INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/14 axa 3
  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • United States
  • Italy
  • Malaysia
  • Afrika
  • Australia
  • Ŋgɔyiyi Siwo Wowɔ le Aʋa si Woho ɖe AIDS ŋu Me
    Nyɔ!—2005
  • AIDS Datike—Ehiã Kpata!
    Nyɔ!—2005
  • Dɔxɔleameŋuwo—Wogblẽa Nu Gake Woate Ŋu Axe Mɔ na Wo
    Nyɔ!—2001
  • Nukae Gblẽ Le Tsatsadada Ŋu?
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 2/14 axa 3

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

United States

New York Times nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be “dɔwɔla siwo noa sigaret gblẽa . . . Amerika dɔlar 5,816 dome na woƒe dɔtɔwo ƒe sia ƒe ne wotsɔe sɔ kple esiwo menonɛ o.” Le nyatakaka siwo numekula siwo le Ohio State Yunivɛsiti xɔ nu la, tɔtɔ sẽe ano sigaret, ga siwo wogblẽna ɖe sigaretnolawo ƒe lãmesẽ ŋu, kple dɔmemademade gbɔe gagbegblẽ sia tso. Nu bubu si gbɔ wòtsonae nye ale si dɔwɔla siawo tɔgbi megatea ŋu wɔa dɔ tututu o le esi sigaretnono na woƒe lã me gbɔdzɔ ta.

Italy

Papa Francis

“Ale si sɔlemehakplɔlawo kple woƒe hameviwo ƒe agbenɔnɔ mewɔa ɖeka kple nya siwo wogblɔna o la na be amewo megava le kakam ɖe Sɔlemehaa dzi o.”​—Papa Francis.

Malaysia

Malaysia dziɖuɖumegãwo lé nyiɖu siwo wotsɔ gbã dee

Malaysia dziɖuɖumegãwo lé nyiɖu tɔn 24 si nye atiglinyi 1,000 kple edzivɔ ƒe nyiɖuwo, siwo wotsɔ ɣla ɖe meli eve siwo lɔ mahogani la me. Nutometakpɔlawo gblɔ be esiae nye degbãnu gbogbotɔ kekeake si dzi asi su kpɔ. Meli siwo tsɔ nu siawo la tso Togo heɖo ta China.

Afrika

Afrika-ŋutsu

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta le ƒe 2012 me be dɔ xɔleameŋuwo, abe ɖikanaku, mitsinyedɔwo, asrã (atikesi), yɔmekpe kple ɖeviwo ƒe dɔlélewo ene, ye wu ame siwo ku le ƒe ma me la dometɔ 63 le alafa me.

Australia

Tsatsadada le asitelefon dzi

Asitelefon deŋgɔwo kple mɔ̃ bubu siwo dzi tsatsadada ƒe fefe le la va bɔ ɖe ɖeviwo si ŋutɔ. Fefe siawo dometɔ aɖewo nɔa ko abe tsatsa ŋutɔŋutɔ dam wole ene, gake wòhenɔa bɔbɔe be edalaa naɖu. Dziɖuɖua xlɔ̃ nu be fefetsatsadada ma ana ɖeviwo nasusui be tsatsadada menye sedzidada o, “eye woava zu tsatsadalawo ne wotsi.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe