INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 4 axa 16
  • Ale Si Ʋetsuvi Ƒomevi Aɖe Nɔa Agbee

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Ʋetsuvi Ƒomevi Aɖe Nɔa Agbee
  • Nyɔ!—2016
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2016
  • Nukatae Wogatrɔ Gbɔ?
    Nyɔ!—2003
  • Dɔléle Siwo Nudzodzoeviwo Hena Vɛ—Kuxi aɖe si Le Dzidzim Ðe Edzi
    Nyɔ!—2003
Nyɔ!—2016
g16 No. 4 axa 16

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Ʋetsuvi Ƒomevi Aɖe Nɔa Agbee

WOAKPƆ ʋetsuvi ƒomevi siawo le anyigbaa katã dzi negbe anyigba siwo dzi fa miamiamia le anyigbaa ƒe anyiehe ɖaa koe womele o. Ʋetsuvi ƒomevi siawo siwo le Amerika ƒe dzieheɣedzeƒe ƒe agbenɔnɔ wɔa nuku na nugbagbeŋutinunyalawo.

Ʋetsuvi Ƒomevi Aɖe

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Ʋetsuvi ƒomevi siawo miliɔn geɖe dona le vome le adame hena kwasiɖa ʋɛ aɖewo. Le ɣeyiɣi kpui si wova nɔa agbe le ɣea te me la, woɖɔlia tsro, woxlɔ̃na sesĩe wotɔa to me, wodzona, wodzina eye emegbe wokuna. Nukutɔe la, exɔa ƒe 13 va ɖo 17 hafi esiwo wodzi la gadona eye esia nɔa te ɖe ʋetsuviawo dzi. Hafi woava do la, afi kae wonɔna?

Hafi míaɖo nya sia ŋu la, ele be míanya ale si ʋetsuvi ƒomevi siawo nɔa agbee. Ne wodo le kwasiɖa ɖeka megbe la, tsitsiawo yɔa asi eye nɔeawo ɖɔa azi 400 va ɖo 600 ɖe atilɔ suesuewo me. Ema megbe kpuie la, tsitsiawo kuna. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, aziawo ƒona, eye wo vi fɛ̃awo gena ɖe anyigba heyia to me eye wodzea agbe gɔme le anyigba tu me eye wonɔa tsi siwo le atiwo ƒe kewo me nom hena ƒe geɖe. Le ƒe 13 alo 17 megbe la, wotsina dona va nɔa agbe nenema ke le ɣea te.

Le nyati aɖe si wota ɖe magazine aɖe (Nature) me ƒe nya nu la, ale si ʋetsuvi siawo nɔa agbee la “wɔa nuku na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe alafa geɖe. . . . Fifia gɔ̃ hã nudzodzoeŋutinunyalawo le agbagba dzem be yewoanya ale si ʋetsuvi siawo ƒe agbenɔnɔ alea wɔ va dzɔ.” Enye nu wɔnuku si gɔme sese goglo le lãwo dome.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si ʋetsuvi ƒomevi siawo wɔna nɔa agbee la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe