Ðe Wò Nuyiwo Le Abe ‘Agba Xɔasiwo’ Enea?
● Blema Fia Salomo ŋlɔ bena: “Sika li, eye adzagba geɖewo hã li; ke sidzedze ƒe nuyiwo la, agba xɔasiwoe wonye.” (Lododowo 20:15, NW) Amewo dea asixɔxɔ sika ŋu tso gbe aɖe gbe ke, eye le Salomo ƒe ŋkekea me la, wodea asixɔxɔ adzagbawo hã ŋu. Ke hã, asixɔxɔ ate ŋu anɔ míaƒe nuyiwo ŋu wu nu mawo. Le mɔ ka nu? Menye le woƒe dzedzeme gome o, ke boŋ le nya siwo míetsɔa wo gblɔnɛ gome.
Nuyi xɔasiwo ɖea nyuiwɔwɔ, dɔmenyo, kple lɔlɔ̃ fiana. Eye “sidzedze ƒe nuyiwo” gblɔa Mawu ŋuti nyateƒe si dze le Biblia me. Ɛ̃, nunya kple mía Wɔla la ŋuti nyateƒenyawo yɔ blemagbalẽ sia fũu, eye mɔfiame nyui, siwo kpena ɖe ame ŋu le agbe me hã le eme.—Yohanes 17:17.
Nublanuitɔe la, ame geɖe zãa woƒe nuyiwo le mɔ gbegblẽ nu to alakpanyawo gbɔgblɔ ɖe Mawu ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo bua fɔ Mawu ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple fukpekpe siwo le xexea me ta, evɔ amegbetɔwo koŋ gbɔe nu siawo tso hafi. Lododowo 19:3 gblɔ tso esia ŋu be: “Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.”—Lododowo 19:3.
Ame aɖewo to aʋatsokaka, ameŋugbegblẽ, alo amegɔmezɔzɔ gɔ̃ hã dzi na asixɔxɔ megava le woƒe nuyiwo ŋu o. Wowɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe le Lododowo 26:23 (NW) ale: “Nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la, le abe sonu gaglɛ si ŋu wofa klosaloŋuka ɖo ene.” Le nyateƒe me la, abe ale si ko “klosaloŋuka” tsyɔa sonu gaglɛ si le ete dzi ene la, ame aɖe ate ŋu ato “nuyi xɔdzo,” si fia be wòaƒo nu kple seselelãme si me dzo le abe ɖe wòle nyateƒe tom ene, dzi aɣla “dzi vɔ̃ɖi” si le esi.—Lododowo 26:24-26.
Gake ame si si dzi vɔ̃ɖi le la mate ŋu aɣlae ɖe Mawu o. Ekpɔa ame si míenye le ememe. Eya ta Yesu Kristo gblɔ be: “Klɔ kplu kple agba la me gbã, ne eŋu hã nakɔ.” (Mateo 23:26) Nya siawo le eme vavã! Gawu la, ne míedza le ememe, eye Ŋɔŋlɔawo me nyateƒenyawo yɔ mía me fũu la, esia akpɔ ŋusẽ ɖe nya siwo míegblɔna dzi. Nu kae anye emetsonua? Míaƒe nuyiwo anɔ abe ‘agba xɔasiwo’ ene, vevietɔ le Mawu ŋkume.—g11-E 05.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Nunyalawo ƒe nuyiwo le abe ‘agba xɔasiwo’ ene