INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 4/11 axa 32
  • Womele Sue Akpa O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Womele Sue Akpa O
  • Nyɔ!—2011
Nyɔ!—2011
g 4/11 axa 32

Womele Sue Akpa O

● Nya siae vidada aɖe si le California, le United States, ŋlɔ tso nyati aɖe si le Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ ƒe agbalẽa me ŋu. Egblɔ be: “Le kwasiɖa si va yi me ko la, míekplɔ mía viŋutsuvi Javan, si xɔ ƒe 3 la, yi ɖɔkta si kpɔa egbɔ la gbɔ. Ðɔktaa bia mía kple srɔnye be míefia Javan ale si wòakpɔ eɖokui ta ne ame aɖe di be yeafe kple eƒe vidzinu hã. Dzi dzɔm esi meƒo nu tso Nufiala gbalẽa ŋu nɛ. Agbalẽa ɖe eme be nu gbegblẽe wònye be ame aɖe nafe kple ɖevia ƒe vidzinu alo ɣaɣlaƒewo. Ewɔ nuku na ɖɔktaa be míedzro nya sia me kple mía via.”

Vidadaa gblɔ kpee be: “Ale si woƒo nu tso nya sia ŋu le agbalẽa me la nyo ale gbegbe.” Agbalẽa ƒe ta si wòwɔnɛ la ƒe tanyae nye “Alesi Wokpɔ Yesu Tae.” Eƒo nu tso ale si Yesu Fofo si le dziƒo la kpɔ Via ta tso fia vɔ̃ɖi Herodes si me esime Yesu nɔ sue akpa be wòakpɔ eɖokui ta ŋu. (Mateo 2:​7-23) Eye wòƒo nu tso ale si ɖeviwo gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ wo ɖokui ta tso ame si adi be yeagblẽ wo la si me ŋu.

Àte ŋu adɔ axa 256 gbalẽ dzeani sia si le amadede vovovowo me, si ƒe kekeme le abe magazine sia tɔ ene la ƒe ɖeka. Nu si nàwɔ koe nye be nàkpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo, eye nàɖoe ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.—g11-E 02.

□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ɖeka ɖem femaxee. Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si me nèdii le.

□ Miva srɔ Biblia kplim nye aƒe me femaxee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe