INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 12/13 axa 8-9
  • Tsaɖiɖi Yi Brazil

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Brazil
  • Nyɔ!—2013
Nyɔ!—2013
g 12/13 axa 8-9

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Brazil

Nuɖuɖu vivi si woyɔna be feijoada la nye Braziltɔwo ƒe nuɖuɖu

Xevi dɔlɔbɔ

BRAZILTƆ gbãtɔwo nye adedalawo kple agbledelawo. Portugaltɔ du yeye dilawoe tsɔ Katolikoha vɛ, eye wotu sɔlemexɔ kple gbedoxɔ geɖewo. Wotsɔ atinu kpakpɛ siwo ŋu wofa sika ɖo la ɖo atsyɔ̃ kpeɖii na xɔ siawo dometɔ aɖewo.

Tso ƒe 1500 ƒe domedome va se ɖe ƒe 1800 ƒe domedome la, wotsɔ tɔdziʋu lɔ kluvi siwo ade miliɔn ene tso Afrika va Brazil be woawɔ dɔ le agblewo dzi. Kluvi siawo tsɔ woƒe kɔnuwo va Brazil. Kɔnu siawo va zu Braziltɔ siwo nye Afrikatɔwo ƒe dzidzimeviwo la ƒe subɔsubɔha siwo dometɔ aɖewoe nye macumba kple candomblé. Afrikatɔwo ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe Brazil hadzidzi, ɣeɖuɖu kple woƒe nuɖuɖuwo dzi.

Braziltɔwo ƒe nuɖuɖuwo dometɔ ɖekae nye feijoada si wosrɔ̃ tso Portugaltɔwo gbɔ. Enyea tadi siwo wotsɔa lã kple ayi yibɔ wɔna, eye wotsɔa mɔlu kple gboma ƒomevi aɖe ɖunɛ. Le ƒe 1800 kple ƒe 1900 me la, ame miliɔn geɖe ʋu tso Europa (vevietɔ tso Germany, Italy, Poland kple Spain), Japan kpakple dukɔ bubuwo me va tsi Brazil.

Egbea, Yehowa Ðasefo 750,000 aɖewoe le Brazil dukɔa me godoo, eye woƒe hamewo le 11,000. Wosrɔ̃a Biblia kple ame 800,000 kple edzivɔwo. Yehowa Ðasefo xɔtudɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo 31 woe le dukɔa me eye woyia nuto vovovowo me ɖakpena ɖe Ðasefo siwo le nuto mawo me ŋu wotua Fiaɖuƒe Akpatawo hedzraa bubuwo ɖo ale be woƒe haxɔsetɔwo nakpɔ teƒe siwo woawɔ kpekpewo le. Fiaɖuƒe Akpata siwo wotuna kple esiwo wodzrana ɖo ƒe sia ƒe la ƒe xexlẽme nye 250 va se ɖe 300. Tso March 2000 va se ɖe fifia la, wowu Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ 3,647 nu.

Amazon-tɔsisi ƒe nutoa mee xexea me ƒe ave dodo gãtɔ kekeake le

ÈNYAA?

Amazon-tɔsisia me tsiwo sɔ gbɔ wu tɔsisi ɖe sia ɖe tɔ, eye wòkeke kilometa 6,275 kple edzivɔ

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: Miliɔn 201

  • Fiadu: Brasília

  • Gbegbɔgblɔ: Portugalgbe kple degbe 180 kple edzivɔwo

  • Ŋkɔ: Woɖee ŋkɔ Brazil tso ati si woyɔna be brazil-ti (Caesalpinia echinata) ƒe ŋkɔ me. Wodea asixɔxɔ ati sia ŋu ɖe amadenu hẽ si woɖena tso eme ta.

  • Yame ƒe nɔnɔme: Yame xɔa dzo eye fifia wɔna le dziehe gome; le anyiehe gome la, yame mexɔa dzo tututu o eye sno hã dzana le towo dzi ɣeaɖewoɣi

  • Anyigba: Brazil ƒe kekeme ade Anyiehe Amerika ƒe afã kloe. Afi mae tɔsisi gãtɔ siwo le xexea me la dometɔ ɖeka le

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe