INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 25
  • Àte Ŋu Aɖo Wò Taɖodzinuwo Gbɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aɖo Wò Taɖodzinuwo Gbɔa?
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Kesinɔnuwo Ate Ŋu Ana Dzi Nadzɔ Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Lɔ̃ Amewo, Ke Menye Ga Kple Nunɔamesiwo O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Na Gbɔgbɔmedzidzenuwo Yome Titi Naɖe Vi na Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 25

Àte Ŋu Aɖo Wò Taɖodzinuwo Gbɔa?

● Nu ka dim nèle le agbe me? Taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo lae le asiwòa, alo ènɔa drɔ̃e kum nu siwo gbɔ màte ŋu aɖo o? Ame aɖe si lé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔ me ŋu nyuie la ɖo aɖaŋu sia si me nunya le be: ‘Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzodzro ƒe tsaglalãtsatsa. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.’—Nyagblɔla 6:9.

‘Nu si kpɔm míele kple míaƒe ŋku’ le tsitre ɖi na ale si nɔnɔmewo le na mí fifia kpakple ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ. Nyateƒee, megblẽ ne míedze agbagba be míana nuwo naka ɖe eme na mí wu le agbe me o. Ke hã, nya si gblɔm Biblia lee nye be nunyala metia taɖodzinu siwo gbɔ mate ŋu aɖo o, la yome o. Nu siawo ƒe ɖee nye ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnuwo, kpeɖeŋutɔ si ŋu vodada mele o, alo lãmesẽ deblibo.

Gawu la, ame siwo ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ, abe kesinɔtɔnyenye ene, la gatea ŋu nɔa nu geɖe dzrom. Biblia gblɔe eme kɔ be: ‘Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.’ (Nyagblɔla 5:9) Eya ta ame si nye nunyala le Mawu gbɔ la dzea agbagba be yeana nu si le ye si, alo ‘nu si kpɔm wòle kple eƒe ŋku’ la nadze eŋu. Ɛ̃, ame ma lɔ̃na ɖe nyateƒenya sia dzi be: “Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o.”—1 Timoteo 6:7.

Le ale si wowɔ míi ta la, ame siwo kpɔa woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ lae kpɔa dzidzɔ gãtɔ wu. (Mateo 5:3) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Yesu Kristo gblɔ be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mateo 4:4) Nya vevi siawo dze le Biblia me, eye míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ faa femaxee.

Nya sia ƒe ɖe dze le Psalmo 37:4, si gblɔ be: ‘Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nu si wò dzi di la wò.’ Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, awɔ nu si amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ o la na esubɔla wɔnuteƒewo: woanɔ lãmesẽ deblibo me, naneke mahiã wo o, eye woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. (Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ne ame aɖe ka ɖe nya siawo dzi la, ele taɖodzinu si gbɔ wòate ŋu aɖo la minyam.—g11-E 02.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe