‘Mɔfiamegbalẽ Adodoe si Woate Ŋu Azã’
LE ƑE si va yi ƒe dzomeŋɔli la, Arkansas Democrat Gazette dzro Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ geɖe me. Egblɔ le wo dometɔ ɖeka ŋu be: “Questions Young People Ask nye mɔfiamegbalẽ adodoe si ƒomewo ate ŋu azã ŋutɔŋutɔ, eɖanye subɔsubɔha ka mee wole o. . . .
“Agbalẽ sia ɖo agbenɔnɔ kple seselelãme ŋuti ɖaŋu nyui gbogbo aɖe na exlẽlawo. Le kpɔɖeŋu me, eŋlɔlawo kpɔe dze sii be sɔhɛwo katã dina be yewoavo tso yewo dzilawo ƒe mɔxeɖenuwo me, gake eɖo aɖaŋu si gbɔna na sɔhɛwo:
“‘Ðe nèdi ablɔɖe geɖe kple agbanɔamedzi geɖe wua? Ekema ɖee fia be yeate ŋu atsɔ agbanɔamedziwo. Wɔ dɔ ɖesiaɖe si dziwòlawo ade asi na wò la moveviɖoɖotɔe.’
“Dzila akpa gãtɔ akpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽ si dea agbanɔamedzi tsɔtsɔ ƒe dzi ƒo na ame ɣesiaɣi eye wòɖoa aɖaŋu na sɔhɛwo enuenu be woade bubu wo ɖokui kple ame bubuwo siaa ŋuti la ŋu. Togbɔ be agbalẽa tsɔa Biblia ɖoa kpe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ɣesiaɣi hã la, emenya gbogbo aɖewo nɔ te ɖe nunya kple nuŋububu nyui dzi. . . . Vevietɔ eƒe akpa si ƒo nu tso bubudede ame ɖokui ŋu lé dzi na ame ŋutɔ, elabena woble sɔhɛ geɖe wobuna be naneke megblẽ le ame ɖokui ŋu dzedze ɖekematsɔlemetɔe ŋu o.”
Esi nyadzɔdzɔgbalẽa yɔ nya tso agbalẽa me vɔ la, nyatia yi edzi be: “Ŋkuɖodzinya siawo siwo wogblɔ tufafatɔe be ame ɖokui kpɔkpɔ nye dada ƒomevi aɖe eye be ɖokuibɔbɔ ye nye Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe vevi aɖe la, nya sia ate ŋu anye atike si atsi susumanɔmenya gbogbo siwo xɔlɔ̃wo kple aɖaŋuɖolawo tsɔa susu nyui ƒona ɖe sɔhɛwo nui la nu.”
Ne èdi be yease Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe agbalẽa me nyawo la, àte ŋu axɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo eye nèɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nèzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.
□ Miɖo agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ɖem.
□ Taflatse miva wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim.