INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 4 axa 12-13
  • Tsaɖiɖi Yi Kyrgyzstan

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi Kyrgyzstan
  • Nyɔ!—2016
Nyɔ!—2016
g16 No. 4 axa 12-13
Xɔ siwo wotsɔ avɔ tu ɖe Tash Rabat Bali me le Kyrgyzstan

Xɔ siwo wotsɔ avɔ tu ɖe Tash Rabat Bali me

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi Kyrgyzstan

Kyrgyzstan ƒe anyigbatata

ÀKPƆ to kɔkɔ siwo tame sno xɔ keŋ la le Kyrgyzstan dukɔa me; ele Titina Asia eye wòdo liƒo kple dukɔ siwo nye Kazakhstan, Uzbekistan, Tajikistan kple China. Dukɔa ƒe anyigba 90 le alafa me nye to. Togbaka si ŋkɔe nye Tian Shan si ƒe kɔkɔƒe nye meta 7,439 la le Kyrgyzstan. Avewo xɔ dukɔa ƒe anyigbaa ƒe 4 le alafa me. Eɖe dzesi be Kyrgyzstan ye walnut-ti ƒe ave lolotɔ le le xexea me.

Yehowa Ðasefo aɖe le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe le Kyrgyzstan

Yehowa Ðasefowo le Biblia fiam Kyrgyzstantɔ akpe geɖe

Kyrgyzstantɔwo nye amedzrowɔlawo eye wodea bubu ame ŋu. Ne Kyrgyzstantɔwo le nu ƒom na ame si tsi wu wo alo wodi be yewoatso ne ame tsitsi aɖe nanɔ woƒe zi dzi le ʋu me alo ana zi ame ɖe teƒe si bubu le le kplɔ̃ ŋu la, wozãa nya si ɖea bubudeameŋu fiana.

Dzilawo ƒe viwo nyea etɔ̃ alo wua nenema. Eye zi geɖe la, dɔmlɔea ye nɔa wo dzilawo gbɔ ne eɖe srɔ̃ kura gɔ̃ hã, eye wòkpɔa wo dzi le woƒe tsitsime.

Wofiaa ale si woanye srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla nyui nyɔnuviwo tso ɖevime ke. Kaka woaxɔ abe ƒe 15 ene la, wosua te nyuie ate ŋu akpɔ aƒe dzi. Ne nyɔnuvi aɖe le srɔ̃ ɖe ge la edzilawo naa nui. Nu siawo dometɔ aɖewo nyea abadzivɔ kple nudodo vovovowo kpakple anyigbakuntru si wotsɔ asi lɔ̃. Eye tabianu si ŋugbetɔsrɔ̃a nana ye nye ga kple lãwo.

Ne wole azãwo ɖum alo le kunu wɔm la, wowua alẽ alo sɔ. Woflia lãa ɖe akpa vovovowo me, eye wotsɔa akpa vovovoawo naa ame tɔxɛ aɖewo. Wonɔa te ɖe amedzroawo ƒe ƒexɔxɔ kple ɖoƒe dzi hafi maa lãa ƒe akpa vovovoawo; le esia wɔwɔ me gɔ̃ hã la, bubudede ame ŋu koŋ ye nana wowɔnɛ alea. Emegbe wotsɔa dukɔa ƒe nuɖuɖu vevitɔ si nye beshbarmak ɖoa kplɔ̃ na vavalawo. Asie wotsɔ ɖunɛ.

Ðekakpui aɖe le haƒonu si nye komuz ƒom

Komuz nye haƒonu si bɔ le dukɔa me

NU ÐEDZESIWO

Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?

Wota agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? le Kirghizgbe me eye ele Internet dzi le www.pr2711.com

  • Dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ: 5,776,000

  • Fiadu: Bishkek

  • Gbegbɔgblɔ: Kirghiz, Russiagbe

  • Adzɔnu siwo woɖona ɖe duta: Ðetifu, lãfu, sika, mekuri, uranium

  • Subɔsubɔha: Moslem (80 le alafa me)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe