INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu 1tɔ: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 1tɔ: Nu Vevitɔwo Gbɔ Kpɔkpɔ Gbã

      ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuie.’​—Filipitɔwo 1:10.

      Nu si wòfia. Le ƒome kpɔdzidzedzewo me la, srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa nɔvia ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa ŋgɔ na eya ŋutɔ tɔwo, nunɔamesiwo, dɔwɔɖui, xɔlɔ̃wo, kple ƒometɔ bubuwo gɔ̃ hã. Atsu kple asi siawo zãa ɣeyiɣi geɖe ɖe wo nɔewo kpakple wo viwo ŋu. Wo ame evea siaa lɔ̃na faa be yewoatsɔ nuwo asa vɔe ɖe ƒomea ƒe nyonyo ta.—Filipitɔwo 2:4.

      Nu si ta wòle vevie. Biblia dea asixɔxɔ ƒomewo ŋu ŋutɔ. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo ŋlɔ bena ame si mekpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la ‘vɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.’ (1 Timoteo 5:8) Ke hã, ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nu si ame buna be enye nu vevitɔ na ye la tea ŋu trɔna. Le kpɔɖeŋu me, ƒomeɖaŋuɖola aɖe de dzesii be edze abe ame siwo vaa takpekpe si ŋu yewɔa ɖoɖo ɖo la tsia dzi ɖe woƒe agbemedɔwo ŋu wu woƒe ƒomea ene. Egblɔ be edze abe ɖeko wonɔa mɔ kpɔm be yewoasrɔ̃ “mɔ bɔbɔe aɖewo siwo dzi yewoato akpɔ yewoƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ ko aɖe susu ɖa le wo dzi ahakpɔ vovo ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ene.” Nu kae nya sia fia? Ele bɔbɔe be míagblɔ be míetsɔ míaƒe ƒomea ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ tsɔ wu be míaɖee afia ŋutɔŋutɔ le nuwɔna me.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be nu kawoe nèbua nu vevitɔwoe hã.

      ◼ Ne srɔ̃nye alo vinye di be yeagblɔ nya aɖe nam la, ɖe meɖoa toe enumakea?

      ◼ Ne mele dze ɖom kple amewo tso nu siwo mewɔna ŋu la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be meƒoa nu tso nu siwo mía kple nye ƒomea míewɔna ŋua?

      ◼ Ðe malɔ̃ faa aɖe asi le mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu (eɖanye le dɔme alo le teƒe bubu o) ne nye ƒomea dina be manɔ yewo gbɔa?

      Ne èɖo biabia siawo ŋu be ɛ̃ la, àte ŋu aka ɖe edzi be ètsɔ nu vevitɔwo ɖo ɖoƒe si dze. Gake nya kae srɔ̃wò kple viwòwo agblɔ tso ŋuwò le go sia me? Menye ale si míebua mía ɖokuiwo dzi koe wonɔa te ɖo dea dzesi nu siwo míebua nu vevitɔwoe o. Eye gɔmeɖose sia nye nyateƒe le nu bubu siwo naa ƒomewo kpɔa dzidzedze siwo me míadzro le esia yome hã gome.

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble tso mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yeƒe ƒomea le vevie na ye wu nu ɖe sia ɖe la ŋu. (Le kpɔɖeŋu me: De ŋugble le ale si nàte ŋu aɖe nu siwo xɔa ɣeyiɣi siwo wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò kple viwòwo ŋu le asiwò la dzi kpɔtɔ la ŋu.)

      Ðe manyo be nàgblɔ nyametsotso si nèwɔ la na wò ƒomea oa? Ne ƒomea me tɔ ɖeka ɖee fia be yelɔ̃ faa be yeawɔ tɔtrɔ la, anɔ eme godoo be ame susɔeawo adze eƒe kpɔɖeŋua yome.—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 3]

      Dzila si ɖenɛ fiana be ye srɔ̃ kple ye viwo le vevie na ye wu nu bubuwo lae nye dzila si kpɔ dzidzedze

  • Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 2lia: Kuku Ðe Ame Nɔewo Ŋu

      “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”​—Mateo 19:6.

      Nu si wòfia. Atsu kple asi siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔ dzidzedze la bua woƒe srɔ̃ɖeɖea be enye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa. Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, wodzea agbagba be yewoakpɔ egbɔ tsɔ wu be yewoatsɔe ado taflatsɛ ahaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te. Ne srɔ̃tɔwo ɖoa ŋku edzi be yewodo ŋugbe na yewo nɔewo be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu la, wosena le wo ɖokui me be yewole dedie. Kakaɖedzi nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe si be ye srɔ̃ ayi edzi alé srɔ̃ɖenubablaa me ɖe asi.

      Nu si ta wòle vevie. Le go geɖe me la, kuku ɖe ame nɔewo ŋu ye nye nu vevi si naa srɔ̃ɖekadodoa me sẽna. Ke hã, ne masɔmasɔwo te mo dodo ɖa la, srɔ̃tɔawo va bua srɔ̃ɖeŋugbedodoa be enye mɔ ɖe yewo le esi teƒe be wòanye nu si ana kakaɖedzi nanɔ wo si. Ne míagblɔe la, atam si woka be yewoakpɔtɔ anye srɔ̃tɔwo ‘zi ale si yewo ame evea yewoanɔ agbe’ la va le ko abe atamkaka gbɔlo, si ŋu srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe adi be yeakpɔ gbagbaƒe aɖe le ado le eme ene. Ðewohĩ womagbe wo nɔewo ŋutɔŋutɔ ya o, gake woate ŋu “aɖe ta le srɔ̃ɖeɖea te” le mɔ bubuwo nu—le kpɔɖeŋu me, eɖoɖo koŋ agbe nuƒoƒo na ame nɔewo le ɣeyiɣi si me wòle be woakpɔ kuxi sesẽwo gbɔ.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Zã biabia siwo gbɔna nàtsɔ adzro ɖokuiwò me kpɔ be aleke gbegbee nèɖenae fiana be nèku ɖe srɔ̃wò ŋui mahã.

      ◼ Ne masɔmasɔ aɖe ɖo mía dome la, ɖe mesena le ɖokuinye me be evem be meɖe srɔ̃nyea?

      ◼ Ðe wòdzroam zi geɖe be manɔ ame bubu aɖe gbɔ tsɔ wu srɔ̃nyea?

      ◼ Ðe megblɔna na srɔ̃nye ɣeaɖewoɣi be, “Madzo le gbɔwò” alo “Madzo ayi aɖadi ame bubu aɖe si ade asixɔxɔ ŋunyea”?

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble le nu ɖeka alo eve siwo nàte ŋu awɔ be miaƒe srɔ̃ɖekadodoa me nasẽ la ŋu. (Susu aɖewoe nye esi: Nɔ nya vivi aɖewo ŋlɔm na srɔ̃wòa edziedzi, srɔ̃wòa ƒe foto aɖewo nenɔ asiwò le dɔwɔƒe, alo ƒo ka na srɔ̃wòa tso dɔme gbe sia gbe nàtsɔ aɖee afia be yele esusum.)

      Ðe manyo be nàgade ŋugble tso mɔnu bubu aɖewo siwo dzi nàto awɔ esiae la ŋu eye nàbia srɔ̃wòa be kawoe ado dzidzɔ nɛ wu hã oa?—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 4]

      Abe ale si ko gakpo si le mɔdodo xa kpɔa ʋuwo ta be woagatra mɔ o ene la, nenema kee kuku ɖe ame nɔewo ŋu hã kpɔa wò srɔ̃ɖeɖea tae

      [Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

      © Corbis/age fotostock

  • Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 3lia: Nuwɔwɔ Aduadu

      “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, . . . Ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.

      Nu si wòfia. Srɔ̃tɔ siwo ƒe ƒome kpɔ dzidzedze la dea bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si Mawu ɖo anyi le Biblia me la ŋu. (Efesotɔwo 5:22-24) Togbɔ be ele alea hã la, atsu kple asia tsɔa nuwɔwɔ aduadu ƒe susu kpɔa woƒe srɔ̃ɖeɖea ke menye abe ame ɖekaɖeka siwo wɔa nu le wo ɖokui si ene o. Ne atsu kple asi wɔa nu aduadui la, wo dometɔ aɖeke maganɔ eɖokui bum abe tre ene o. Wonye “ŋutilã ɖeka”—si nye nya si Biblia tsɔ ɖɔ srɔ̃ɖekadodo si nɔa anyi ɖaa kple esi me atsu kple asia léna ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli le.—1 Mose 2:24.

      Nu si ta wòle vevie. Ne mia kple srɔ̃wò miewɔa nu ɖekae o la, eteƒe madidi hafi kuxi suesuesuewo nava zu nya gã siwo me mia dometɔ ɖe sia ɖe nava nɔ fɔ bum nɔvia, le esi teƒe be miadze ŋgɔ kuxia o. To vovo na esia la, ne mia kple srɔ̃wò miewɔa nu aduadu la, mianɔ ko abe yameʋukula eve siwo le nu wɔm aduadu le yameʋu ɖeka kum ene, ke menye abe yameʋukula eve siwo le yameʋu vovovo kum hegbɔna ŋgo kpe ge kple wo nɔewo ene o. Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, miadi mɔ siwo dzi miato akpɔ egbɔ tsɔ wu be mianɔ miaƒe ŋusẽ kple ɣeyiɣi dome gblẽm anɔ fɔ bum mia nɔewo.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee nèwɔa nu aduadu kple srɔ̃wòe mahã.

      ◼ Ðe mebua ga si mekpɔna la “katã be enye tɔnye” le esi wònye nyee wɔ dɔ kpɔe ta?

      ◼ Ðe mehena ɖe megbe le hadede kple srɔ̃nye ƒe ƒometɔwo me togbɔ be woa kple eƒe ƒometɔwo ya dome le kplikplikplia?

      ◼ Ðe wòhiã be manɔ adzɔge tso srɔ̃nye gbɔ hafi nye dzi nadze eme bliboea?

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble le mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yedi be ye kple ye srɔ̃ yewoanɔ nu wɔm aduadui la ŋu.

      Ðe manyo be nàbia srɔ̃wòa akpɔe ɖa be susu aɖewo le esi wòado ɖa hã oa?—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 5]

      Nuwɔwɔ aduadu le ko abe yameʋukula eve siwo le nu wɔm aduadu le yameʋu ɖeka kum ene

  • Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 4lia: Bubudede Ame Nɔewo Ŋu

      “Mina woaɖe . . . ɣlidodo kpakple dzugbewo, ɖa le mia dome.”—Efesotɔwo 4:31.

      Nu si wòfia. Masɔmasɔwo doa mo ɖa le ƒome siwo kpɔ dzidzedze kple esiwo me kuxiwo le siaa me. Gake ƒome kpɔdzidzedzewo ya ƒoa nu tso masɔmasɔawo ŋu evɔ womezãa gbɔɖiamenyawo kple dzugbewo, alo nya ƒaƒã bubuwo ɖe wo nɔewo ŋu o. Ƒomea me tɔwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe ale si woadi be woawɔ nu ɖe yewo ŋui ene.—Mateo 7:12.

      Nu si ta wòle vevie. Nyagbɔgblɔwo ate ŋu ade abi ame ŋu abe lãnuwo ene. Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.” (Lododowo 21:19) Le nyateƒe me la, woate ŋu agblɔ nya sia ke le ŋutsu dzikutɔ hã ŋu. Le vihehe gome la, Biblia gblɔ be: “Miganɔ dziku dom na mia viwo o, bene dzi nagaɖe le wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21) Ðevi siwo ŋu wohea nya ɖo ɣesiaɣi la ate ŋu ava nɔ sesem le wo ɖokui me be yewomate ŋu awɔ nu adze yewo dzilawo ŋu gbeɖe o. Woate ŋu ava dzudzɔ agbagbadzedze kura gɔ̃ hã.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee miedea bubu mia nɔewo ŋu le ƒomea me hã.

      ◼ Le nye ƒomea me la, ɖe wòdzɔna zi geɖe be ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, míetea ŋu kpɔa egbɔ o negbe ɖeko ame ɖeka doa dziku doa go le xɔa mea?

      ◼ Ne mele nu ƒom na srɔ̃nye kple vinyewo la, zi geɖe la, ɖe mezãa dzugbewo abe, “movitɔ,” “tagbɔkukutɔ,” alo esiawo tɔgbi enea?

      ◼ Ame siwo zãa nya tɔamewo ɣesiaɣi la domee wonyim lea?

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Bu mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aɖee afia be yedea bubu ame ŋu le yeƒe nyagbɔgblɔ me la ŋu. (Susu aɖee nye esi: Ðoe be nànɔ ŋkɔteƒenɔnya si nye “me . . . ” zãm le wò nyagbɔgblɔwo me tsɔ wu be nànɔ “è . . . ” zãm. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be, “Mesea veve ne . . . ,” tsɔ wu be nàgblɔ be, “Ɣesiaɣi ko nè . . . ”)

      Ðe manyo be nàna srɔ̃wò nanya tɔtrɔ si(wo) nèɖo be yeawɔ oa? Le ɣleti etɔ̃ megbe la, bia srɔ̃wò be ŋgɔyiyi kawoe yewɔ hã.

      De ŋugble tso nu siwo akpe ɖe ŋuwò be mànɔ dzugbewo zãm o ne èle nu ƒom na viwòwo la ŋu.

      Ðe manyo be nàɖe kuku na viwòwo ɣesiaɣi si nèkpɔe be yeƒo nu na wo dzikutɔe alo gbɔɖiametɔe oa?—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 6]

      Abe ale si ko ƒutsotsoewo nyia agakpe sesẽwo ene la, nenema kee nya tɔamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu le ƒomea ŋu

  • Nu 5lia: Nugɔmesese Na Ame
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 5lia: Nugɔmesese Na Ame

      “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.”—Filipitɔwo 4:5.

      Nu si wòfia. Le ƒome kpɔdzidzedzewo me la, atsu kple asia lɔ̃na faa tsɔna kea wo nɔewo. (Romatɔwo 3:23) Womenye ame siwo ƒe nya me sẽna kpaɖii alo ɖea mɔ ɖe nu sia nu ŋu na wo viwo hã o. Wodea se aɖewo siwo dzi anya wɔ la le ƒomea me. Ne ehiã be woahe to la, wowɔnɛ “ɖe ɖoɖo nu.”—Yeremiya 30:11.

      Nu si ta wòle vevie. Biblia gblɔ be le “nunya si tso dziƒo gome la, . . . esea nu gɔme.” (Yakobo 3:17) Mawu ŋutɔ mebiaa blibodede tso amegbetɔ madeblibowo si o, ke nu ka tae wòle be atsu kple asi nàdii tso wo nɔewo si? Le nyateƒe me la, dziku koe nyahehe ɖe ame ŋu ɣesiaɣi ɖe vodada suesuesuewo ta hena vae, meɖɔa naneke ɖo o. Anyo wu be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya si nye be “mí katã míewɔa vodada zi geɖe” la dzi.—Yakobo 3:2.

      Dzila siwo léa be na woƒe ƒomea nyuie la ɖea nugɔmesesename fiana le nuwɔwɔ kple wo viwo me. Woƒe tohehe mesẽna akpa o, eye mesesẽna be woawɔ nu ‘adze wo ŋu o.’ (1 Petro 2:18) Wonaa ablɔɖe wo vi ƒewuivi siwo ɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe yewo dzi la. Womekea ŋku ɖe nu sia nu me tsitotsito be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu si wo viwo wɔna dzi o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, agbagbadzedze be woake ŋku ɖe ƒewuiviwo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me ahakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi “le ko abe ɣeɖuɖu sesĩe kpakple ŋusẽ blibo be tsi nadza ene. Tsi aɖeke madza o, ne ègbe ɖe eŋua, ɖeɖi koe ate ŋuwò.”

      Te mɔfiame sia kpɔ. Ðo biabia siwo gbɔna ŋu nàtsɔ akpɔe ɖa be aleke gbegbee nèɖenɛ fiana be yesea nu gɔme na ame hã.

      ◼ Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèkafu srɔ̃wò?

      ◼ Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si nèhe nya ɖe srɔ̃wò ŋu?

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Ne esesẽ na wò hafi nète ŋu ɖo biabia gbãtɔ si le aɖaka si le mia me la me ŋu gake ète ŋu ɖo evelia ya ŋu bɔbɔe la, ekema kpɔe ɖa be taɖodzinu kae nàɖo na ɖokuiwò be nàte ŋu anye ame si sea nu gɔme na ame hã.

      Ðe manyo be mia kple srɔ̃wò miadzro nu siwo mi ame evea siaa miadi be yewoawɔ le nya sia me la me oa?

      Mide ŋugble tso ale si miate ŋu ana ablɔɖe geɖe wu mia vi ƒewuivi si ɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe ye dzi la ŋu.

      Ðe manyo be mia kple mia vi ƒewuivia miaɖo dze faa ku ɖe nuwo abe ɣeyiɣi si wòle be wòagbɔ va aƒe me ene ŋu oa?—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 7]

      Abe ʋukula si gbɔa dzi ɖi ene la, ƒometɔ si sea nu gɔme la naa mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo

  • Nu 6lia: Tsɔtsɔke
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 6lia: Tsɔtsɔke

      “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.”—Kolosetɔwo 3:13.

      Nu si wòfia. Atsu kple asi siwo kpɔ dzidzedze le woƒe ƒomegbenɔnɔ me la srɔ̃a nu tso nu siwo me woto me; ke hã, womeléa dziku ɖi henɔa te ɖe edzi wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu henɔa fɔbuamenya siawo tɔgbi gblɔm ɖe wo nɔewo ŋu o, be “Wò ya, ɣesiaɣi ko nètsia megbe,” alo “Mèsea nu gɔme gbeɖe o.” Srɔ̃tɔ evea siaa xɔe se be ‘bubu wònye be woaɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.’—Lododowo 19:11.

      Nu si ta wòle vevie. Mawu ‘lɔ̃a tsɔtsɔke,’ gake amegbetɔwo ya melɔ̃na tsɔna kena ɣesiaɣi o. (Psalmo 86:5) Dzikuléleɖi nyawo gbɔ makpɔmakpɔe wɔnɛ be kuxiwo va doa gã ɖe edzi ale gbegbe be megatea ŋu va nɔa bɔbɔe be woatsɔ ake o. Srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe megaɖea eƒe seselelãme gblɔna o—wo dometɔ aɖeke megasea veve ɖe nɔvia nu o. Wo ame evea siaa sena le wo ɖokui me be yewoxaxa le srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o me.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Tsɔ mia kple srɔ̃wò ƒe foto xoxo siwo mieɖe le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me alo le srɔ̃ɖeɖe megbe teti la nàkpɔ. Dze agbagba nàɖo ŋku dzidzɔ si gbegbe miekpɔ va yi hafi kuxi siwo va xaxa mi ɖo la te mododoɖa la dzi. Emegbe bu srɔ̃wòa ƒe nɔnɔme nyui siwo lé dzi na wò zi gbãtɔ si nèkpɔe la ŋu.

      ◼ Nɔnɔme nyui kawoe doa dzidzɔ na wò wu le srɔ̃wò ŋu fifia?

      ◼ De ŋugble tso dɔ nyui siwo ale si nàlɔ̃ faa atsɔ vodadawo anɔ kekem geɖe wu ate ŋu awɔ ɖe viwòwo dzi la ŋu.

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. De ŋugble tso mɔ ɖeka alo eve siwo dzi nàto aƒo asa na nuƒoƒo tso vodada xoxowo ŋu ne masɔmasɔ aɖe va do mo ɖa le mia kple srɔ̃wòa dome la ŋu.

      Ðe manyo be nàkafu srɔ̃wòa ɖe nɔnɔme nyui siwo doa dzidzɔ na wò wu le eŋu la ta oa?—Lododowo 31:28, 29.

      Bu mɔ aɖewo siwo dzi nàto atsɔ viwòwo ƒe vodadawo anɔ wo kem la ŋu.

      Ðe manyo be mia kple viwòwo miadzro tsɔtsɔke ƒe nya sia kpakple ale si vodadawo tsɔtsɔ ke ɖea vi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe la me oa?—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 8]

      Ne ètsɔ ke la, efia be èɖe asi le fe si wonyi le ŋuwò la ŋu. Màgava biae ake o

  • Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ
    Nyɔ!—2009 | October
    • Nu 7lia: Gɔmeɖoanyi Sesẽ

      Nu si wòfia. Abe ale si ko aƒe aɖeke meyia edzi nɔa te sesĩe hena ƒe geɖe le eɖokui si o ene la, nenema kee srɔ̃ɖeɖe likewo hã menɔa anyi ɖaa agbagba aɖeke madzemadzee o. Xɔ like ɖe sia ɖe hiã gɔmeɖoanyi sesẽ, eye nenema kee wòle le srɔ̃ɖeɖe siwo li ke hã gome. Mɔfiametsoƒe aɖe si ƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔa dɔ ɣesiaɣi dzie wonɔa te ɖo ɖoa srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo gɔme anyi.

      Nu si ta wòle vevie. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖowo bɔ ɖe agbalẽwo, magazinewo, kple television dzi wɔnawo me. Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola aɖewo ade dzi ƒo na atsu kple asiwo be woayi edzi anɔ wo nɔewo gbɔ, evɔ bubuwo ya ade dzi ƒo na srɔ̃tɔ mawo ke be woagbe wo nɔewo. Srɔ̃ɖeɖe ŋuti nunyalawo gɔ̃ hã va trɔa woƒe nukpɔsusu le nya siawo tɔgbi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1994 me la, susuŋutinunyala aɖe si bi ɖe ƒewuiviwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me la ŋlɔ be, le yeƒe dɔwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la, yesusu be “ade ɖeviwo dzi wu be woanɔ dzilaɖekɛ si ƒe dzi dze eme la gbɔ tsɔ wu be woanɔ dzila eveawo siwo nɔa dzre dzi ɖaa la gbɔ. Mesusu be enyo be woagbe srɔ̃ wu be woanɔ fu kpem le srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔ mele o me.” Ke hã, nuteƒekpɔkpɔ siwo va su esi le ƒe 20 siwo wòtsɔ wɔ dɔ me na wòtrɔ eƒe susu. Egblɔ be: “Srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖevi geɖewo ŋu.”

      Amewo ƒe nukpɔsusuwo tea ŋu trɔna, gake Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe gɔmeɖosewo adze le srɔ̃ɖeɖe ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake si ŋu woake ɖo la ŋu le mɔ aɖewo nu godoo. Esi nèle nyati siawo xlẽm la, ànya de dzesii be woŋlɔ Biblia me gɔmeɖose aɖe ɖe axa siwo nye 3 va se ɖe 8 la tame. Gɔmeɖose mawo dzi wɔwɔ kpe ɖe ƒome geɖewo ŋu wokpɔ dzidzedze vavãtɔ le woƒe ƒomea me. Ƒome siawo hã doa go kuxiwo abe ƒome bubuwo ke ene. Gake vovototoa ye nye be Biblia kpe ɖe wo ŋu woɖo gɔmeɖoanyi sesẽ na srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ. Ele be míakpɔ mɔ be wòanɔ alea, elabena Yehowa Mawu, Ame si na woŋlɔ Biblia lae nye ƒome Gɔmeɖoanyila.—2 Timoteo 3:16, 17.

      Te mɔfiame sia kpɔ. Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo me nyawo woŋlɔ ɖe axa 3 va se ɖe 8 tame la ɖi. Àte ŋu aŋlɔ mawunyakpukpui bubu ɖe sia ɖe si ɖe vi na wò kpɔ hã akpee. Da nuŋlɔɖi sia ɖe asitsɔƒe eye nànɔ woxlẽm edziedzi.

      Tso nya me le nu si nàwɔ ŋu. Ðoe be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu le wò ƒomea me.—g09 10-E.

      [Nɔnɔmetata si le axa 9]

      Biblia me gɔmeɖose siwo wɔa dɔ akpe ɖe ŋuwò be wò ƒomea nali ke ahanɔ te ɖe kuxi siwo nu sẽ abe ahom ene la nu

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe