-
Nu Ka Tae Míeƒlea Nu?Nyɔ!—2013 | June
-
-
NYATI SI LE AKPAA DZI: ÐE MÍELE NU ƑLEM FŨU AKPA?
Nu Ka Tae Míeƒlea Nu?
Esi wobia gbe ame aɖewo le xexea me godoo le ƒe 2012 me la, woƒe afã gblɔ be yewoƒle nu siwo mehiã yewo hafi o. Wo dometɔ eve le etɔ̃ ɖe sia ɖe me se le wo ɖokui me be amewo le nu ƒlem fũu akpa. Ðewohĩ woƒe nyawo le eme. Fe vu bla nuƒlela geɖewo. Numekulawo gblɔ be le esi teƒe be nu geɖe ƒeƒle nana míaƒe dzi nadze eme la, nuteɖeamedzi kple dzidzɔmakpɔmakpɔ sɔŋ koe wòhena vanɛ na mí! Ke nu ka tae míegakpɔtɔ le nu ƒlem fũu?
NUDZRALAWO ƒe boblododo le agbogbo dom ɖe mí nuƒlelawo dzi. Nu kae nye boblodola siawo ƒe taɖodzinu? Eyae nye be, yewoana amewo nabu nu siwo dzroa wo la be wonye nu siwo yewohiã vevie boŋ. Nudzralawo nyae be zi geɖe la ale si nuƒlelawo sena le wo ɖokui me lae ʋãa wo woƒlea nu. Eya ta nudzralawo trɔ asi le woƒe boblododowo kple nudzadzrawo ŋu be woawɔ dɔ gã aɖe ɖe amewo ƒe seselelãmewo dzi.
Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso nuƒeƒle ŋu la gblɔ be: “Zi geɖe hafi amewo naƒle nu la, wonɔa drɔ̃e kum nu si dim wole, ale si woawɔ ake ɖe eŋu kple ale si woawɔ wòasu wo si la vevie.” (Why People Buy Things They Don’t Need) Nuƒeƒleŋutinunyala aɖewo susui be ne amewo le nu ƒlem la, wotsia dzi ɖe nua ŋu ale gbegbe be lãmetsi si nana ame wɔa nu kpata la dzina ɖe lãme na wo. Boblododoŋutinunyala Jim Pooler gblɔ be: “Ne nudzralaa de dzesi seselelãme sia le nuƒlelaa ŋu la, ate ŋu anɔ te ɖe esia dzi awɔ ale si nuƒlelaa tsi dzi ɖe nua ŋu vevie kple ale si wòdze kɔtɛe be mate ŋu ado kpo eƒeƒle o la ŋu dɔ ana wòaƒlee godoo.”
Nu kae nàte ŋu awɔ be nudzrala dzeaɖaŋuwo ƒe boblododo nagakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o? Ðu wò seselelãmewo dzi, eye nàtsɔ ŋugbe si dom boblodolawo le la sɔ kple ale si nuwo le ŋutɔŋutɔ.
WODOA ŊUGBE BE: “Ana Nàkpɔ Dzidzeme”
Naneke megblẽ le eŋu be ame nadi be yeakpɔ dzidzeme le agbe me o. Gake nudzralawo tsɔa nyatakaka gbogbo aɖewo nɔa eƒom ɖe mía nu be ne míeƒle adzɔnu nyuitɔwo la míate ŋu aɖi kɔ na míaƒe didiwo katã, eɖanye lãmesẽ, dedienɔnɔ, vovo tso nuteɖeamedzi si me kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo o.
NYATEƑEAE NYE BE:
Ne ame ƒe nunɔamesiwo le dzidzim ɖe edzi la, eƒe dzidzemekpɔkpɔ ate ŋu anɔ to yim. Ne nu geɖe le ame si la, ahiã ga kple ɣeyiɣi geɖe wu be wòatsɔ alé be na wo. Ne fenyinyi do agba ɖe ame dzi la, enana nu tena ɖe edzi geɖe wu, eye megakpɔa vovo ɖe eƒe ƒomea kple exɔlɔ̃wo ŋu o.
Gɔmeɖose: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.”—Luka 12:15.
WODOA ŊUGBE BE: “Ana Nàzu Bubume Kple Ame Ŋkuta”
Ame ʋɛ aɖewo koe alɔ̃ ɖe edzi be ɖe yewoƒlea nu be amewo nakpɔ yewo. Gake Jim Pooler gblɔ be: “Ne amewo le nu ƒlem la, nɔnɔme vevi aɖe si ɖea dzesi le wo ŋue nye be wole ho ʋlim kple wo xɔlɔ̃wo, aƒelikawo, dɔwɔhatiwo kple ƒometɔwo.” Esia tae le boblododowo me la, woɖea ame ŋkutawo fiana wonɔa dzidzɔ kpɔm ɖe nu si ƒe boblo dom wole la ŋu. Nya si gblɔm boblodola siawo le na nuƒlelawoe nye be: “Wò hã ate ŋu anɔ abe ame siawo ene!”
NYATEƑEAE NYE BE: Ame ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo be yeakpɔ ɖa be bubu le ye ŋu mahã la nana be ame mekpɔa ŋudzedze le eɖokui ŋu gbeɖegbeɖe o. Kakaa eƒe asi nasu nu si dim wòle vevie dzi ko la, nu bubu si lolo wu ema tea edzodzro enumake.
Gɔmeɖose: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o.”—Nyagblɔla 5:9.
WODOA ŊUGBE BE: “Ana Woanya Ame Si Nènye”
Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, mɔ ɖeka si dzi míetona nana amewo nyana ame si míenye (alo di be míanye) lae nye ale si míezãa míaƒe nunɔamesiwo alo ɖea wo fianae.” (Shiny Objects) Boblodolawo nya esia nyuie, eya ta wodzea agbagba trɔa asi le woƒe boblododowo ŋu be woadze abe ame siwo zãa woƒe adzɔnuwo, vevietɔ atsyɔ̃ɖonuwo la, nye ame kpɔdzidzedzewo kple ame ɖɔʋuwo.
Aleke nèbua ɖokuiwò, eye aleke nèdi be amewo nabu yee? Agbeɖuvia? Kamedefefewɔlaa? Ame ka kee nèdi be yeanye o, boblodolawo ado ŋugbe na wò be ne wò ya ènya ƒle adzɔnu nyuitɔ ko la, àzu ame si nèdi be yeanye.
NYATEƑEAE NYE BE:
Adzɔnu aɖeke ƒeƒle mate ŋu atrɔ ame si nènye ŋutɔŋutɔ alo ana nɔnɔme nyuiwo, abe anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ ene, nasu asiwò o.
Gɔmeɖose: “Migana miaƒe atsyɔ̃ɖoɖo nanye . . . sikanuwo alo awudziwuiwo dodo . . . o, ke boŋ mina wòanye dzi me ƒe ame ɣaɣla.”—1 Petro 3:3, 4.
-
-
Ale Si Nàƒo Asa Na Nuƒeƒle Fũu AkpaNyɔ!—2013 | June
-
-
Ale Si Nàƒo Asa Na Nuƒeƒle Fũu Akpa
To vovo na boblodolawo ƒe nyaƒoɖeamenuwo la, míawo ŋutɔwo ƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔe be míatsɔ nuƒeƒle fũu aɖo dɔe. Na míakpɔ aɖaŋuɖoɖo ade siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na nuƒeƒle fũu la ɖa.
Ƒo asa na nu ƒeƒle eŋu mabumabui. Ðe nuƒeƒle kple nu siwo dzram wole ho kpɔtsɔe kpɔkpɔ doa dzidzɔ na wòa? Ne nenemae la, ele bɔbɔe be nàƒle nu eŋumabumabui. Be nàƒo asa na esia la, gbɔ dzi ɖi nàbu nu si tututu nu siawo ƒeƒle, woƒe asiwò nɔnɔ kple beléle na wo ava bia tso asiwò le etsɔme la ŋu. Tɔ sẽe nàde ŋugble le nu siwo nèƒle kpɔ wo ŋu mabumabui eye wòva ve wò emegbe la ŋu. Na ɣeyiɣi ɖokuiwò nàtsɔ ade ŋugble le nyaa ŋu hafi nàtso nya me mlɔeba.
Ƒo asa na nu ƒeƒle be nàtsɔ atsi seselelãme ɖefunamewo nu. Nuwo ƒeƒle ate ŋu ana be seselelãme ɖefunamewo nu natsi ɣeyiɣi vi aɖe ya. Gake ne seselelãme mawo gava la, ɖewohĩ àgadi vevie wu tsã be yeakpɔ gbɔdzɔe to nuwo ƒeƒle me ake. Le esi nàtsɔ nuƒeƒle aɖo dɔe be nàtsɔ atsi wò seselelãme ɖefunamewo nu teƒe la, di xɔlɔ̃ siwo akpe ɖe ŋuwò alo kpɔ gome le kamedefefewo abe azɔlizɔzɔ ene me.
Mègana nuƒeƒle nazu modzakaɖenu na wò o. Fiase gãgãwo na be nuƒeƒle dzena abe modzakaɖeɖe ko ene. Togbɔ be àte ŋu aɖi tsa ayi fiase gãwo me alo atsa le Internet dzi atsɔ aɖe modzakae hã la, ɖe wotrɔ asi le nu siwo nàkpɔ le afi ma la ƒe akpa gãtɔ ŋu be woanyɔ nuƒeƒle ƒe didi ɖe mewò. Ðoe be ne yeɖo nane koŋ be yeaƒle ko hafi yeayi fiase me, eye ne èyi la ƒle nu ma dzaa ko.
Ðɔ ŋu ɖo le ame siwo nèdea hea kpli la ŋu. Xɔ̃wòwo ƒe agbenɔnɔ kple nyagbɔgblɔwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wò dzodzrowo dzi. Ne èƒlea nu fũu be yeasɔ kple ye xɔlɔ̃wo la, ke tia xɔlɔ̃ siwo ga kple nunɔamesiwo menyea nu vevitɔ na o.
Ðɔ ŋu ɖo le agbananuƒlegbalẽviwo zazã me. Agbananuƒlegbalẽviwo ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nànɔ nuwo ƒlem emetsonuwo ŋu mabumabui. Dze agbagba nàxe fe siwo katã nènyi le agbananuƒlegbalẽvia zazã me la ɣleti sia ɣleti. Nya demee siwo woɖena le ga me na wò le wò agbananuƒlegbalẽvi zazã atsɔ aƒle nue ta kple fe siwo nèxena ɖe eta, eye tsɔ agbananuƒlegbalẽvi vovovowo sɔ kple wo nɔewo ale be nàtia esi ade dziwò wu. Kpɔ nyuie le nuƒlegbalẽvi siwo ŋu fewo sɔ gbɔ akpa, eye wonaa mɔnukpɔkpɔ siwo mèhiã o la ŋu. Ne èdi be yeaƒle nane si ƒe home sɔ gbɔ la, dzra ga ɖo nàƒlee asiasi wu be nàƒlee agbana.
Ga agbɔsɔsɔ si le asiwò la nenɔ nyanya na wò. Ele bɔbɔe be nàƒle nu fũu ne mènya ga agbɔsɔsɔme si le asiwò o. Wɔ ga siwo nèzãna la ŋuti nuŋlɔɖi ɣesiaɣi, eye ga siwo katã le asiwò nenɔ nyanya na wò. Nɔ te ɖe ga siwo nèkpɔna le ɣletia me kple zazã siwo nèwɔ va yi dzi nàwɔ ɖoɖo ɖe ga siwo nàzã le ɣletia me ŋu. Wò ŋku nenɔ wò gazazãwo ŋu, eye nàtsɔe anɔ sɔsɔm kple ga si nèwɔ ɖoɖo be yeazã. Bia tso xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo la si be wòaɖe gaŋutiɖoɖo siwo gɔme mèse o la gɔme na wò.
-