INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/14 axa 10-11
  • Tsaɖiɖi Yi Ireland

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Ireland
  • Nyɔ!—2014
Nyɔ!—2014
g 7/14 axa 10-11
Ireland-ƒuta

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Ireland

Republic of Ireland kple Northern Ireland ƒe anyigbatata

“EMERALD ƑUKPO” nye du eve ƒokpli: Lolotɔe nye Republic of Ireland, si nye dukɔ nɔɖokuisi eye suetɔe nye Northern Ireland, si le United Kingdom (Royaume-Uni).

Kpo Gã

Kpo Gã

Woyɔa Ireland be Emerald Ƒukpo elabena tsi dzana le afi sia ale gbegbe be gbe deamawo bɔ ɖe eƒe kɔƒenutowo me. Tá kple tɔsisi nyakpɔwo kple ƒutakponyigbawo kple togbɛ dzekpodzeʋewo na be dua ganya kpɔna ɖe edzi.

Bexɔ

Bexɔ

Irelandtɔwo to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be tso ƒe 1845 va se ɖe ƒe 1851 me la, dɔ wu ame siwo ade miliɔn ɖeka woku esi dɔ vɔ̃ gblẽ woƒe nagotegblewo dome. Wo dometɔ geɖe ʋu yi ɖatsi Australia, Britain, Canada kple United States ale be woasi le ahedada kolikoli nu. Egbea la, Amerikatɔ siwo ade miliɔn 35 gblɔna be Irelandtɔwoe yewo tɔgbuiwo nye.

Irelandtɔwo doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa amedzro. Woƒe modzakaɖeɖe vevitɔwo dometɔ aɖewoe nye sɔdodo kple kamedefefe siwo nye cricket, rugby, afɔbɔl kpakple Gaelic football. Woƒe nyɔnuwo ƒoa camogie, si nye kamedefefe ƒomevi aɖe.

Irelandtɔwo lɔ̃a dzeɖoɖo kple hadzidzi. Amewo nya woƒe ɣeɖuɖu xɔŋkɔ si woyɔna be step dance le xexea me godoo. Ɣeɖulawo dzɔna kã eye wonɔa woƒe afɔwo ɖem kabakaba wòsɔna ɖe edzi pɛpɛpɛ.

Ireland ƒe haƒoha

Ireland ƒe haƒoha

Yehowa Ðasefowo le Ireland ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye esia. Egbea la, Ðasefo siwo le du sia me la wu 6,000 eye wole Biblia fiam amewo kutrikukutɔe.

1. Kelt-tɔwo ƒe saŋku; 2. Irelandtɔwo ƒe venɔwo ƒe dze; 3. dzita; 4. saŋku si me wohena; 5. kpẽvi; 6. ʋu

Irelandtɔwo zãa haƒonu siwo dze le ete. Woawoe nye Kelt-tɔwo ƒe saŋku, Irelandtɔwo ƒe venɔwo ƒe dze, dzita, saŋku si me wohena, kpẽvi kple ʋu

ÈNYAA?

Kpo Gã si le Northern Ireland ƒe dzieheƒuta la nye kpe sesẽ yibɔ tsrala akpe geɖewo, blemadzotowo ƒe loló siwo si va ɖo atsiaƒu me hefa ye zu kpe siawo.

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: Ame siwo ade miliɔn 4.5 ye le Republic of Ireland; ame siwo ade miliɔn 1.8 ye le Northern Ireland

  • Fiadu: Republic of Ireland tɔe nye Dublin; Northern Ireland tɔe nye Belfast

  • Gbegbɔgblɔ: Irelandgbe kple Eŋlisigbe

  • Yame ƒe nɔnɔme: Yame mexɔa dzo fũu o, eye tsi dzana enuenu

  • Subɔsubɔha gãtɔwo: Republic of Ireland ƒe dumevi akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo; Northern Ireland ƒe dumevi akpa gãtɔ nye Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe