INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g16 No. 5 axa 7
  • Susuhehe Yi Amerika Dukɔwo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Susuhehe Yi Amerika Dukɔwo Dzi
  • Nyɔ!—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Dzimaɖitsitsi Dzi Aɖe Kpɔtɔ Ne Míekpɔa Míaƒe E-mail Me Kabakaba Oa?
  • Tɔmelã Aɖewo Siwo Tsrɔ̃ Vɔ Kloe La Gate Dzidzi
  • Ŋutasẽnuwɔwɔ Le Dzidzim Ðe Edzi Le Brazil
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Fũu Akpa Dzi
    Nyɔ!—2010
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Te Ðe Nuteɖeamedzi Nu
    Nyɔ!—2020
  • Nuteɖeamedzi Nyuitɔ Kple Gbegblẽtɔ
    Nyɔ!—1998
  • Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie
    Nyɔ!—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2016
g16 No. 5 axa 7
Akpa aɖe le atsiaƒu me

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Susuhehe Yi Amerika Dukɔwo Dzi

Nya siwo va le dzedzem le dziehe kple anyiehe Amerika dukɔwo ƒe nyadzɔdzɔwo me ɖe ale si Biblia me nunya nu meyina o la fia.

Ðe Dzimaɖitsitsi Dzi Aɖe Kpɔtɔ Ne Míekpɔa Míaƒe E-mail Me Kabakaba Oa?

Ŋutsu aɖe kpɔ eƒe e-mail me zi etɔ̃ le ŋkekea me eye wòtɔ ɖi kpoo; ame evelia kpɔa eƒe e-mail me kabakaba eye wòtsi mavomavoe

Le numekuku aɖe si wowɔ le Vancouver, Canada ƒe nya nu la, ne amewo kpɔa woƒe e-mail me zi etɔ̃ le ŋkekea me la, ate ŋu ana woaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ wu be woanɔ e-mail me kpɔm kabakaba. Aƒetɔ Kostadin Kushlev si nɔ ŋgɔ na numekukua gblɔ be nu si ŋu woke ɖo la fia be: “Esesẽna na amewo be woaganɔ woƒe e-mail me kpɔm kabakaba o, evɔ ne womekpɔnɛ kabakaba o la, ana woaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ hafi.”

BU NYA SIAWO ŊU: Míele “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” la me, eya ta ɖe manyo be míadi mɔ siwo dzi míato aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ oa?—2 Timoteo 3:1.

Tɔmelã Aɖewo Siwo Tsrɔ̃ Vɔ Kloe La Gate Dzidzi

Nyatakaka aɖe si woɖo ɖe Lãwo Takpɔkpɔ Habɔbɔa gblɔ be: “Bɔlu ƒomevi aɖewo kple tɔmelã aɖewo siwo tsrɔ̃ kloe la va te dzidzi ɖe edzi le teƒe siwo wode se be woagaɖe lã le o” la le Belize kple Karib-ƒukpoa ƒe teƒe aɖewo. Nyatakakaa gblɔ kpee be: “Axɔ ƒe 1 va ɖo 6 hafi lã siwo tsrɔ̃ vɔ kloe nagate ŋu adzi ɖe edzi le teƒe siwo wode se be woagaɖe lã le o la, gake be woagasɔ gbɔ . . . abe tsã ene la ate ŋu axɔ ƒe geɖe.” Aƒenɔ Janet Gibson si nye habɔbɔa ƒe ŋgɔnɔla gblɔ tso Belize ŋu be: “Se si wode be woagaɖe lã le teƒe aɖewo o la ate ŋu awɔe be dukɔa ƒe tɔmelã ƒomevi vovovoawo nagadzi le agbɔsɔsɔme ne woaɖe.”

BU NYA SIAWO ŊU: Ðe kpeɖodzi siwo li be dzɔdzɔmenuwo tea ŋu ɖɔa wo ɖokuiwo ɖo la meɖee fia be Wɔla nyanu aɖee wɔ wo oa?—Psalmo 104:24, 25.

Ŋutasẽnuwɔwɔ Le Dzidzim Ðe Edzi Le Brazil

Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe si nye Agência Brasil ka nya ta be ŋutasẽnuwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi le Brazil. Le ƒe 2012 me la, dɔwɔƒe si kpɔa lãmesẽnyawo gbɔ gblɔ be ame siwo wowu la wu 56,000 kple edzivɔ eye esiae nye agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si wokpɔ kpɔ le ƒe ɖeka me. Aƒetɔ Luís Sapori si nye Dukɔa ƒe dedienɔnɔ ŋu nyawo ƒe amegã gblɔ be agbe nyui nɔnɔ ƒe toyiyi gbɔe dzidziɖedzi sia tso. Egblɔ be ne dukɔ siwo ƒe ŋku ʋu me tɔwo mele woƒe sewo bum ɖe ɖeke me o la, “wowɔa ŋutasẽnuwo tsɔ doa woawo ŋutɔwo ƒe nudidiwo ɖe ŋgɔ.”

ÈNYAA? Biblia gblɔ be ɣeyiɣi aɖe ava si me amewo ƒe “lɔlɔ̃ ayi to,” eye sedzimawɔmawɔ adzi ɖe edzi.—Mateo 24:3, 12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe