INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/08 axa 3
  • Ðe Viwò Le Internet Zãma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Viwò Le Internet Zãma?
  • Nyɔ!—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Si Dzilawo Ate Ŋu Awɔ
    Nyɔ!—2008
  • Kpekpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Be Woanɔ Te Ðe Kuxia Nu
    Nyɔ!—2007
  • Ðeviwo Le Internet Zãm—Nu Siwo Wòle Be Dzilawo Nanya
    Nyɔ!—2008
  • Sɔhɛwo Ƒe Internet Zazã!
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2008
g 10/08 axa 3

Ðe Viwò Le Internet Zãma?

SƆHƐ miliɔn geɖe nɔa Internet dzi le aɖabaƒoƒo ɖe sia ɖe me, le aƒe me loo, le suku loo, le xɔlɔ̃ aɖe ƒe me loo, alo—ne woate ŋu ato asitelefon dzi anɔ ezãm la—le teƒe ɖe sia ɖe kloe. Ne dzilae nènye la, ate ŋu anɔ eme be viwòwo bi ɖe Internet zazã me wu wò kuraa, eye ɖewohĩ wonya ale si woawɔ be màte ŋu anya nu siwo wonɔa wɔwɔm le Internet dzi gbeɖe o.

Ðe wòle be nàtsi dzi ɖe nya sia ŋua? Ele be nàtsi dzi ɖe eŋu godoo. Ðe màte ŋu awɔ naneke kura tso nɔnɔmea ŋu oa? Menye nenemae o. Le nyateƒe me la, ate ŋu anɔ eme be viwò nya nu sia nu kloe le Internet zazã ŋu, evɔ wò ya mènya naneke kura le eŋu o. Ke hã, àte ŋu asrɔ̃ ezazã. Eye mehiã kokoko be nàbi ɖe elektrɔnikmɔ̃wo katã zazã me hafi ate ŋu akpɔ viwò ta tso afɔku siwo le Internet zazã me la me o.

Nyati eve siwo kplɔ esia ɖo akpe ɖe ŋuwò le esia wɔwɔ me. Gake na míalé ŋku ɖe afɔku siwo viwò ate ŋu ado go le Internet dzi la dometɔ aɖewo ŋu gbã.—g08 10-E.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Le Canada la, sɔhɛ siwo katã si asitelefon le la ƒe afã kloe te ŋu zãa Internet le edzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe