INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/15 axa 12-13
  • Tsaɖiɖi Yi Nicaragua

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Nicaragua
  • Nyɔ!—2015
Nyɔ!—2015
g 9/15 axa 12-13
Ometepe, tɔdomekpo si le dzoto eve dome le Nicaragua Ta la me

Nu si ɖe dzesi le Nicaragua Ta la ŋue nye Ometepe tɔdomekpoa, si dzi gbe damawo kple dzoto eve siwo te ɖe wo nɔewo ŋu le, eye anyigba lɛ aɖe le wo dome

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Nicaragua

Nicaragua ƒe anyigbatata

ŊKƆ si amewo yɔna na Nicaragua edziedzie nye tawo kple dzotowo ƒe anyigba. Le dukɔ siwo le Titina Amerika me la, Nicaragua ye ta gãtɔ kekeake si woyɔna be Nicaragua Ta la le. Nutoa me tɔwo yɔnɛ be Cocibolca si gɔmee nye “Atsiaƒu Vivi La.” Tɔdomekpo alafa geɖewo le ta gã sia me, eye eya koe nye ta si me dze mele o si me woate ŋu akpɔ ƒumelãwo abe agblolui, dayi, kple tarpon ene le.

Sacuanjoche ye nye Nicaragua dukɔa ƒe seƒoƒo

Sacuanjoche (frangipani) lae nye Nicaragua dukɔa ƒe seƒoƒo

Nuto saɖeaga siwo le Titina Amerika la dometɔ ɖeka le Nicaragua—si woyɔna be Muƒuta (Mosquito Coast). Eƒe didime kple kekeme nye agbadroƒe 40 (65 km), ele Nicaragua ƒe ɣedzeƒekpa dzi, eye wòva do ɖe dukɔ Honduras me. Miskito (enye Mosquito ƒe ŋɔŋlɔ bubu) nye nutoa me nɔlawo ƒe hatsotsowo dometɔ ɖeka, eye wole afi ma do ŋgɔ na Europatɔwo ƒe vava le ƒe alafa 16 lia me.

Ƒomedodo kplikplikpli le Miskitotɔwo dome, eye dekɔnu tɔxɛ aɖewo hã le wo si. Le kpɔɖeŋu me, nya aɖeke meli na “Aƒetɔ” alo “Aƒenɔ” le Miskitotɔwo ƒe gbe me o. Le kɔƒenutowo me la, ɖeviwo yɔa ame tsitsiwo be “Tɔɖi” alo “Nɔɖi” metsɔ le eme be amea nye eƒe ƒometɔ alo menyee o. Kɔnu xoxo aɖe si le Miskitotɔwo sie nye be ne nyɔnu aɖe le gbe dom na exɔlɔ̃ kplikplikpliwo alo ƒometɔwo la, etsɔa eƒe alɔgo kaa ame si wòle gbea dom na la tɔ ŋu. Emegbe ame si le gbea dom gbɔa ya yia eme to ŋɔtime.

Nicaragua dukɔa me vidzidziwo

Nutoa me tɔwo

Biblia srɔ̃gbalẽ siwo le Mayangna kple Miskito gbewo me

Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ kple agbalẽ gbadza siwo ɖe Biblia me ɖe Mayangna kple Miskito gbe me

NU ÐEDZESIWO

  • Amewo ƒe agbɔsɔsɔ: 6,176,000

  • Gbegbɔgblɔ: Spaingbe. Ke hã wodoa gbewo abe Miskito, Mayangna, Rama, kple Kriol Eŋlisi ene le nuto siwo le wo ɖokui si me

  • Dziɖuɖu: Demokrasi

  • Fiadu: Managua

  • Yame ƒe nɔnɔme: Yame xɔa dzo, gake fafa nɔa tonutowo me

  • Anyigba ƒe nɔnɔme: Anyigbaa le gbadzaa, eye towo le dukɔa ƒe nutotroewo me

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Ðo nya siwo gbɔna tso Nicaragua ŋu be nyateƒe loo alo aʋatso:

  1. Nutoa me tɔwo ƒe kplɔla aɖe si ŋkɔe nye Nicarao si nɔ anyi ƒe alafa geɖewo va yi la ƒe ŋkɔ mee woɖe dukɔa ƒe ŋkɔ Nicaragua tso.

  2. Le dukɔ siwo katã le Latin Amerika la, Nicaragua koe nye dukɔ si nɔ Spaintɔwo kple Britaintɔwo siaa ƒe dziɖuɖu te kpɔ.

  3. Le ƒe alafa siwo va yi me la, fiafiwo tsɔa meliwo tsoa Carib-ƒukpowo dzi va dzea Nicaragua ƒutaduwo dzi.

  4. Nicaragua koe nye Titina Amerika dukɔ si me amewo mesɔ gbɔ le o.

Ŋuɖoɖoawo: Nyateƒee wo katã wonye.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe