INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 6/13 axa 12-13
  • Tsaɖiɖi Yi Panama

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Panama
  • Nyɔ!—2013
Nyɔ!—2013
g 6/13 axa 12-13

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Panama

ÐEWOHĨ nu si wonya na Panama nyuie wue nye eƒe tsimɔ si tso Atlantik va do ɖe Pasifik atsiaƒu gã la me. Esi wònye Panama ye tsiã anyigbagã siwo nye Dziehe Amerika kple Anyiehe Amerika ta la, ena kadodo le dukɔ kple dome hã. Ameƒomevi vovovowo kple dekɔnu vovovowo le afi ma. Dua me tɔwo ƒe akpa gãtɔ nye dumevi dzidziwo kple Europatɔwo ƒe dzidzimeviwo.

ÈNYAA? Panamatɔwo ƒe akpɔkplɔ vevi (Atelopus zeteki) sia “ʋuʋua” asi tsɔ yɔa asi alo tsɔ nyaa atsu bubuwo ɖa

Le ƒe 1501 me, esi Spaintɔ du yeye dilawo va Panama la, wova ke ɖe Panama-vi dzidziwo ƒe to alo hlɔ̃ geɖewo ŋu, eye to mawo dometɔ aɖewo gakpɔtɔ li va se ɖe egbe. To siawo dometɔ ɖekae nye Guna (eye woyɔa wo tsã be Kuna). Guna toa me tɔ geɖewo le San Blas Ƒukpohatsotsoa ƒe akpa aɖe si dumevi dzidziwo le kple liƒo si le Carib Ƒuta le afi si te ɖe liƒo si le Panama kple Colombia dome la ŋu. Le nuto mawo me la, wodaa ade, wotsɔa akrowo dea tɔƒo, eye woawo ŋutɔwo dea woƒe agble ɖuna.

Le Gunatɔwo dome la, ne ŋutsu ɖe srɔ̃ la, eʋuna ɖatsia srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ henɔa dɔ wɔm na wo. Ne srɔ̃a dzi nyɔnuvi ko hafi eya kple eƒe ƒomea ate ŋu aʋu adzo le srɔ̃a ƒe ƒometɔwo gbɔ aɖanɔ wo ɖokuiwo si.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 300 ye le Panama. Tsɔ kpe ɖe Spaingbe ŋuti la, Ðasefowo wɔa kpekpewo le Chinagbe, Eŋlisigbe, Gujaratigbe, Gunagbe, Haititɔwo ƒe Creolegbe, Ngaberegbe, kple Panama Tokunɔgbe hã me.

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: 3,629,000

  • Fiadu: Panama City

  • Gbegbɔgblɔ vevitɔ: Spaingbe

  • Dziɖuɖu ƒomevi: Demokrasi

  • Yame ƒe nɔnɔme: Anyigba xɔdzo

  • Anyigba: Avewo le to siwo dzi fana, gbadzaƒe damawo kple ave siwo me tsi dzana le fũu. Ƒukpo siwo wu 1,600 xɔ eƒe ƒuta eveawo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe