INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 3/8 axa 16
  • Hadzidzi aɖe si Tsi Susu Me Nɛ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hadzidzi aɖe si Tsi Susu Me Nɛ
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagba Siwo Medze be Mawɔ Tiatia Siwo me Nunya Le
    Nyɔ!—2000
  • Yehowa Wɔa Nuteƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Dzi Ha Nàkafu Yehowa Dzidzɔtɔe
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2000
g00 3/8 axa 16

Hadzidzi aɖe si Tsi Susu Me Nɛ

“MEDZI ha aɖe le suku si me nya aɖewoe nye, ‘Yehowa triakɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le eƒe ŋutikɔkɔe me.’ Mebiaa ɖokuinye zi geɖe be, ‘Amekae nye Yehowa sia?’”

Gwen Gooch, amesi nye Yehowa Ðasefo, si ƒe agbemeŋutinya wota ɖe Gbetakpɔxɔ me va yi, ƒe nya mawo sɔ kple nuxlẽla ɖeka aɖe ya teti ƒe nuteƒekpɔkpɔ.a Vera, si tso Seattle, Washington, U.S.A., ɖo ŋku edzi be, “Nu ma tututue dzɔ ɖe dzinye le kɔledzi.”

Esi Vera se hadzidzi aɖe megbe la, didi sẽŋu aɖe ɖo eme le amesi Yehowa sia nye ŋu, abe alesi wòdzɔ le Gwen gome ene. Vera ƒe didi ma va eme le ƒe 1949 me ke, esime nɔviaŋutsu ƒo nu tso Yehowa, si nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Biblia me ŋu nɛ zi gbãtɔ.

Vera nye Yehowa Ðasefo anɔ ƒe blaatɔ̃ enye sia. Gake meŋlɔ hadzidzi ma be tso eƒe kɔledzideɣi o. Egblɔ be: “Medze agbagba ƒe geɖe be manya amesi kpa ha la.” Mlɔeba la, eke ɖe eŋu le fiase aɖe me. Ha la nye esi Franz Schubert kpa le ƒe 1825 me. Hadzidzia me nyawo kafu Yehowa vavã. Le kpɔɖeŋu me, hadzidzia me nya aɖewoe nye si:

“Gã enye Yehowa, Aƒetɔ la! elabena Dziƒo kple Anyigba ɖea gbeƒã eƒe ŋusẽ wɔnuku. . . . Èsenɛ le ahomya sesẽ me, le tɔsisi ƒe ɖiɖi sesĩe me . . . Èsenɛ le avetsuwo me yaƒoƒowo me, èkpɔnɛ le blitiwo ƒe ya mumu me; le seƒoƒo siwo ʋẽna lilili ƒe atsyɔ̃ɖoɖo deŋgɔ me, le ɣletivi siwo yɔ Dziŋgɔli si me kɔ me . . . Eƒe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi dziŋɔ, eye Eƒe dzikedzo lũa ʋɔ toa yame dea didiƒe. Gake wò dzi ƒe dɔwɔwɔ ƒo wo katã ta sasasã le gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ŋusẽ gome, . . . Aƒetɔ Mawu mavɔ la. Trɔ ɖe Eŋu le Dziƒo ʋĩ eye nàkpɔ mɔ na amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ. . . . Gã enye Yehowa, Aƒetɔ la!”

Vera gblɔ be: “Mezãa ha sia me nyawo ɣeaɖewoɣi tsɔ fiaa amewo be amewo nɔ anyi le ƒe 1800 ƒeawo me siwo nya Mawu ƒe ŋkɔ hekafui.” Nyateƒe lae nye be tso gɔmedzedzea me ke la, ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔwo tsɔ hadzidziwo kafu Yehowae. Enye nuwɔna si ayi edzi tegbee, elabena susu siwo ta míakafu dziƒo kple anyigba Wɔla la bɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, March 1, 1998.

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Vera

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe