INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 12/15 axa 14
  • Susuhehe Yi Europa Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susuhehe Yi Europa Dzi
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vi Si Vidada Ƒe Gbe Ðena Na Vidzĩwo
  • Dzidedeƒo Be Woadze Ame Ðokui Ŋu
  • Ƒe Alafa Ðeka Xɔla Siwo DI BE YEWOAYI EDZI ANƆ AGBE
  • Ale Si Nàhe Viwò Le Xexe Si Me Ðokuitɔdidi Xɔ Aƒe Ðo
    Nyɔ!—2013
  • Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina
    Nyɔ!—2004
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Nyɔ!—2015
g 12/15 axa 14
Vidada aɖe le nu ƒom na via

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Europa Dzi

Europa nye teƒe si wodo vevie mawusubɔsubɔ le tsã, gake fifia nu siwo medo ƒome kple mawusubɔsubɔ o ŋue wotsi dzi ɖo wu. Ke hã awɔ nuku na wò be nu siwo dzena le Europatɔwo ƒe nyadzɔdzɔwo me la wɔ ɖeka kple nu siwo Biblia gblɔ.

Vi Si Vidada Ƒe Gbe Ðena Na Vidzĩwo

Numekula siwo le Milan, Italy ƒo nya ta be ne vidzĩ siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi wo o le wo dada ƒe gbe sem to mɔ̃ aɖe si wode alɔnu na wo dzi la, edea woƒe lãmesẽ dzi le mɔ geɖe nu esime wokpɔtɔ le kɔa dzi. Wotrɔ asi le mɔ̃ sia ŋu wòɖi ale si vidzĩa sea dadaa ƒe gbe esime wòle eƒe dɔ me. Woƒo nya ta le numekukua me be, “ne vidzĩ siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi wo o dze wo dada ƒe gbe sese gɔme kaba la, eɖea vi geɖe na wo.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Mena nye luʋɔ dze akɔ anyi eye wòli kpoo, abe ɖevi si wotso no na, si le dadaa gbɔ ene.”—Psalmo 131:2.

Dzidedeƒo Be Woadze Ame Ðokui Ŋu

Le Netherlands la, wowɔ numekuku aɖe tso ɖevi 565 ŋu, le numekukua me la, ɖevi siwo wo dzilawo bua wo be “wole vevie wu ɖevi bubuwo” eye le esia ta ele be “woawɔ nu ɖe wo ŋu etɔxɛ” la bua wo ɖokuiwo ame veviwoe wu ɖevi bubuwo. Ðevi siawo wɔa nu siwo ɖenɛ fiana be yewole ŋgɔ na ɖevi bubuwo, le esia ta ele be woawɔ nu ɖe yewo ŋu nyuie wu. Wogblɔ le numekukua me be, “ɖeviwo xɔnɛ sena ne wo dzilawo gblɔna na wo be wole vevie wu ame bubuwo. Esia made ɖeviawo ŋutɔwo kple dukɔa siaa dzi o.”

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu.”—Romatɔwo 12:3.

Ƒe Alafa Ðeka Xɔla Siwo DI BE YEWOAYI EDZI ANƆ AGBE

Togbɔ be dɔléle kple lãmegbegblẽ ɖea fu na ame siwo xɔ ƒe alafa ɖeka hã la, didi vevi le wo me be yewoayi edzi anɔ agbe. Nu ma ŋue numekula siwo le Heidelberg Yunivɛsiti le Germany ke ɖo. Wokpɔe be wo dometɔ ene ɖe sia ɖe siwo wobia gbee la, dometɔ etɔ̃ di vevie be yewoanɔ agbe, eye wole agbagba dzem be yewoazã yewoƒe agbe le mɔ nyuitɔ nu. Woɖoa woƒe taɖodzinuwo gbɔ, wokpɔa mɔ be nuwo ava nyo, wosena le wo ɖokuiwo me be tameɖoɖo le agbe ŋu eye woléa mawusubɔsubɔ kple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asi.

BU NYA SIA ŊU: Abe ale si wòdze le Nyagblɔla 3:11 ene la, nu kae didi si le mía me be míayi edzi anɔ agbe la ɖe fia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe