INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/14 axa 14-15
  • Spain Nyà Moriskowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Spain Nyà Moriskowo
  • Nyɔ!—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DZIMETƆTRƆ NA AMEWO AKPASESẼTƆE
  • ‘WOMENYE KRISTOTƆ VAVÃWO O EYE WOMENYE DUMEVI WƆNUTEƑEWO HÃ O’
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2014
  • Ale Si Mawu Ƒe Nyaa Wɔ Kaka Le Spain Le Titinaɣeyiɣiwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Sedede Si Ma Xexea Me Ðe Eve
    Nyɔ!—2015
  • Nya Kae Nàgblɔ na Moslemtɔ?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2014
g 9/14 axa 14-15
Wole Moriskowo nyàm le Spain

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Spain Nyà Moriskowo

Wogblɔ be sɔlemeha lae nɔ megbe na nu sia nu si Spain-dukɔa wɔ le ŋutinya wɔblanui sia me. Ŋutinya sia xexlẽ awɔ dɔ ɖe dziwò.

SPAIN ƒe dziɖuɖua di be yeaɖo Kristotɔwo Ƒe Dukɔ anyi si anɔ se ɖeka te. Wobu Moriskowo be wonye dzimaxɔsetɔwo, eya ta wobui be woƒe dukɔa me nɔnɔ nye agɔdzedze gã aɖe le Mawu dzi. Le ƒe geɖe megbe la, dziɖuɖua tso nya me. Nyametsotso kae? Ele be woanyà wo le dukɔa me!a

DZIMETƆTRƆ NA AMEWO AKPASESẼTƆE

Mɔrtɔ siwo nɔ Spain siwo nye Moslemtɔwo ƒe ha si me tɔwo mede ha o, siwo woyɔna be Mudédzar nɔ nuto siwo dzi ɖum Katolikotɔwo le la me le ŋutifafa me ƒe alafa geɖe. Wona gome wo le se nu gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi be woate ŋu akpɔtɔ anɔ woawo ŋutɔwo ƒe sewo ŋu dɔ wɔm eye woate ŋu ayi woƒe subɔsubɔkɔnuwo hã dzi.

Gake le ƒe 1492 me la, Katolikotɔwo ƒe Fiagã siwo ŋkɔwoe nye Ferdinand II kple Isabella wɔ aʋa xɔ Granada si nye Iberia-ƒukpoa ƒe akpa si kpɔtɔ nɔ Moslemtɔwo si me. Gomenɔamesi siwo ŋugbe dziɖuɖua do na Mɔrtɔwo hafi wolɔ̃ na ta la de sɔsɔ ge kple gome siwo wona ame siwo wotsɔ ŋkɔ na be Mudédzar la tɔ. Gake eteƒe medidi hafi dziɖula katolikotɔwo te Moslemtɔ siwo mede ha fũu o la yome titi kple wo dzi zizi be woatrɔ dzi me azu Katolikotɔwo o. Mɔrtɔwo he susu yi ŋugbedododzidada sia dzi, gake ɖeko dziɖulawo gbe gbidi. Esia na be Mɔrtɔwo va dze aglã le ƒe 1499 me. Dziɖuɖu ƒe asrafowo tsi aglãdzedzea nu. Le esia megbe la, wozi Moslemtɔ siwo le nuto vovovoawo me dzi wozu Kristotɔwo alo woʋu dzo le dua me. Spaintɔwo yɔa ame siwo trɔ dzi me hetsi dua me la be Moriskowo.

‘WOMENYE KRISTOTƆ VAVÃWO O EYE WOMENYE DUMEVI WƆNUTEƑEWO HÃ O’

Le ƒe 1526 me la, woxe mɔ ɖe Islam-ha nu le Spain bliboa, gake Morisko geɖewo nɔa woƒe subɔsubɔkɔnuwo wɔm le adzame. Wo dometɔ akpa gãtɔ lé woƒe subɔsubɔkɔnuwo me ɖe asi.

Le gɔmedzedzea me la, wometsɔ Moriskowo ƒe ame ŋkume Katolikotɔnyenye sia nya vevie o. Elabe woawoe wɔa dɔ siwo hiã vevie le dua me, wonye asinudɔwɔlawo, aɖaŋudɔwɔlawo, leblewo kple adzɔxelawo. Ke hã ale si Moriskowo gbe gbidii be yewomazu Katolikotɔ akuakuawo o la ve dɔ me na amewo, eye dziɖuɖua kple dukɔmeviwo siaa tsi tre ɖe wo ŋu. Anɔ eme be ale si sɔlemeha la me tɔ geɖewo megava le kakam ɖe Moriskowo dzi be wotrɔ dzi me vavã o lae na woti wo yome.

Eteƒe medidi o, amedzizizi va xɔ ɖe nublanuikpɔkpɔ teƒe. Le ƒe 1567 me la, woɖe gbeƒã be Fia Philip II de se ɖe Moriskowo ƒe gbegbɔgblɔ, woƒe awudodo, kɔnuwo kple kɔnyinyiwo nu. Sedede sia na wogadze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu ake, eye ame geɖe ku le esia hã me.

Wobu akɔnta be wozi Morisko 300,000 dzi wosi le Spain le fukpekpe gã aɖe me

Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be Spain-dziɖulawo va ka ɖe edzi bliboe be “Moriskowo menye Kristotɔ vavãwo o eye womenye dumevi wɔnuteƒewo hã o.” Le esia ta wotso wo nu be wowɔ ɖeka kple Spaintɔwo ƒe futɔ siwo nye Barbaria Ƒudzidzoblasuwo, Franseawo ƒe Protestanttɔwo kple Turkitɔwo be woava dze dua dzi. Ale si amewo bua Moriskowo kple ale si wonɔ vɔvɔ̃m na wo be woava de yewoƒe futɔwo dzi na be Philip III de se le ƒe 1609 me be woanyà wo le dukɔa me.b Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wotia ame siwo katã wobu be wonye Moriskowo la yome. To nuwɔna gblẽku sia me la, Spain va zu Katoliko-dukɔ bliboe.

a Nya Moriskowo gɔmee nye “Mɔrtɔ Suewo” le Spaingbe me. Ŋutinyaŋlɔlawo zã nya sia tsɔ yɔ Moslemtɔ siwo trɔ dzi me zu Katolikotɔwo, eye wonɔ Iberia Ƒukpo-afã dzi le Moslemtɔwo ƒe fiaɖuƒe mamlɛtɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 1492 me megbe, gake menye ɖe wotsɔ nya siawo doa vlo wo o.

b Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ hã be Spain-dziɖulawo dometɔ ɖeka ya teti kpɔ viɖe geɖe tso nu siwo woxɔ le Moriskowo si la me.

WO ŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Le ƒe 700 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze la, Moslemtɔ siwo nɔ Dziehe Afrika kple Arab-nyigbawo dzi ɖu Iberia Ƒukpo-afã siwo woyɔna egbea be Spain kple Portugal la dzi.

  • Katoliko-ʋakɔwo dze anyigba sia xɔxɔ le wo si vivivi heva xɔe keŋkeŋ le ƒe 1492 me esi woxɔ Mɔrtɔwo ƒe nuto mamlɛtɔ si le Granada.

  • Le ƒe 1492 me la, Fia Ferdinand kple Fianyɔnu Isabella nyà Yudatɔ siwo katã gbe be yewomatrɔ dzi me azu Katolikotɔwo o la le woƒe dukɔa me. Le ƒe 1500 me la, woti Moslemtɔ siwo trɔ dzi me zu Katolikotɔwo kple woƒe dzidzimeviwo yome hezi wo dzi woʋu yi ɖatsi nuto bubu me. Tso ƒe 1609 va se ɖe 1614 me la, wonyà Moriskowo, “Kristotɔ yeye” siwo nye Moslemtɔwo ƒe dzidzimeviwo le dukɔa me.

  • Wobu akɔnta be wozi Morisko 300,000 dzi wosi le Spain le fukpekpe gã aɖe me. Edze abe wowu ame 10,000 ya teti le esi wogbe be yewomadzo le dukɔa me o ta ene.

Wogbugbɔ Katolikotɔnyenye “Vavã” Ðo Anyi Le Dukɔ Bliboa Me!

Juan de Ribera si nye Valencia ƒe bisiɔpgã da megbe na Moriskowo nyànya blibo

Juan de Ribera si nye Valencia ƒe bisiɔpgã wɔ akpa vevi aɖe le Moriskowo nyànya me

Ðikekemanɔmee la, ganyawo tɔ bu le Spain-dukɔa me esi wonyà Morisko siwo nye dɔ sesẽ wɔlawo le dukɔa me. Togbɔ be enɔ alea hã la, dukɔmeviwo gli kple dzidzɔ esi wonyà Moriskowo. Ŋutinyagbalẽ geɖewo gblɔ be Spaintɔ geɖewo bua Moriskowo, siwo wogblɔna be wonye alakpakatolikotɔwo la, ƒe dukɔa me nɔnɔ be “enye amenuɖianu si nɔ anyi eteƒe didi eye wònye ŋukpe na dukɔ bliboa.” Fifia amenuɖianu ma nu yi. Dziɖulawo, dukɔmeviwo kple sɔlemeha siaa kpɔ dzidzɔ gã aɖe be wogbugbɔ Katolikotɔnyenye “vavã” ɖo anyi le dukɔ bliboa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe