INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/14 axa 12-13
  • Suklidɔ​—Aleke Nàwɔ Aɖe Eƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Suklidɔ​—Aleke Nàwɔ Aɖe Eƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ?
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Nye Suklidɔ?
  • Dɔa Yɔyɔ me Kuxiwo
    Nyɔ!—2003
  • Suklidɔ—“Adzamemewula La”
    Nyɔ!—2003
  • Alesi Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Suklidɔlélawo Ŋui
    Nyɔ!—2003
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 9/14 axa 12-13
Srɔ̃tɔ aɖewo le kame dem le ablɔ dzi

Suklidɔ​—Aleke Nàwɔ Aɖe Eƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ?

AME geɖe va le suklidɔ alo aɖuɖɔvividɔ lém ale gbegbe be eva zu xexea me godoo ƒe kuxi. Suklidɔ siwo amewo léna wu la ƒomevi evee li. Suklidɔ ƒomevi gbãtɔ dzea egɔme tso ɖevime, eye ɖɔktawo mekpɔ kpɔ ta nɛ o. Míaƒo nu tso suklidɔ ƒomevi evelia, si le suklidɔléla 90 le alafa me ŋu la ŋuti le nyati sia me.

Tsã la, wobunɛ be ame tsitsiwo koe léa suklidɔ ƒomevi evelia sia, gake fifia ɖeviwo hã va le dɔ sia lém. Ke hã dɔ sia ŋuti nunyalawo gblɔ be woate ŋu aƒo asa na suklidɔ ƒomevi evelia va se ɖe afi aɖe. Ne ènya nu ʋɛ aɖewo tso dɔ vɔ̃ɖi sia ŋu la, aɖe vi geɖe na wò.a

Nu Kae Nye Suklidɔ?

Enye dɔléle si nana be sukli sɔa gbɔ ɖe ʋu me na ame fũu akpa. Dɔléle sia nana be ale si sukli toa ʋukawo me yia lãmenugbagbeviwo gbɔ be ŋusẽ nanɔ wo ŋu la megawɔa dɔ le ɖoɖo nu o. Esia gblẽa nu le ŋutinu vevi aɖewo ŋu, eye wònana hã be ʋu megasina le lã me na ame nyuie o. Ɣeaɖewoɣi la, esia tea ŋu wɔnɛ be wotsoa afɔ alo afɔbidɛ na amewo, ŋku gbãna na wo alo woléa ayikudɔ. Dzidɔ kple tutudɔ wua suklidɔléla gbogbo aɖewo.

Ami ƒe agbɔsɔsɔ fũu akpa ɖe lã me na ame koŋ gbɔe suklidɔ ƒomevi evelia tsona. Dɔ sia ŋuti nunyalawo gblɔ be ne ami sɔ gbɔ ɖe dɔ me alo ali me na ame la, efia be amea le suklidɔ lé ge kpuie. Vevietɔ la, edze abe ne ami le ƒomeɖe kple aklã me la, enana be sukli megawɔa dɔ le lã me na ame nyuie o ene. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe afɔku sia dzi kpɔtɔ?

Nu Etɔ̃ Siwo Nàte Ŋu Awɔ Atsɔ Aɖe Suklidɔléle Ƒe Afɔkua Dzi Kpɔtɔ

1. Nɔ sukli si le lã me na wò la ƒe agbɔsɔsɔme dom kpɔ nenye be àte ŋu alé dɔ sia bɔbɔe. Zi geɖe la, lãmesẽkuxi aɖe si nana be sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋua me yia dzi wu ale si dze la doa ŋgɔ na suklidɔ ƒomevi evelia. Sukli ƒe dzi yiyi kple suklidɔ siaa menyo o, gake vovototo le wo dome. Togbɔ be woate ŋu alé suklidɔ nu hã la, womekpɔ kpɔ atike si adae haɖe o. Gake ame siwo sukli sɔ gbɔ ɖe ʋu me na dometɔ aɖewo te ŋu na sukli ƒe agbɔsɔsɔmea ɖɔ ɖo. Sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe ʋu me na ame sia ƒe dzesi aɖeke medzena wokpɔna o. Eya tae wòtea ŋu dzɔna be amewo menyana kura be dɔ sia le yewo ŋu o. Le numekulawo ƒe nyatakaka nu la, lãmesẽkuxi sia si doa ŋgɔ na suklidɔa la le ame miliɔn 316 ŋu le xexea me godoo gake ame akpa gãtɔ menya o. Le kpɔɖeŋu me, woka nya ta be le United States ɖeɖe dzaa la, ame siwo sukli sɔ gbɔ ɖe ʋu me na akpa la dometɔ 90 le alafa me menya be kuxi sia le yewo ŋu o.

Ke hã, sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lã me na ame gblẽa nu le ame ŋu. Sukli ƒe agbɔsɔsɔ ɖe lã me na ame siae hea suklidɔ ƒomevi evelia vɛ. Nyitsɔ laa la, wova de dzesii be etea ŋu nana be amewo léa tagbɔdɔ bɔbɔe hã. Ne èkpe fũu akpa, mewɔa dɔ sesẽ o, alo suklidɔ le wò ƒometɔ aɖewo ŋu la, ate ŋu anɔ eme be sukli sɔ gbɔ ɖe lã me na wò xoxo. Anyo be nàna woado wò ʋu kpɔ.

2. Nɔ Nuɖuɖu Nyuiwo Ðum. Aɖaŋuɖoɖo si gbɔna dzi wɔwɔ aɖe vi na wò ne èwɔ edzi ɣesiaɣi si wòanya wɔ: Ðe nu si nèɖuna la dzi kpɔtɔ wòanɔ ʋɛ wu. No tsi, tii kple kɔfi le esi teƒe be nànɔ aha viviwo nom. Ðu abolo siwo wotsɔ nuku blibowo wɔ kple mɔli, ɖu makaroni ʋɛ aɖe ko, eye nàƒo asa na nuɖuɖu siwo ŋu wotrɔ asi le fũu. Ðu lã siwo me ami menɔna fũu o, tɔmelã, ne kple ayi ƒomeviwo.

1. Amagbe siwo me nunyiamewo le; 2. Ame aɖe le eɖokui dam kpɔ

3. Nɔ kame dem. Kamedede ate ŋu ana sukli ƒe agbɔsɔsɔ si le ʋu me na wò la naɖiɖi akpɔtɔ eye wòana makpe wu ale si dze o. Numekula aɖe ɖo aɖaŋu be woazã ɣeyiɣi siwo wotsɔ kpɔa television la ƒe akpa aɖe atsɔ ade kame.

Màte ŋu atrɔ wò lãmenugbagbeviwo o, gake àte ŋu atrɔ ale si nènɔa agbee. Nu siwo ana míanɔ lãmesẽ me wu wɔwɔ aɖe vi na mí.

a Nyɔ! mekafua nuɖuɖu alo kamedede ƒomevi aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be ame sia ame ŋutɔ nada tiatia siwo ku ɖe dɔ sia ŋu la kpɔ eye wòado ta ɖe atikewɔlawo gbɔ hafi atso nya me ku ɖe nu si wòawɔ ŋu.

“Metso Ðe Eŋu Kaba!”​—Gbebiame

Aleke nèwɔ nya be yeate ŋu alé suklidɔ bɔbɔe?

Esi menɔ dɔ yeye dim la, mena ɖɔkta aɖe dom kpɔ, eye wògblɔ nam be ne nyemedi nane wɔ kaba o la mele suklidɔ lé ge. Nu ene aɖewoe na be mate ŋu alé dɔ sia bɔbɔe: dɔ sia bɔ ɖe to si me tɔ menye la me tɔwo dome, nye ƒometɔ aɖewo lé dɔ sia, mekpe fũu akpa, eye nyemedea kame hã o. Esi wònye be nyemate ŋu atrɔ nu eve gbãtɔawo o ta la, meɖoe be matrɔ eve mamlɛawo ya.

Nu Kae Nèwɔ?

Meyi ɖɔkta aɖe si ɖoa aɖaŋu tso suklidɔ ŋu la gbɔ, eye wòɖe kadodo si le nuɖuɖu, kamedede, ame ƒe kpekpeme kple suklidɔ dome la me nam nyuie. Meɖoe be matrɔ asi le ale si menɔa agbee ŋu. Meɖua amagbewo hafi ɖua nu susɔeawo. Esia nana be meɖia ƒo hafi va ɖua nuɖuɖu kpekpe siwo medea ame ƒe lãmesẽ dzi abe amagbewo ene o la. Medea kame edziedzi, nu si medzudzɔ ƒe geɖee nye esi va yi.

Ðe Nèkpɔ Dzidzedzea?

Le ɣleti 18 me la, nye kpekpeme dzi ɖe kpɔtɔ abe teƒe ɖeka le ewo me ene, eye wòdzɔ dzi nam kaka. Meɖoe kplikpaa be nyemaganɔ abe tsã ene o. Suklidɔ menye nu woafe kpli o!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe