Ɣekaɣie Wòle Be Nàdze Nufiafia Viwò Gɔme?
● Ŋutsu aɖe si le Summerville, le South Carolina, United States la ŋlɔ bena, esime ye srɔ̃ fɔ fu ɣleti etɔ̃ megbe la, yemlɔa exa tututu zã sia zã hexlẽa ŋutinya ɖeka tso Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo la me. Vifofo la gblɔ be: “Tso esime Bethiah nye vidzĩ la, míeyi edzi nɔa ŋutinya ɖeka xlẽm nɛ zã sia zã va se ɖe esime míewu agbalẽ bliboa xexlẽ nu zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ.”
Eyi edzi be: “Esi Bethiah dze nuƒo ko la, etea ŋu dea dzesi ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dometɔ geɖe, eye wòtsɔa Biblia me ŋutinya siwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽa me la nɔa fefewo wɔmee. Etea ŋu gblɔa Biblia me ŋutinya geɖewo hã tso susu me.”
Woɖo ŋutinya 116 siwo le agbalẽ gã sia si me nutata dzeaniwo le la ɖe ɣeyiɣi si me ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ geɖe nɔ agbe la nu, si wɔnɛ be nuxlẽlaa tea ŋu kpɔa ɖoɖo si nu nuwo dzɔ le le Biblia me la dzea sii. Ne àdi be axa 256 ƒe agbalẽ sia nasu asiwò la, ekema kpe nudɔgbalẽvi si le ete la ɖo, eye nàɖoe ɖa to adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia dzi.—g12-E 08.
□ Medi be miaɖo agbalẽ sia ɖeka ɖem femaxee.
□ Taflatse miva srɔ̃ Biblia kplim le nye aƒe me femaxee.