INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g17 No. 6 axa 10-11
  • Tsaɖiɖi Yi New Zealand

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsaɖiɖi Yi New Zealand
  • Nyɔ!—2017
Nyɔ!—2017
g17 No. 6 axa 10-11
Milford Sound, New Zealand

Milford Sound

DUKƆWO KPLE AMEWO

Tsaɖiɖi Yi New Zealand

New Zealand le xexea me katã ƒe anyigbatata dzi

ANƆ ƒe 800 aɖewoe nye esi va yi si ame siwo nye Maoritɔwo zɔ mɔ kilometa akpe geɖe to atsiaƒu dzi va tsi New Zealand. Le afi sia la, wokpɔe be nutoa me to vovo kura na Polynesia ƒe ƒukpo si dzi yewoʋu tso la. Towo kple to siwo dzi tsikpewo tsana tso le teƒe sia, eye tawo kple sno hã le teƒea. Anɔ ƒe alafa atɔ̃ aɖewo megbe la, ame bubu aɖewo hã ʋu tso keke Europa ke va tsi afi ma. New Zealand tɔ geɖe wɔa nu abe Anglo-Saxon kple Polynesiatɔwo ene. Dua me tɔ blaasieke le alafa me le dugãwo me. Wellington si nye woƒe fiadu lae nye dugã si le anyiehe kekeake wu le xexea me.

Bafifi si le fiefiẽm le Dzigbe Ƒukpoa dzi le New Zealand

Bafifi si le fiefiẽm le Dzigbe Ƒukpoa dzi

Togbɔ be teƒe si New Zealand le tso abo hã la, tsaɖila miliɔn etɔ̃ kloe ɖia tsa yia afi ma ƒe sia ƒe elabe teƒe vovovo siwo nya kpɔ la le afi ma.

Ayedeti ƒomevi aɖe

Ayedeti ƒomevi aɖe si tea ŋu kɔna meta 10

Takahe xe si medzona o

Hafi ƒe 1948 naɖo la, wosusu be takahe xe si medzona o la tsrɔ̃

Gbemelã vovovo siwo dome xe siwo medzona o bɔ ɖo le New Zealand wu teƒe bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Afi mae adoglo ƒomevi aɖe si woyɔna be tuatara, si tea ŋu nɔa agbe abe ƒe 100 ene la hã le! Agutɔ aɖewo kple tɔmelã gã aɖewo siwo ƒe ɖewoe nye boso kple eƒomevi vovovo aɖewo le afi ma.

Yehowa Ðasefowo le dɔ dzi le New Zealand anɔ ƒe 120 kloe ye nye esia. Wole Biblia fiam amewo le gbegbɔgblɔ 19 ya teti me, eye Polynesiatɔwo ƒe gbe siwo nye Niuegbe, Rarotongagbe, Samoagbe kple Tongagbe hã le gbe siawo dome.

Maoritɔwo le ha dzim

Maoritɔwo do nutoa me tɔwo ƒe awu le ɣe ɖum

ÈNYAA?

Nuto aɖe si le Netherlands si woyɔna be Zeeland mee woɖe ŋkɔ New Zealand tsoe. Maoritɔwo yɔnɛ be Aotearoa, eye egɔmee nye “Anyigba Si Dzi Alilikpo Ɣi Legbee Le.”

Togbɔ be New Zealandtɔ akpa gãtɔ doa Eŋlisigbe hã la, ame geɖe doa Maorigbe, eye wole efiam le sukuwo fifia. Yehowa Ðasefowo Ƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org, hã le Maorigbe me.

  • DUKƆA ME TƆWO: MILIƆN 4.7

  • FIADU: WELLINGTON

  • ANYIGBA: DZOTOWO KPLE TAWO LE DUKƆA ƑE DZIGBE ƑUKPOA DZI. TSIKPE SIWO TSANA LE ANYIGBE ƑUKPOA DZI

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe