INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/13 axa 8-11
  • Nu Etɔ̃ Siwo Ga Mate Ŋu Aƒle O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Etɔ̃ Siwo Ga Mate Ŋu Aƒle O
  • Nyɔ!—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gazazã Nyuie
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
  • Ga
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 10/13 axa 8-11

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Etɔ̃ Siwo Ga Mate Ŋu Aƒle O

EWƆ nuku ŋutɔ be ame geɖe ɖonɛ kplikpaa be yewoƒe asi nasu nu sia nu si woate ŋu aƒle kple ga la dzi nenye be esia ana dɔ nagblẽ na wo, woƒe aƒe kple dzudzɔxɔledɔmega natsi eme gɔ̃ hã.

Boblodola siwo doa boblo kple susu be yewoaxɔ ta le amewo si ne woaƒle yewoƒe nuwo la gblɔna be ele be aƒe gã, ʋu nyui kple awu siwo le tsia dzi la nanɔ ame si, eye woƒe nya siawo tea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame siawo tɔgbi dzi bɔbɔe. Ga mele asiwò oa? Mègatsi dzi o, míadzrae na wò agbanae! Le nuƒlela siawo dometɔ geɖe gome la, wodi be amewo nasusui be kesinɔtɔwoe yewonye, evɔ wòhenye be femewoe wonye hafi.

Gake mlɔeba la, ɖeko wòva kea dzo ɖe mo na wo. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nu siwo le tsia dzi ƒeƒle be amewo nakpɔ be kesinɔtɔwoe yewonye le ko abe ale si ame nano kokein sesẽ be yeƒe lãme nanɔ nyuie ene. Le gɔmedzedzea me la, nu eve siawo dzena abe ɖe womegblẽa ga na ame o eye wodea ame dzi ŋutɔ ene. Gake mlɔeba la, ɖe nuwɔna eve siawo va wɔnɛ be ame ɖoa ko hezua blanuiléla.”​—The Narcissism Epidemic.

Biblia gblɔ ale si “ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ” la nye bometsinuwɔnae la na mí. (1 Yohanes 2:16) Nyateƒeae nye be dzitsitsi ɖe nunɔamesiwo ŋu fũu akpa hea míaƒe susu ɖa le nu siwo hiã vevie wu, siwo womate ŋu aƒle kple ga o, la ŋu. Na míakpɔ nu siawo dometɔ etɔ̃ ɖa.

1. ƑOME SI WƆ ÐEKA

Brianne,a si nye ƒewuivi aɖe le United States se le eɖokui me be ye fofo tsia dzi ɖe eƒe dɔwɔɖui kple ga si esia ahe vɛ nɛ la ŋu akpa. Egblɔ be: “Nu bɔ ɖe mía si wu esi míehiã, gake papa menɔa aƒe me gbeɖe o, mɔzɔzɔ dzi ko wònɔna. Menya be eƒe dɔwɔɖuia tae ya, gake mesusui be ele be wòanɔ eƒe ƒomea hã gbɔ!”

Bu nya sia ŋu: Vevesese kae esia ava nye na Brianne fofo emegbe? Ŋusẽ kae ale si Brianne fofo vuna ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu la ava kpɔ ɖe eya kple via ƒe ƒomedodo dzi? Nu kae eƒe ƒomea hiã si le vevie wu ga?

Biblia me mɔfiame siwo ŋu nàbu:

  • “Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃, ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la . . . [tsɔa] veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.”​—1 Timoteo 6:10, Agbenya La.

  • “Ama agba ɖeka, si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami, si ŋu fuléle kpe ɖo.”​—Lododowo 15:17.

Nya vevitɔ: Ga mate ŋu aƒle ƒome si wɔ ɖeka o. Vovokpɔkpɔ ɖe ƒomea ŋu, wo lɔlɔ̃ kple beléle na wo koe ate ŋu ana ƒomea nawɔ ɖeka.—Kolosetɔwo 3:18-21.

2. DEDIENƆNƆ VAVÃ

Sarah si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Danye gblɔna nam ɣesiaɣi be maɖe kesinɔtɔ gã aɖe, eye masrɔ̃ asinudɔ nyui aɖe hã ale be ne ga megava le srɔ̃nye si o la mate ŋu akpɔ ɖokuinye dzi. Edze abe afi si wòakpɔ ga le anɔ xɔxɔm ɣesiaɣi koe le vevie nɛ ene.”

Bu nya sia ŋu: Ne èle etsɔme ŋu bum la, nu siwo sɔ kawo ŋue nètsia dzi ɖo? Ɣekaɣie dzitsitsi ɖe nu siwo sɔ ŋu va zua dzimaɖitsitsi si gbɔ eme? Aleke Sarah dada awɔ ada asɔ le ale si wòbua ganyawoe me?

Biblia me mɔfiame siwo ŋu nàbu:

  • “Midzudzɔ nu xɔasiwo nu ƒoƒoƒu na mia ɖokui ɖe anyigba dzi, afi si agbagblaʋui kple ɣebia gblẽa nu le, eye fiafitɔwo dzea kpɔ va fia fi le.”​—Mateo 6:19.

  • “Mienya nu si miaƒe agbe ava zu etsɔ o.”​—Yakobo 4:14.

Nya vevitɔ: Menye kɔlili ga ɖie ana míanɔ dedie le etsɔme o. Le nyateƒe me la, fiafitɔwo ate ŋu ava fi ga adzoe, eye kura gɔ̃ hã ga mate ŋu axe mɔ na dɔléle kple ku o. (Nyagblɔla 7:12) Biblia fia nu be nu si gbɔ dedienɔnɔ vavãtɔ tsonae nye be míanya Mawu kple eƒe tameɖoɖo.​—Yohanes 17:3.

3. ŊUDZEDZEKPƆKPƆ ÐE NU SI LE AME SI ŊU

Ðetugbui si ŋkɔe nye Tanya si xɔ ƒe 24 gblɔ be: “Dzinyelawo fiam ale si manɔ agbe tsɛ. Nye kple nye vedzɔ míekpɔa dzidzɔ esime míenɔ tsitsim, togbɔ be zi geɖe la, agbemenuhiahiã siwo asu na mí la koe nɔa mía si hã.”

Bu nya sia ŋu: Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míakpɔ ŋudzedze ɖe agbemenuhiahiã siwo le mía si la ŋu? Aleke nèwɔa nu ɖe ga ŋue, eye kpɔɖeŋu kae nèɖona na wò ƒomea le go sia me?

Biblia me mɔfiame siwo ŋu nàbu:

  • “Esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.”​—1 Timoteo 6:8.

  • “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”​—Mateo 5:3.

Nya vevitɔ: Menye ga kple nu siwo ga ate ŋu aƒle lae nye nu vevitɔ le agbe me o. Ðeko wòle abe ale si Biblia gblɔe ene be: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, eƒe agbe menɔa te ɖe nu siwo le esi la dzi o.” (Luka 12:15) Nyateƒee, dzidzeme gãtɔ si míate ŋu akpɔ le agbe me nɔ te ɖe nyabiase vevi aɖewo ƒe ŋuɖoɖo kpɔkpɔ dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye:

  • Nu ka tae míele afi sia ɖo?

  • Nu kae adzɔ le etsɔme?

  • Aleke mawɔ ana nye kple Mawu dome nanɔ nyuie?

Adzɔ dzi na magazine sia talawo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo.

a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

Ðe Wònana Wokpɔa Dzidzɔa?

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, ame siwo tia ŋutilãmenuwo yome mekpɔa dzidzɔ boo o eye woawɔe léa blanui wu. Didi be ga geɖe nasu ame si ɖeɖe dzaa tea ŋu wɔnɛ be amewo ƒe susu menɔa ŋute o; eye woléa dɔ geɖewo abe vemewɔabi, dzimeve kple taɖuame ene, eye ele bɔbɔe be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe aha geɖe nono kple atike vɔ̃ɖiwo zazã me. Edze kɔtɛe be agbagbadzedze be yewoazu gatɔ na amewo zu nublanuitɔwo boŋ.”​—The Narcissism Epidemic.

“Amewo Ƒe Susu Trɔ”

“Le ƒe 1960 kple ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze esi wobia sukuvi gbogbo aɖewo be woagblɔ susu si tae wodea suku kɔkɔ ɖo la, wo dometɔ geɖe gblɔ be yewodea suku kɔkɔ kple susu be ‘yewoazu agbalẽnyalawo’ alo be ‘xexemenunya nasu yewo si le agbe me.’ Ɣemaɣi la, ame ʋɛ aɖewo koe dea suku kɔkɔ kple susu be ‘yewoakpɔ ga geɖe.’ Tso ƒe 1990 ƒe gɔmedzedze la, ame akpa gãtɔ gblɔ be susu vevitɔ si tae yewodea suku kɔkɔ ɖo ye nye be ‘yewoakpɔ ga geɖe’ . . . Le ɣeyiɣi ma ke me la, blanuiléledɔ, ameɖokuiwuwu kple tagbɔdɔléle bubuwo dzi ɖe edzi le ame siwo dea suku kɔkɔ be yewoakpɔ ga geɖe la dome.”​—The Price of Privilege, si Ðɔkta Madeline Levine ta.

“Dzidzemetike”

Ðɔkta Madeline Levine gblɔ be gazazã ate ŋu azu “dzidzemetike” si nana amewo ƒe dzi dzea eme le xexe sia si me ƒometɔwo, aƒelikawo kple sɔlemehawo me tɔwo megatsɔa ɖeke le eme na wo nɔewo o la me. Eŋlɔ le eƒe agbalẽa (The Price of Privilege) me be: “Nuƒeƒle nye mɔ siwo dzi míetona kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nutoa me dzi la dometɔ ɖeka. Enana míezua nuƒlelawo, eye wònana míesena le mía ɖokui me be míekpɔ ŋusẽ. Ŋusẽ sia tɔgbi nye ŋusẽ gbɔlo ko . . . Ame siwo koŋ si ŋusẽ le woe nye dɔwɔƒe gãwo kple boblodola siwo woxɔ be woado boblo yewoƒe nudzadzrawo ale be woana nuƒlelawo woasusui be nu si ƒlem yewole la ate ŋu ana ŋusẽ yewo alo akpɔ yewo ta.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe