Sɔhɛwo Biana Be
Nu Kae Wòle Be Makpɔ Mɔ Na Le Srɔ̃ɖeɖe Me?—Akpa 1
“Ne mía kplii míeli la, dzi dzɔam ale gbegbe! Medi be míaɖe srɔ̃ kaba!”
“Nu siwo dzɔa dzi nɛ la to vovo na nu siwo dzɔa dzi nam. Míeva le abe aƒe ɖeka me nɔlawo dzro ko ene, ke menye abe srɔ̃tɔwo ene o. Metsi akogo ŋutɔ!”
ABE ale si nànya de dzesii ene la, ame si gblɔ nya si le etame la nye nyɔnu tre; ke ame si gblɔ nya si le miame la nye srɔ̃tɔ. Gake nu si mànya de dzesii o ye nye be ame ɖeka ma kee gblɔ nya evea siaa.
Nu ka gbɔe wòtso? Ne èle mɔ kpɔm be yeava ɖe srɔ̃ gbe ɖeka la, nu kae nàwɔ be srɔ̃ɖeɖe me kuxi sesẽwo nagava xɔ ɖe nu nyui siwo nèle mɔ kpɔm na la teƒe o?
Nyateƒenya: Nu si nèle mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe dzidzɔ si nàkpɔ le eme la dzi.
Nyati sia kple “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu si adze le Nyɔ! me la akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ le nu siwo nàkpɔ mɔ na la me.
Nu kawoe wòasɔ be nànɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me? Kpuie ko la:
(1) Kpɔ mɔ na nu nyuiwo
(2) Kpɔ mɔ na kuxiwo
(3) Kpɔ mɔ na nu siwo mèle mɔ kpɔm na o
Na míadzro nu siawo me ɖekaɖeka.
KPƆ MƆ NA NU NYUIWO
Biblia ƒo nu nyui tso srɔ̃ɖeɖe ŋu. (Lododowo 18:22) Nu nyui siwo nàte ŋu akpɔ mɔ na la dometɔ aɖewoe nye esiawo.
Kpeɖeŋutɔ. Biblia gblɔ be esi Mawu wɔ ame gbãtɔ Adam la, Mawu gblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o.” Esia yomee wòwɔ Xawa be wòanye Adam ƒe kpeɖeŋutɔ. (1 Mose 2:18) Mawu na nɔnɔme aɖewo ɖe dzesi le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, gake ewɔ wo ale gbegbe be woasɔ na wo nɔewo. Eya ta ŋutsu kple srɔ̃a nyea kpeɖeŋutɔ siwo sɔ nyuie na wo nɔewo.—Lododowo 5:18.
Zɔhɛ. Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta.” (Nyagblɔla 4:9) Alea tututue wòle le srɔ̃ɖeɖe gome. Brenda,a si nye ɖetugbui aɖe si ɖe srɔ̃ nyitsɔ laa la gblɔ be: “Nu si le vevie ye nye be miawɔ nu aduadu ahabɔbɔ mia ɖokuiwo alɔ̃ faa aɖe asi le nya ŋu ɣeaɖewoɣi.”
Gbɔdɔnyawo. Biblia gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsu natsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema ke na srɔ̃a.” (1 Korintotɔwo 7:3) Ne èɖe srɔ̃ la, àte ŋu akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me le esime màtsi dzimaɖi alo ase veve le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me tsonu wɔnublanuiawo ta o.—Lododowo 7:22, 23; 1 Korintotɔwo 7:8, 9.
Nyataƒonya: Srɔ̃ɖeɖe nye nunana si tso Mawu gbɔ. (Yakobo 1:17) Eya ta ne èwɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi la, àte ŋu akpɔ mɔ na dzidzɔ geɖe le wò srɔ̃ɖeɖe me.
Bu nya sia ŋu: Ðe ƒomea me tɔwo alo ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèbua srɔ̃ɖeɖee dzia? Ekema ame kawoe ɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia me siwo gbɔ nàte ŋu asrɔ̃ nu tsoe?
KPƆ MƆ NA KUXIWO
Biblia gblɔ nyateƒea na mí ku ɖe ale si srɔ̃ɖeɖe le ŋu. (1 Korintotɔwo 7:28) Kuxi siwo nàte ŋu akpɔ mɔ na la dometɔ aɖewoe nye esiawo.
Masɔmasɔwo. Ame eve aɖeke mesɔ o—nu si me wosɔ le koe nye be womede blibo o. (Romatɔwo 3:23) Eya ta aleke kee wòdze abe atsu kple asi aɖe sɔ na wo nɔewoe o, masɔmasɔwo aɖo wo dome ɣeaɖewoɣi. Ɣeaɖewoɣi la, woagblɔ nya tɔame siwo ava ve wo emegbe gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe mewɔa vodada le nuƒoƒo me o la, ame sia nye ame deblibo.” (Yakobo 3:2) Menye srɔ̃tɔ kpɔdzidzedzewo ƒe taɖodzinue nye be yewoaƒo asa na masɔmasɔwo katã o, ke boŋ wosrɔ̃a ale si woaƒo nu tso kuxia ŋu ahakpɔ egbɔ.
Mɔkpɔkpɔ si meva eme o. Ðetugbui si ŋkɔe nye Karen gblɔ be: “Le videodzifefe kple television dzi wɔna geɖewo me la, nyɔnuwo kena ɖe ŋutsu si wobe esɔ na yewo pɛpɛpɛ la ŋu, eyome woɖea wo nɔewo hekpɔa dzidzɔ ɖaa.” Ne atsu kple asi aɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe meva sɔ kple ema o ko la, dzi ɖena le wo ƒo. Ele eme hã be ne amewo ɖe srɔ̃ vɔ la, wogava dea dzesi wo nɔewo ƒe gbagbaƒe bubuwo. Eya ta nu vevi si dzi wòle be woaɖo ŋkui ye nye be lɔlɔ̃ akuakua ‘doa dzi le nuwo katã me,’ ne nu si wòle mɔ kpɔm na la meva eme o gɔ̃ hã.—1 Korintotɔwo 13:4, 7.
Dzimaɖitsitsi. Biblia gblɔ be srɔ̃tɔwo “tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu.” (1 Korintotɔwo 7:33, 34) Dzitsitsi sia sɔ le dzɔdzɔme nu, eye wònyo le go geɖe me gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu asesẽ na mi be miakpɔ miaƒe nuhiahiãwo gbɔ, si awɔe be wòava hiã be mi ame evea siaa miawɔ dɔ atsɔ akpɔ nuɖuɖu, nudodowo kple xɔnyawo gbɔ. Gake ne miewɔ nu aduadu la, miate ŋu akpɔ dzidzedze le ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me.—1 Timoteo 5:8.
Nyataƒonya: Zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe mesesẽ abe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ene o. Srɔ̃ɖegbenɔnɔ bia aɖaŋudzedze kple ŋusẽdodonu geɖe wu, gake miate ŋu akpɔ dzidzedze.
Bu nya sia ŋu: Ne masɔmasɔ ɖo mia kple dziwòlawo alo nɔviwòwo dome la, aleke nèkpɔa wo gbɔ fifia? Ne nuwo mele yiyim abe ale si nèkpɔ mɔ nɛ ene o la, aleke nèwɔa nui? Ðe nètea ŋu nɔa te ɖe dzimaɖitsitsiwo nua?—g12-E 09.
LE “SƆHƐWO BIANA BE” . . . ƑE NYATI BUBU ME LA Aleke Biblia me gɔmeɖosewo ate ŋu adzra wò ɖo ɖe nu siwo mèle mɔ kpɔm na o la ŋu?
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr2711.com
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
[Aɖaka si le axa 22]
NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ
Brittany—Mekpɔe be masɔ be ame naxa ɖe ale si amewo le ebiam edziedzi be, “Ɣekaɣie nèle srɔ̃ ɖe ge?” ta ko adi be ye hã yeaɖe srɔ̃ o. Ne kuxiwo do mo ɖa la, wò ŋutɔe anɔ wo nu, ke menye ame siwo ƒoe ɖe nuwò be nàɖe srɔ̃ lae o.
Ciara—Amewo ƒe seselelãmewo ate ŋu awɔe be womanɔ nuwo ŋu bum nyuie o. Le esia ta, mesusu be ele be mía dzilawo nawɔ akpa vevi aɖe le ame si míaɖe la tiatia me. Wodze si mí nyuie, eya ta woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ame si sɔ na mí.
[Aɖaka si le axa 23]
NU KAE NYE WÒ SUSU?
Josh kple Melanie le gbeɖoɖoɖi me abe ƒe ɖekae nye esia. Le ɣeyiɣi sia me la, zi evee wòsusɔ vie woaklã. Zi gbãtɔ la, Josh ye di be yeaɖe asi le Melanie ŋu, elabena etso Melanie nu be enɔ ahiãmoe ɖom na ɖekakpui bubuwo. Zi evelia la, Melanie ye di be yeaɖe asi le Josh ŋu, elabena eƒe amenutsotsoawo va wu tsɔtsɔ nɛ. Wote ŋu dzra wo nɔewo dome ɖo le go evea siaa me.
Nu kae nye wò susu? Ðe nèkpɔ kuxi aɖewo le ame eve siawo ƒe zɔzɔ ŋua? Nu kae ale si Josh kple Melanie dome klã kloe zi eve la ɖe fia? Ke hã, nu kae nèkpɔ tso ale si wote ŋu dzra wo nɔewo dome ɖo la ŋu? Nu kawoe nèsusu be Josh kple Melanie ate ŋu akpɔ mɔ na ne wova ɖe wo nɔewo?
[Aɖaka si le axa 23]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Mia kple dziwòlawo midzro aɖaka si nye “Nu Kae Nye Wò Susu?” la me. Kpɔe ɖa be ɖe nu si wosusu tso Josh kple Melanie ŋu la to vovo na tɔwò hã.