Ale Si Nànye Mawu Xɔlɔ̃
● Nu siae axa 32 gbalẽ gbadza si nye Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃! la akpe ɖe mía ŋu míawɔ. Tanya dodzidzɔname siwo le eme la dometɔ aɖewoe nye “Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃” kple “Mawue Nye Xɔlɔ̃ Nyuitɔ Kekeake Si Nàte Ŋu Adze.” Wotrɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu be wòakpe ɖe nuxlẽlaa ŋu be wòanya Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo.
Le agbalẽa me nyati si nye “Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me” me la, woɖe nu si nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la me eme kɔ nyuie. Gake hafi míate ŋu anɔ agbe le Paradiso si ƒe ŋugbe Biblia do me la, ele be míasrɔ̃ nu tso ale si Mawu di be míasubɔ ye la ŋu. Tanyawo abe “Alesi Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Adze Sii” kple “Tsri Alakpasubɔsubɔ!” ene akpe ɖe ŋuwò nànye Mawu xɔlɔ̃ ahadze eŋu. Míeka ɖe edzi be agbalẽ gbadza sia xexlẽ aɖe vi geɖe na wò.
Àte ŋu abia be woava srɔ̃ Biblia kpli ye hã, eye àte ŋu abia be woaɖo agbalẽa ƒe ɖeka ɖe wò. Wò ya kpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo, eye nàɖoe ɖa to adrɛs siwo le magazine sia ƒe axa 5 lia dometɔ si sɔ na wò la dzi.—g11-E 09.
□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ɖeka ɖem femaxee. Ŋlɔ gbegbɔgblɔ si me nèdii le.
□ Miva srɔ̃ Biblia kplim le nye aƒe me femaxee.