Ðe Wowɔea?
Ʋaʋã Ƒe Xɔtuɖaŋu
● Ʋaʋãwo nye nudzodzoe siwo amewo yɔna be xɔtuɖaŋunyalawo. Susu ka tae?
Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ʋaʋã ƒomevi aɖewo zãa pepa tɔxɛ aɖe si woawo ŋutɔwo wɔna tsɔ wɔa woƒe nɔƒewoe.a Nudzodzoe siawo foa atilã le atiwo, ati takpowo, kpɔtɔtiwo, telefon tiwo, kple xɔtutiwo ŋu. Emegbe woɖua atilã la wòmena nyuie ale be ta si le nu me na wo, si me aŋe ƒomevi aɖe le la, tsakana kplii. Ne woɖui wòme vɔ la, wòtsɔnɛ wɔa pepa si le falɛfalɛ evɔ wòsesẽ ŋutɔ. Azɔ hã, atike vevi aɖewo le woƒe ta si wotsɔ wɔa pepa tɔxɛa la me, si nana be woƒe atɔ si wowɔna la ƒe dzoxɔxɔ sɔna nyuie na azi siwo woaɖa la ƒoƒo le vuvɔŋɔli gɔ̃ hã.
Atilã si woɖu la “nɔa nu me na wo wonɔa tutum vivivi tsɔ nɔa woƒe atɔ la wɔm” va se ɖe esime wowu enu; eƒuna va zua pepa ƒomevi aɖe si me tsi metona o, eye dzogoe ade si me wowɔe ɖo la ganana ŋusẽ nɔa eŋu geɖe wu. Nu si ʋaʋã siwo le nuto siwo me tsi dzana le ŋutɔ me wɔnae nye be, wotsɔa ta geɖe wu tsakana kple atilã la be wòate ŋu anɔ te ɖe tsidzadza geɖe nu. Nudzodzoe siawo tiaa teƒe nyuitɔ si woawɔ atɔ ɖo be wòanɔ dedie. Ne wokpɔ teƒe si sɔ la, wowɔa atɔa henana eƒe mɔnu trɔna ta tu. Nu si ganyo le nudzodzoe siawo ŋue nye be, womeƒoa ɖi nutoa me abe ale si amegbetɔwo ƒe dɔwɔƒe siwo wowɔa pepa le la gblẽa ya, tsi, kple anyigba la ene o!
Mewɔ nuku o be xɔtuɖaŋunyalawo kple numekulawo le nu geɖe srɔ̃m tso ʋaʋã ƒe atɔ ƒe wɔwɔme ŋu kple susu be yewoate ŋu awɔ xɔtunu siwo mekpena fũu o, siwo sesẽ, siwo woate ŋu azã le mɔ vovovowo nu, siwo meƒoa ɖi anyigba o.
Nu kae nèsusu? Ðe nudzodzoe si ƒe ahɔhɔ̃ le sue ŋutɔ abe kekui eve pɛ ko ene la, ate ŋu anya ale si wòawɔ pepa tɔxɛ sia atsɔ awɔ eƒe atɔe le eɖokui sia? Alo ɖe esia le kpe ɖom edzi be wɔla nyanu aɖee le megbe na eƒe ŋutete tɔxɛ sia?—g12-E 02.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ʋaʋã ƒomevi bubuwo hã wɔa wo nɔƒewo kple pepa tɔxɛ si woawo ŋutɔwo wɔ. Wo nɔƒe siawoe woɖaa azi ɖo wòƒona.