INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/15 axa 6
  • Ŋuɖoɖo Si Dzi Wòle Be Nàlɔ̃ Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋuɖoɖo Si Dzi Wòle Be Nàlɔ̃ Ðo
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Yehowa Ðasefowo Xɔe Se Be Ŋkeke Ade Siwo Wotsɔ Wɔ Anyigbadzinuwo La Dometɔ Ðe Sia Ðe Nye Gaƒoƒo 24 Mahã?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Aleke Nu Gbagbewo Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2015
  • Nu Si Biblia Fia Mí
    Nyɔ!—2021
  • Dziƒo kple anyigbaNuwɔwɔwo
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 1/15 axa 6
Biblia si le ʋuʋu

NYATI SI LE AKPAA DZI | ALEKE NU GBAGBEWO WƆ VA DZƆ?

Ŋuɖoɖo Si Me Susu Le

ESI ame geɖewo bu kpeɖodziawo ŋu vɔ la, woƒo nya ta be nunyala deŋgɔ aɖee wɔ nu gbagbewo. Bu xexemenunyafialagã Antony Flew, si xɔ ŋgɔ na mawudzimaxɔselawo tsã la ŋu kpɔ. Esi aƒetɔ Flew srɔ̃ nu tso ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme wɔ nuku ŋutɔ kple dzɔdzɔmese siwo le xexea me ŋu la, etrɔ eƒe nuŋububu. Eyɔ blemaxexemenunyalawo ƒe nya nyanyɛ aɖe gblɔ be: “Ne nyateƒea nya dze go ko la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi.” Nufialagã Flew ƒo nya ta be kpeɖodziawo ɖee fia be Wɔla aɖee wɔ nu gbagbewo.

Aƒetɔ Gerard si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la hã ƒo nya ta nenema ke. Togbɔ be enye agbalẽnyalagã kple nudzodzoeŋutinunyala hã la, egblɔ be: “Nyemekpɔ kpeɖodzi aɖeke be ɖe nu gbagbewo dzɔ tso nu si me agbe mele o me le wo ɖokui si o. Ale si nu gbagbewo ƒe wɔwɔme de ŋgɔ hele ɖoɖo nu la na meka ɖe edzi be Ðoɖowɔla kple Wɔla aɖe li.”

Abe ale si ko ame ate ŋu asrɔ̃ nu tso nutala aɖe ŋu to ŋkuléle ɖe eƒe nutatawo ŋu me ene la, aƒetɔ Gerard hã va kpɔ Wɔla la ƒe nɔnɔmewo dze sii esi wòsrɔ̃ nu tso nu siwo le xexea me ŋu. Aƒetɔ Gerard di ɣeyiɣi de ŋugble tso agbalẽ aɖe si wogblɔna be Wɔla lae ŋlɔe la ŋu. Agbalẽ mae nye Biblia. (2 Timoteo 3:16) Ekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siwo ku ɖe nu siwo dzɔ le blema ŋu kple aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ame ŋu wòanɔ te ɖe egbekuxiwo nu le agbalẽ sia me. Ale wɔ wòva xɔ edzi se be nunyala deŋgɔ aɖee ŋlɔ Biblia.

Abe ale si aƒetɔ Gerard va de dzesii ene la, anyo be míalɔ̃ ɖe ŋuɖoɖo siwo le Biblia me la dzi. Míele dzi dem ƒo na wò be nàdzro Biblia me ne wò ŋutɔ nàkpɔ ŋuɖoɖoawo.

Ènyaa?

BIBLIA METSI TSITRE ÐE DZƆDZƆMEŊUTINUNYA ŊU O. Ke boŋ ɖe wòde dzi ƒo be woalé ŋku ɖe xexea me nuwɔwɔwo ŋu. (Yesaya 40:26) Togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hã la, emenyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya. Le kpɔɖeŋu me, Biblia meda asi ɖe ame siwo fiaa nu be ŋkeke ade siwo wotsɔ wɔ anyigbadzi- nuwo la dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 la ƒe nufiafiawo dzi o. Nya “ŋkeke” si wozã le 1 Mose fia ɣeyiɣi didi aɖe.a

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Was Life Created? (La vie a-t-elle été créée ?) si Yehowa Ðasefowo ta me. Ele www.jw.org alo www.jw.org/fr.

Biblia Fia Nu Be . . .

NU GBAGBE ME KOE NU GBAGBE ATE ŊU ADZƆ TSO. ‘Mawu gbɔe agbedzɔƒe le.’—Psalmo 36:10.

MAWU WƆ LÃWO KPLE ATIWO “WO TƆ WO TƆWOE.” (1 Mose 1:11, 12, 21, 24, 25) Biblia megblɔ afi si nyagbɔgblɔ “wo tɔ wo tɔwoe” keke ta se ɖo la na mí o. Esia na be lã kple ati siwo nye hatsotso ɖeka me tɔwo ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ va se ɖe afi aɖe.

MAWU WƆ AMEGBETƆWO HENA ŊUTETE WO BE WOAÐE NƆNƆME NYUI SIWO LE EYA ŊUTƆ SI LA AFIA. Nɔnɔme nyui siawo dometɔ aɖewoe nye lɔlɔ̃, nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye. Mawu gblɔ be: “Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí.”​—1 Mose 1:26.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe