Hjalmar gagblɔ le exɔlɔ̃ vevi aɖe ŋu be: “Mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne mesrãe kpɔ, ne gaƒoƒo afãe gɔ̃ hã. Eɖoa to sea nye nyawo katã. Etsɔ ɖe le eme nam ŋutɔ. Nye dzi dzea eme le ema megbe.”
Dɔnɔdzikpɔlawo ate ŋu akpɔ dzideƒo geɖe tso nugɔmesela si ase nya na wo gbɔ. Biblia ɖo aɖaŋu nunyatɔe be: “Amesiame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.” (Yakobo 1:19) Nyatakaka aɖe si le The Journals of Gerontology fia be “zi geɖe la, nyanya be kpekpeɖeŋu li ɖeɖe dzaa naa gbɔdzɔe geɖe ame.”
Gake le nya sese na wo kple kpekpeɖeŋu nana wo megbe la, nu bubu kawo hãe dɔnɔdzikpɔlawo hiã?
Kpekpeɖeŋu Ŋutɔŋutɔ Nana
Ðk. Ernest Rosenbaum gblɔ be: “Lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple dzideƒoname le mɔ sia mɔ nu ɖea vi na dɔnɔa kple ƒomea.” Gbã la, àte ŋu aɖe “lɔlɔ̃ kple dzideƒoname” ma afia ne èsrã wo kpɔ, ne èƒo ka na wo, alo ne èŋlɔ nya kpui aɖe na wo (àte ŋu atsɔ seƒoƒo alo nunana bubu aɖewo akpe ɖe eŋu).
Sue gblɔ le kpekpeɖeŋu si wona eƒe ƒomea esime Hodgkin-dɔlélea nɔ fofoa wum ŋu be: “Ne xɔlɔ̃wo va srã mí kpɔ kpuie la, efaa akɔ na mí ŋutɔ.” Eyi edzi be: “Ne amewo ƒo ka la, xɔ̃nyeawo dometɔ ɖekae ɖoa eŋu eye wònyãa mí katã ƒe nuwo heɖoa wo dzi.”
Woate ŋu awɔ nane koŋ le kpekpeɖeŋu si woana dɔnɔdzikpɔlawo me, eye ele be woawɔe. Elsa gblɔ be: “Edea dzinye ŋutɔ ne xɔ̃nyewo na kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔm. Womegblɔna ko be: ‘Ne nane li mawɔ la, nàgblɔe nam sea’ o. Ke boŋ wogblɔna be: ‘Meyina asiƒleƒe. Nukae maƒle vɛ na wo?’ ‘Mate ŋu adzra wò abɔa me ɖoa?’ ‘Mate ŋu ava nɔ dɔnɔa gbɔ axlẽ nu nɛ.’ Nu bubu si hã míekpɔ be enyo enye be míewɔ ɖoɖo be ne ɖeɖi te xɔ̃nye dɔnɔ la ŋu alo wòle alɔ̃ dɔm la, ke vavalawo naŋlɔ woƒe nyawo ɖe agbalẽ dzi ada ɖi. Ema na mí katã míekpɔ dzidzɔ geɖe.”
Ne èbe yeawɔ dɔ tɔxɛ aɖe na amea la, ate ŋu anye aƒemedɔ ɖesiaɖe faa. Rose ɖe eme be: “Abaɖoɖo, dɔnɔa ƒe lɛtawo ŋɔŋlɔ, amesiwo va dɔnɔa gbɔ xɔxɔ, atikewo xɔxɔ, ɖamekɔklɔ kple ɖawɔwɔ, kpakple agbawo kɔklɔ nye kpekpeɖeŋu siwo dzea ŋunye.” Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã ate ŋu ava nɔ nu ɖam ɖekaɖeka atsɔ akpe ɖe dɔnɔdzikpɔla la ŋu.
Ne asɔ la, anyo hã be woawɔ dɔ suesue aɖewo le dɔnɔa dzi kpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be woakpe ɖe dɔnɔdzikpɔla la ŋu ana nuɖuɖu dɔnɔa alo ale tsi nɛ.
Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo tsɔ ɖe le eme ate ŋu akpe ɖe ame ŋu nyuie ne dɔlélea dze egɔme teti, gake ne eteƒe didi ɖe? Esi mía ŋutɔwo ƒe dɔwɔnawo mana vovo nanɔ mía ŋu o ta la, míate ŋu aŋlɔ dɔ geɖe siwo—anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi—le dɔnɔdzikpɔlawo dzi be bɔbɔe. Aleke wòawɔ nublanui enye si ne kpekpeɖeŋu si wohiã vevie la megale vavam o!
Ne edzɔ alea la, anyo be dɔnɔdzikpɔla la nayɔ ƒometakpekpe ne woagblɔ alesi woakpɔ dɔnɔa dzii. Enya wɔna zi geɖe be nàbia xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo di be yewoana kpekpeɖeŋu la ne woakpe ɖe ŋuwò. Nu mae Sue kple eƒe ƒomea wɔ. Egblɔ be: “Ne míehiã kpekpeɖeŋu la, míeɖoa ŋku amesiwo gblɔ be yewoakpe ɖe mía ŋu dzi eye míeƒoa ka na wo. Míekpɔe be míate ŋu abia be woakpe ɖe mía ŋu.”
Mina Woagbɔ Ðe Eme Vie
Agbalẽ si nye The 36-Hour Day gblɔ be: “Ele vevie ŋutɔŋutɔ na wò [dɔnɔdzikpɔla la] kple wò [dɔnɔa]—be miaɖo ɣeyiɣi edziedzi ‘adzudzɔ’ le amesi dze dɔ vevie dzi kpɔkpɔ ŋkeke bliboa me. . . . Gbɔɖeme xɔxɔ le [dɔnɔa] dzi kpɔkpɔ me nye nu vevitɔwo dometɔ ɖeka si nàte ŋu awɔ ale be nàyi edzi akpɔ amea dzi.” Ðe dɔnɔdzikpɔlawo lɔ̃ ɖe nya sia dzia?
Maria si na kpekpeɖeŋu le exɔlɔ̃ si dɔdzẽ nɔ wuwum dzi kpɔkpɔ me la ɖo eŋu be: “Nyateƒe ŋutɔŋutɔ wònye. Ɣeaɖewoɣi la, ehiã be ‘magbɔ ɖe eme’ ne ame bubu nava kpɔ edzi vie.” Joan si kpɔ srɔ̃a si dzi Alzheimer-dɔléle dze dzi la wɔ ɖeka kplii. Egblɔ be: “Míaƒe nuhiahiã vevitɔwo dometɔ ɖekae nye be míagbɔ ɖe eme ɣeaɖewoɣi.”
Gake aleke woawɔ agbɔ ɖe eme esi dɔ gbogbo ma le wo dzi? Jennifer si na kpekpeɖeŋu le dzila tsitsiawo dzi kpɔkpɔ me la gblɔ nusi na gbɔdzɔe be: “Ƒomea xɔlɔ̃ aɖe va kplɔa danye yia eɖokui gbɔe ŋkeke ɖeka bene míagbɔ ɖe eme sẽ.”
Ne asɔ la, àte ŋu akplɔ dɔnɔa dzoe vie bene dɔnɔdzikpɔla la nagbɔ ɖe eme sẽ. Joan gblɔ be: “Mekpɔa gbɔdzɔe ŋutɔ ne ame aɖe va kplɔ srɔ̃nye dzoe ale be mate ŋu akpɔ gbɔgbɔ ɣeaɖewoɣi.” Le mɔ bubu nu la, àte ŋu anɔ dɔnɔa gbɔ le eƒeme ɣeyiɣi aɖe. Kae nàwɔ o, wɔe be amesi le dɔnɔa dzi kpɔm nàte ŋu aɖi ɖe eme nyuie.
Gake nènɔ susu me na wò be menɔa bɔbɔe na dɔnɔdzikpɔlawo ɣesiaɣi be woagbɔ ɖe eme o. Ðewohĩ ate ɖe wo dzi be yewo dzo le yewoƒe lɔlɔ̃tɔa gbɔ. Hjalmar ʋu eme be: “Dzodzo le dɔnɔa gbɔ aɖaɖe modzaka alo agbɔ ɖe eme menya wɔna o. Mesena le ɖokuinye me be ele be manɔ egbɔ ɣeawokatãɣi.” Gake ne nɔvia srɔ̃ megahiã kpekpeɖeŋu aɖeke o eye wòdzo ɖagbɔ ɖe eme la, eƒe dzi dzea eme geɖe. Ame bubuwo wɔa ɖoɖo be woakpɔ yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo dzi le ame tsitsiwo dzikpɔƒe gaƒoƒo ʋee aɖewo.
Dɔlélewo Katã Nu Ayi
Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃tɔ si dze dɔ vevie dzi kpɔkpɔ nye agba gã aɖe. Gake lɔlɔ̃tɔ dzi kpɔkpɔ ate ŋu avivi eye dzidzɔ anɔ eme. Numekulawo kple dɔnɔdzikpɔlawo gblɔ be ena ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dome nɔa kplikplikpli wu. Dɔnɔgbɔnɔlawo srɔ̃a amenyenye kple aɖaŋu yeyewo godoo. Ame geɖe kpɔa gbɔgbɔ me viɖewo hã.
Vevietɔ wu la, Biblia ɖee fia be Yehowa kple Via Yesu Kristoe nye amedzikpɔla siwo kpɔa nublanui wu. Biblia me nyagblɔɖi na kakaɖedzi mí be dɔlélewo katã, fukpekpe, kple ku ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eteƒe madidi o Amegbetɔwɔla dɔmenyotɔ la ana agbe mavɔ anyigbadzinɔla dzɔdzɔewo le xexe yeye nyui si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ me—afisi “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]
Ne èɖe dzi ɖi la, dɔnɔa hã aɖe dzi ɖi
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
Xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe kpekpeɖeŋu ado ŋusẽ wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽtɔwo ke hã me
[Aɖaka si le axa 12]
Dɔnɔdzikpɔkpɔ Ate Ŋu Avivi
ÐEWOHĨ ame aɖewo abia be: ‘Avivia? Aleke wɔ?’ Taflatse se nya siwo dɔnɔdzikpɔlawo gblɔ na Nyɔ! ɖa:
“Wò dɔwɔnawo kple nudidiwo gbegblẽ ɖi mefia be màkpɔ dzidzɔ tututu o. ‘Dzidzɔ le nana me wu xɔxɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 20:35) Amesi nèlɔ̃ dzi kpɔkpɔ ate ŋu avivi ŋutɔ.”—Joan.
“Edzɔ dzi nam be mekpe ɖe nɔvinyenyɔnu kple nɔvinye srɔ̃ ŋu le hiahiã ŋutɔŋutɔ me—eye womaɖo eteƒe nam o. Ena mía dome nɔ kplikplikpli. Mele mɔ kpɔm be mava zã nuteƒekpɔkpɔ sia gbaɖegbe atsɔ akpe ɖe ame bubu si le nɔnɔme sia me ŋu.”—Hjalmar.
“Megblɔ na xɔ̃nye Betty si dze dɔ la enuenu be nusi mexɔ sɔ gbɔ sã wu esi mena. Mesrɔ̃ veveseɖeamenu kple dzigbɔɖi. Mesrɔ̃e be anya wɔ be kakaɖedzi nanɔ ame si le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake hã me.”—Elsa.
“Meva sẽ ŋu wu. Meva kpɔ alesi ŋuɖoɖo ɖe Yehowa Mawu ŋu gbesiagbe be wòakpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ le bliboe wu.”—Jeanny.
[Aɖaka si le axa 13]
Ne Èsrã Dɔnɔgbɔnɔla aɖe Kpɔ La
• Se nya siwo wòagblɔ veveseɖeamenutɔe
• Kafui vevie
• Na kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖee
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Ƒle asi na dɔnɔdzikpɔlawo alo ɖa nu na wo nàtsɔ akpe asi ɖe wo ŋui, alo kpe ɖe wo ŋu le dɔnɔa dzi kpɔkpɔ me
-