INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 1 axa 12-13
  • Tsaɖiɖi Yi Liechtenstein

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Liechtenstein
  • Nyɔ!—2016
Nyɔ!—2016
g16 No. 1 axa 12-13
Tɔdzisasrã aɖe si le Liechtenstein

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Liechtenstein

Liechtenstein ƒe anyigbatata si fia afi si dukɔa le le Switzerland kple Austria dome

DUKƆ sia nye dukɔ siwo le sue wu le xexea me la dometɔ ɖeka, eye wòle to siwo le Switzerland kple Austria dome la dome. Le ƒe alafa siwo va yi me la, Celttɔwo, Rhaettɔwo, Romatɔwo kple Alemantɔwo nɔ nuto sia me kpɔ. Liechtensteintɔ eve le etɔ̃ me nye Alemantɔ siwo nɔ afi ma ƒe 1,500 va yi la ƒe dzidzimeviwo.

Germangbe koŋ ye wodona le dukɔa me, togbɔ be nutoa me tɔwo doa gbe vovovowo le kɔƒenutowo me hã. Woƒe nuɖuɖu veviwoe nye Tüarka-Rebel, si wotsɔ bli wɔ, eye evelia nye Käsknöpfle, si wotsɔ makaroni kple notsi babla wɔ.

Liechtensteintɔwo ƒe nuɖuɖu vevi eve

Käsknöpfle

Nyɔnu aɖe kple nyɔnuvi sue aɖe do awu dzeani siwo Liechtensteintɔwo dona

Nutoa me tɔwo ƒe awudodo

Ne tsaɖilawo le tsa ɖim le dukɔa me la, wokpɔa to siwo dzi sno xɔ, bali siwo me gbe damawo le, wainbɔwo kple seƒoƒo vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ sue sia si le towo dome me la, àkpɔ seƒoƒo vovovo 50 siwo le gbe me. Blemanudzraɖoƒewo, fefewɔƒewo kple wainwɔƒewo hã le Liechtenstein dukɔa me. Esia ta amewo ɖia tsa yia dukɔ sia me le vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli siaa.

Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le Liechtenstein tso ƒe 1920-awo me ke. Fifia Ðasefo 90 ye le afi ma le Biblia me gbedeasia fiam nutoa me tɔwo kple tsaɖilawo siaa.

Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ɖe Germangbe si nye gbe si koŋ wodona le Liechtenstein la me, eye ele Internet dzi le www.jw.org.

NU ÐEDZESIWO

  • Dumeviwo ƒe agbɔsɔsɔ: 37,000

  • Fiadu: Vaduz

  • Gbe si wodona: Germangbe

  • Subɔsubɔha: Roma Katolikotɔwoe sɔ gbɔ wu

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Nya siawo dometɔ kae ɖɔ Liechtenstein wu?

  1. Enye dukɔ eve siwo le xexea me siwo le dukɔ eve aɖewo ƒe liƒo dzi la dometɔ ɖeka.

  2. Enye dukɔ si me gbemelã vovovo siwo wu 50 siwo dzia vi la le.

  3. Enye dukɔ si me ati vovovo siwo ade 1,600 la le.

  4. Enye dukɔ si me asrafowo mele o.

Ŋuɖoɖoa: Wo katã nye nyateƒe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe