Tv Nyadzɔdzɔwo—Kawoe Nye Adodoeawo?
Esi nyadzɔdzɔwo me dzroha aɖe lé ŋku ɖe United States dugã 52 ƒe television dzi nyadzɔdzɔgblɔdɔwɔƒe 102 ƒe nya siwo wogblɔna kple mɔ siwo nu wogblɔnɛ ɖo ŋu tsitotsito vɔ la, wokpɔe be nya siwo wogblɔna le television dzi nyadzɔdzɔwo me dometɔ alafa memama 41.3 koe nye nyadzɔdzɔwo ŋutɔŋutɔ. Nukawoe xɔa nyadzɔdzɔgbɔgblɔa ƒe akpa mamlɛa?
Le mama dedie nu la, wozãa nutoawo ƒe television dzi nyadzɔdzɔgblɔɣi ƒe alafa memama 30.4 ɖe boblododowo ŋu. Le nyateƒe me la, nyadzɔdzɔdɔwɔƒeawo dometɔ aɖewo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe boblododowo ŋu wu nyadzɔdzɔwo ŋutɔ gbɔgblɔ. Nyatakakaa gblɔ tsɔ ƒo numekukua tae be zi geɖe la, nyamaɖinyawo bɔna ɖe nyadzɔdzɔa me.a Le tanya si nye “Nyamaɖinyawo” te la, woma nya mawo tɔgbe ɖe hatsotsowo me ale, “nyadzɔdzɔxlẽlawo dome fefenya suesuewo ƒe ƒuƒoƒo, adzɔnuwo kafukafu kple vividodo ɖe nyadzɔdzɔ siwo akplɔe ɖo ŋu, ame ŋkutawo ŋuti nya ‘ŋanɛwo’ alo susumanɔmenyawo kple wɔna siwo ku ɖe wo ŋu.” Nyamaɖinyaawo ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye si: “Ŋutsuwo ƒe Hadzigbe Etɔ̃lia Siwo Menya Se Kura O ƒe Hoʋiʋli,” “Nyakakala aɖe Ku Ʋu le Mɔdodo Ði Abu aɖe Dzi Wòwɔ Mo Yaa, si Mebɔ O, eye Wòɖe Dzesi,” kple “Ame Geɖe Wu Le Abolo si me Wode Lãe Ƒlem le Fiasewo Me.”
Nya kawoe nye nyadzɔdzɔawo ŋutɔŋutɔ? Nuvlowɔwɔ ŋutinyawoe sɔa gbɔ ɖe TV nyadzɔdzɔawo me wu, woxɔa nyadzɔdzɔa ƒe alafa memama 26.9. “Nukpɔsusu si nye ‘Ne nyaa ku ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu la, eyae dzea ame ŋu wu’ gakpɔtɔ nye nyateƒe matrɔmatrɔ le television dzi nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ me . . . Ðewohĩ nuvlowɔwɔ ƒe dzidziɖedzi kabakaba dzi ɖe kpɔtɔ vie le United States le ƒe ʋɛ siwo va yi me, gake naneke mefia be edzi ɖe kpɔtɔ le TV nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ ya me o.” Nukatae? Numekulaawo gblɔ be “hlɔ̃donuwɔnawo wɔa dɔ ɖe amewo dzi vevie eye eŋu nya nya sena na amewo.”
Nusi kplɔ nuvlowɔwɔ ɖo le nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ mee nye afɔkuwo, abe dzobibiwo, lɔrifɔkuwo, tsiɖɔɖɔwo, kple nuwo ƒe wówo (12.2%), eyome kamedefefe ŋutinyawo (11.4%). Emegbe lãmesẽ ŋuti nyatakakawo kplɔe ɖo (10.1%), kple dziɖuɖua ŋuti nyawo (8.7%), eye ganyawo hã va ɖe ema yome (8.5%). Wometsia dzi ɖe nya aɖewo abe sukudede, nutoa me, agbalẽsɔsrɔ̃, kple dzɔdzɔmeŋutinunya ya ŋu boo o (1.3% va ɖo 3.6%). Le mama dedie nu la, yame ƒe nɔnɔme ŋuti nyatakakawo xɔa nyadzɔdzɔgbɔgblɔawo ƒe alafa memama 10. Numekukua wɔlawo gblɔ be: “Amesiame lɔ̃a nuƒoƒo tso yame ƒe nɔnɔme ŋuti eye TV dzi nyadzɔdzɔgbɔgblɔ hã meto le eme o.” Wogblɔ kpee be: “Eɖanye yame ƒe nɔnɔme ka ƒomevie o, xexeme akɔ alo makɔ o, ne axɔ dzo alo afa o, wote ŋu ƒoa nu tsoa eŋu le TV nyadzɔdzɔgbɔgblɔwo me le teƒe geɖe.”
Nya la ƒe akpa si de dzi ƒoe nye be nyatakakaa gblɔ be nyadzɔdzɔŋlɔla kple nukpɔla siwo le dzidzim ɖe edzi kpɔe be ehiã be woatrɔ asi le nyadzɔdzɔgbɔgblɔ ŋu. Gake numekukua lɔ̃ ɖe edzi be tɔtrɔ ma mate ŋu ava bɔbɔe o elabena “nusi doa dzidzɔ na amewo kple ŋukeklẽ ayi edzi anɔ nu gblẽm le nyadzɔdzɔgbɔgblɔ adodoea ŋu ɖaa.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Esia nye Not in the Public Interest—Local TV News in America ƒe ƒe sia ƒe nyadzɔdzɔwo me dzodzro ŋuti nyatakaka enelia. Ðk. Paul Klite, Ðk. Robert A. Bardwell, kple Jason Salzman, siwo le Rocky Mountain Nyadzɔdzɔwo Me Dzroha me ye ŋlɔ nyatakaka siawo.