INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/15 axa 10-11
  • Herodotus

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Herodotus
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MENYE ŊUTINYA ÐEÐE KOE WÒŊLƆ O
  • HERODOTUS ŊLƆ NYAWO PƐPƐPƐ
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Mɔzɔzɔ Yi Mediterranea Ƒua Godo Le Blema
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2015
  • Nyagblɔɖigbalẽ
    Agbalẽ si Nyo na Amesiame
Nyɔ!—2015
g 9/15 axa 10-11
Herodotus ƒe kpetata

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Herodotus

ALEKE agbea nɔ le ƒe akpe siwo va yi me? Aleke amewo ƒe dekɔnuwo nɔ? Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la ate ŋu aɖo nyabiase mawo ƒe ɖewo ŋu, gake menye wo katã o. Nu si akpe ɖe mía ŋu míase blematɔwo ƒe nuwɔna aɖewo gɔmee nye be míadzro ŋutsu aɖe si nɔ anyi ɣemaɣi, si ŋlɔ blemaxexea ƒe ŋutinya la ƒe nuŋlɔɖiwo me. Ŋutsu ma nɔ anyi ƒe 2,400 aɖewoe nye esi va yi. Eŋkɔe nye Herodotus, eye wònye Helatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. Agbalẽ siwo katã wòŋlɔ ƒe tanyae nye Ŋutinyawo.

Herodotus te nuŋlɔɖiwo wɔwɔ tso nu siwo na Helatɔwo wɔ aʋawo, eye vevietɔ nu siwo na Persiatɔwo ho aʋa ɖe dukɔ bubuwo ŋu tso ƒe 490 va se ɖe 480 D.Y. me la ŋu. Esime Persiatɔwo ho woƒe aʋawo la, Herodotus nye ŋutsuvi dzaa ko. Mese eƒe nuŋlɔɖiwo ɖe Persiatɔwo kple Helatɔwo ƒe aʋawɔwɔwo ko dzi o, ke boŋ ekekee ɖe enu wòlɔ dukɔ bubu siwo katã Persiatɔwo wɔ aʋa kplii la ɖe eme.

MENYE ŊUTINYA ÐEÐE KOE WÒŊLƆ O

Herodotus nye ŋutinyaŋlɔla bibi aɖe. Eŋlɔ ŋutinyawo tsitotsito beléletɔe, eye wòŋlɔ nu sia nu si wòkpɔ be ehiã be nuŋlɔɖiawo nade bliboe la hã. Herodotus wɔ dɔ nyuie wòɖe dzesi ŋutɔ elabena ŋutinya siwo woŋlɔ ɖi menɔ dukɔwo si si dzi wòakpɔ hafi aŋlɔ etɔ o, elabena womewɔ ɖoɖo gobii aɖeke ɖe ŋutinyawo ŋɔŋlɔ ɖi ŋu ɣemaɣi o.

Blematɔwo metsia dzi ɖe ŋutinyawo ŋɔŋlɔ ŋu o negbe ne nu nyui aɖe si wowɔ wòɖe dzesi si wodi be woaŋlɔ ɖe ŋkuɖodzikpewo dzi ko. Ele be Herodotus nanɔ te ɖe nu siwo wòkpɔ, ŋutinya siwo nye nyateƒe kple ame bubuwo ƒe ɖaseɖiɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la dzi hafi aŋlɔ eƒe ŋutinyawo. Be Herodotus nate ŋu aƒo eƒe nyatakakawo nu ƒu la, ezɔ mɔ yi didiƒewo ke. Du si nye Halicarnassus (fifia woyɔnɛ be Bodrum, eye ele Turkey ƒe anyiehe) si nɔ Helatɔwo ƒe dziɖuɖu te mee wònɔ tsi, eye ezɔ mɔ yi Greece ƒe akpa gãtɔ.

Be Herodotus nate ŋu aƒo eƒe nyatakakawo nu ƒu la, ezɔ mɔ yi didiƒewo ke

Ezɔ mɔ yi dziehe afi si Ƒuyibɔa le kple dukɔ si nye Skite ƒe akpa si woyɔna egbea be Ukraine, eye wòtɔ dzi yi anyiehe le Palestina kple Dziehe Egipte. Edze abe le ɣedzeƒe dukɔwo me la, ezɔ mɔ de Babilon, emegbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, ɖewohĩ eva nɔ ɣetoɖoƒe dukɔ Italy ƒe anyiehe, si nɔ Helatɔwo ƒe dziɖuɖu te ɣemaɣi la me ene. Afi sia afi si wòyi la, eléa ŋku ɖe nu ŋu, biaa nu gɔme sena, eye wòxɔa nyatakakawo tsoa ame siwo wòkpɔ be wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la gbɔ.

HERODOTUS ŊLƆ NYAWO PƐPƐPƐ

“Ŋutinyawo” ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe

Ŋutinyawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ kakɛ aɖe

Kakaɖedzi kae le nu siwo Herodotus ŋlɔ ŋu? Wokpɔe be nu siwo wòkpɔ heŋlɔ tso dukɔ siwo me wòzɔ mɔ yi ŋu la le eteƒe pɛpɛpɛ. Ale si wòŋlɔ nu tso nuwɔna siwo ŋu Helatɔwo menya nu tsoe o, abe ale si Skitetɔwo ɖia woƒe fiawoe alo ale si Egiptetɔwo sia atike na ame kuku be wòagagblẽ kaba o la wɔ ɖeka kloe kple nu siwo ŋu tomenukulawo va ke ɖo. Wogblɔ be nu gbogbo siwo wòŋlɔ tso Egiptetɔwo ŋu la “sɔ gbɔ sãsãsã eye viɖe le wo ŋu wu nu siwo blematɔwo ŋlɔ tso dukɔ ma ŋu.”

Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be Herodotus naxɔ nyatakakawo tso ame siwo ƒe ɖaseɖiɖi dzi womate ŋu aka ɖo o la gbɔ. Azɔ hã, eŋɔlimetɔwo xɔe se vevie be trɔ̃wo dea nu amegbetɔwo ƒe nyawo me. Le esia ta menye nu sia nu si wòŋlɔ lae ɖo egbegbe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe dzidzenuwo gbɔ o. Ke hã, Herodotus dze agbagba vevie be yeade vovototo nyateƒenyawo kple xotutuwo dome. Egblɔ nunyatɔe be yemexɔ nu sia nu si wogblɔ na ye dzi se o. Nyatakaka vovovo siwo wòxɔ me dzodzro tsitotsitoe kpe ɖe eŋu wòkpɔ esiwo nye nyateƒea eye wòŋlɔ wo.

Ŋutinya siwo Herodotus ŋlɔ ɖe dɔ si gbegbe wòwɔ le eƒe agbe me la fia. Ne míebu dɔwɔnu ʋɛ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ŋu la, míagblɔ be menye agbagba vie wòdze kura o.

EŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Ðewohĩ esi wònye Herodotus ƒe Ŋutinyawo nye agbagba gãtɔ si ame aɖe dze kpɔ va se ɖe ɣemaɣi be yeaŋlɔ ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖi tae Latintɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Cicero (106-43  D.Y.) yɔ Herodotus be Ŋutinyawo Fofo ɖo.

  • Egbegbe ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be, Ŋutinyawo siwo wòŋlɔ nye “aɖaŋudɔ vevi aɖe si aɖe vi ɖaa. Menye ŋutinya ɖeɖe koe wòŋlɔ o, ke boŋ eŋlɔ nu tso amewo, anyigbawo, mawusubɔsubɔwo, xexemenunyawo, dunyahehewo, kple nudzɔdzɔ siwo va wu enu nublanuitɔe hã ŋu.”

  • Le ɣeyiɣi vevi siwo va yi le xexea ƒe ŋutinya me la, Herodotus ŋlɔ nya siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe Hela, Ɣetoɖoƒe Asia kple Egipte ŋu ɖi.

Nya Ta Si Woƒo Tso Herodotus Ŋu

Arnaldo Momigliano si srɔ̃ nu tso ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nuŋlɔɖiwo ŋu ŋlɔ be, “kpeɖodzi geɖe su mía si fifia si ta míate ŋu agblɔ be [Herodotus] nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Ɣetoɖoƒetɔ siwo srɔ̃ Ɣedzeƒe Asiatɔwo ƒe ŋutinyawo nɔ te ɖe tomenukukuwo kple gbegbɔgblɔ siwo Herodotus mese o dzi ku nu me tsitotsito tso eƒe dɔwo ŋu. Wova kpɔ kpeɖodziwo be egblɔ nu siwo wòkpɔ la le nyateƒe me, eye wòŋlɔ nya siwo wogblɔ nɛ la le anukwareɖiɖi me. Wova de dzesii hã be vodada siwo wòwɔ la anya nye be ame siwo gblɔ nyawo nɛ lae blee loo alo be ese nu siwo wogblɔ nɛ la gɔme bubui.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe