INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 3/14 axa 10-11
  • Tsaɖiɖi Yi El Salvador

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi El Salvador
  • Nyɔ!—2014
Nyɔ!—2014
g 3/14 axa 10-11
El Salvador dua ƒe dzedzeme

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi El Salvador

El Salvador ƒe anyigbatata

ESI Spaintɔwo va ɖo du si woyɔna egbea be El Salvador me anɔ abe ƒe 500 kloe nye esi va yi ene la, to si me tɔwo sɔ gbɔ wu le anyigba ma dzi la yɔa dua be Cuscatlán, si gɔmee nye “Kpe Xɔasiwo Ƒe Anyigba.” Egbea la, El Salvadortɔ akpa gãtɔ nye anyigba ma dzi vi dzidziwo kple Europatɔ siwo ʋu va tsi afi ma ƒe dzidzimeviwo.

El Salvadortɔwo nye dɔ sesẽ wɔlawo, wodoa vivi ɖe ame ŋu, wowɔ ame eye wobua ame hã ŋutɔ. Wodoa gbe na wo nɔewo bubutɔe be “Buenos días” (ŋdi na wò) alo “Buenas tardes” (ŋdɔ na wò) hafi dzea dzeɖoɖo gɔme alo gena ɖe nudzraƒewo. Gawu la, El Salvadortɔ siwo le kɔƒewo me kple du suewo me la bunɛ be enye amemabumabu be woato ame ŋu gbemadomadoe.

Nyɔnu aɖe le kɔfi gbem

Kɔfi-gbledede wɔ akpa gã aɖe le El Salvador ƒe ŋutinya me

Nuɖuɖu siwo ŋu El Salvadortɔwo kpɔa dzidzɔ ɖo wu la dometɔ ɖekae nye pupusa. Nuɖuɖu sia nyea abolo aɖe si wotsɔ bliwɔ (alo mɔli) wɔ, si me wodea kesu (cheese alo fromage), ayi, halã kpakple nudonui bubuwoe. Zi geɖe la, wotsɔa timati tutu kple curtido, si wowɔna kple amagbe ƒomevi aɖe, sabala, karɔt kple vinegar si me nu ʋeʋĩwo le ɖunɛ. Togbɔ be dua me tɔ aɖewo zãa nuɖuhɛ kple gaflo tsɔ ɖua pupusa hã la, asi koŋue wotsɔ ɖunɛ.

Pupusas

Pupusas nye El Salvadortɔwo ƒe nuɖuɖu veviwo dometɔ ɖeka

Los Tercios Tsitsetse

Los Tercios Tsitsetse, Suchitoto

ÈNYAA? Woyɔ El Salvador be dzotowo ƒe anyigba. Dzoto 20 kple edzivɔwoe le dua me, eye wo dometɔ aɖewo gawóna kokoko. Dzotowo ƒe wówowoe na be agakpe tsrala siwo le dzogoe ade me va dzɔ. Los Tercios Tsitsetse sina tsoa agakpe siawo tame.

Yehowa Ðasefo siwo wu 38,000 ye le El Salvador, eye wole hame siwo ade 700 me. Wofiaa Biblia ame 43,000 le Spaingbe, Eŋlisigbe kple El Salvador Tokunɔgbe me.

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: 6,267,000

  • Fiadu: San Salvador

  • Gbegbɔgblɔ vevitɔ: Spaingbe

  • Yame ƒe nɔnɔme: Yame xɔa dzo ŋutɔ le ƒutanutowo kple dua ƒe nuto ɖiabuwo me; eye yame fana le tonutowo me

  • Anyigba: Dua ƒe akpa gãtɔ nye to siwo tame le gbadza

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Nyateƒee alo aʋatsoe.

  1. A. El Salvador ye nye Titina Amerika dukɔwo ƒe suetɔ kekeake.

  2. B. El Salvador ye nye Titina Amerika dukɔ si me amewo mimi ɖo wu.

  3. D. Nu ʋeʋĩwo nɔa El Salvadortɔwo ƒu nuɖuɖuwo me fũu.

  4. Ð. Kɔfi-gbledede wɔ akpa gã aɖe le El Salvador ƒe ŋutinya me.

Ŋuɖoɖoa: A, B kple Ð nye nyateƒe; D ya nye aʋatso. Elabena amedzro siwo vaa El Salvador la dometɔ akpa gãtɔ gblɔna be nu ʋeʋĩwo sua woƒe nuɖuɖuwo nyuie wònɔa ɖoɖo nu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe