INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 3/13 axa 3
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexe bliboa
  • Britain kple United States
  • Argentina
  • South Korea
  • China
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2003
  • Anyigba la ƒe Dzɔdzɔmenuwo Le Vɔvɔm
    Nyɔ!—2005
  • Agbagbadzedze Be Woana Nuɖuɖu Ame Miliɔn Akpe Ðeka
    Nyɔ!—2005
  • Nyagblɔɖi 2. Dɔwuame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 3/13 axa 3

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Xexe bliboa

Dɔwuame ɖeɖe ɖa le xexea me bia nu geɖe wu agble geɖe dede ko. Wobu akɔnta be, agble si dem wole fifia ate ŋu anyi ame miliɔn akpe 12. Esia gbɔ ame agbɔsɔsɔ si le anyigba dzi fifia ŋu miliɔn akpe 5 sɔŋ. Nu siwo gbɔ kuxia tso koŋue nye viɖe geɖe didi, afi si woɖoa nuɖuɖuawo ɖo kple bemalémale na agblemenukuawo.

Britain kple United States

Gadzraɖoƒedɔwɔla kple gasitsala bibi siwo wobia gbee la dometɔ 24 le alafa me gblɔ be “ahiã be yewoada dɔwɔsewo dzi alo ato mɔ fitifiti aɖe dzi be nu nadze edzi na yewo.” Wo dometɔ 16 le alafa me gblɔ be ne ehiã be yewoada adzo ame kura gɔ̃ hã la, yewoawɔe “ne womanya lé yewo o ko.”

Argentina

Le Argentina la, nufiala 3 le 5 ɖe sia ɖe me biaa mɔ le dɔ me hetsia aƒe me le dɔa ƒe nuteɖeamedziwo loo alo ŋutasẽnuwɔwɔ siwo yia edzi le dɔa me ta.

South Korea

Le South Korea la, eteƒe madidi o ame akpa gãtɔ maganɔ aƒe me kple ame bubuwo o, ke boŋ ame ɖekaɖekawo ŋutɔwo ɖeɖe anɔ aƒe me.

China

China dziɖuɖua wɔ se yeye aɖe ku ɖe ale si woakpɔ ya nyui agbɔ le dukɔa me ŋu si adze dɔwɔwɔ gɔme le ƒe 2016 me. Gake amewo susui be dugã 2 le 3 ɖe sia ɖe me mate ŋu aɖo nudidi sia gbɔ o. Wokpɔe hã be tometsiwo “meganyo na nono o alo be wogblẽ kura.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe