INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/15 axa 10-11
  • Tsaɖiɖi Yi Costa Rica

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Costa Rica
  • Nyɔ!—2015
Nyɔ!—2015
g 1/15 axa 10-11
Costa Rica ƒuta ƒe foto

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Costa Rica

Anyigbatata si dzi Costa Rica dze le

ƑE ALAFA atɔ̃e nye esi va yi la, Spaniatɔwo va nuto sia me. Wona ŋkɔe be Costa Rica (Kesinɔnuwo Ƒe Ƒuta), elabena wosusui be yewoakpɔ sika geɖe le afi sia​—gake wokui wòɖuɖu. Egbea menye tomega xɔasiwoe bɔ ɖe du sia me o, ke boŋ enye anyigbadzidukɔ siwo me lãwo kple ati vovovowo bɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka.

Amewo yɔa Costa Ricatɔwo be Ticowo. Zi geɖe la, du sia me tɔwo lɔ̃a “-ico” tsɔtsɔ ɖo nyawo ƒe nuwuwu tsɔ ɖɔa nane ƒe suenyenye. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be “un momentico” (megbɔna vie) le esi woagblɔ be “un momento” (megbɔna) teƒe. Le woƒe gbe sia gbe dzeɖoɖo me la, ne wodi be yewoada akpe ɖe nane ta, ado gbe na ame alo aklã ame be yewodzo la, wogblɔna ko be “¡pura vida!” (agbe kɔkɔe!).

Akpɔkplɔ ŋkudzĩ si nɔa ati me

Lã kple ati vovovo siwo nya kpɔ ŋutɔ la le Costa Rica ƒe avewo me, wo dometɔ ɖekae nye akpɔkplɔ ŋkudzĩ si le dzedzem le afi sia

Costa Ricatɔwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖee nye gallo pinto (si gɔme ɖeɖe tẽe nye “koklotsu ŋɔtaŋɔta”). Enyea mɔlu kple ayi siwo woɖa vovovo, emegbe wova tsakaa wo kple nudonuwo ɖana ɖekae. Wotea ŋu ɖua gallo pinto le ŋdi, ŋdɔ kple fiẽ siaa. Woƒe nunono vevi aɖee nye café chorreado, enye kɔfi si wotsyɔna kple nutsyɔvɔ si wobla ɖe ati ŋu.

Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 450 woe le Costa Rica. Wowɔa woƒe kpekpewo le gbe ewo me, esiawo dometɔ aɖewoe nye Costa Rica Tokunɔgbe kple Costa Rica degbe eve siwo nye Bribri kple Cabecar.

ÈNYAA? Kpe nogo alafa geɖewo le Costa Rica. Kpeawo ƒe lolotɔ keke meta 2.4. Wogblɔ be kpeawo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 1,400 kple edzivɔwo. Ame aɖeke menya afi si tututu kpe siawo tso o!

Blemakpe nogo siwo le Costa Rica

Kpe nogowo

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: 4,878,000

  • Fiadu: San José

  • Gbegbɔgblɔ vevitɔ: Spaniagbe

  • Anyigba: Eƒe ƒutawo nye gbadzaƒewo eye towo le dua titina

  • Dziɖuɖu: Demokrasi

ALEKE NÀÐO EŊUI?

Nu siawo dometɔ kae le Costa Rica?

  1. Ɣedzeƒedukɔ siwo me amewo de suku le wu la dometɔ ɖeka

  2. Aʋakɔ deŋgɔ

  3. Ƒukpo si dzi wowɔ ɖoɖo amewo yi zigbɔzi 500 kple edzivɔwo be yewoadi kesinɔnu siwo woɖi ɖe to me

Ŋuɖoɖoawo: A kple D. Ŋuɖoɖo si nye D ku ɖe Cocos Ƒukpoa si didi tso dua gbɔ kilometa 560 la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe