INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 1 axa 3
  • Ale Si Míawɔ Ake Ðe Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míawɔ Ake Ðe Eŋu
  • Nyɔ!—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Ale Si Míawɔ Akpɔ Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2018
  • Afikae Míate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ Le?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 1 axa 3
Ŋutsu aɖe to mɔ aɖe dzi yina

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Ale Si Míawɔ Ake Ðe Eŋu

ÐE NÈKPƆNƐ BE YENYE AME SI KPƆA DZIDZƆA? Ne nenemae la, nu kae nana nèkpɔa dzidzɔ? Wò ƒomea yea? wò dɔ yea? alo wò dzixɔse yea? Ðewohĩ èle mɔ kpɔm na nane si ana dzi nadzɔ wò, abe sukunuwuwu, akpɔ dɔ nyui aɖe alo aƒle ʋu yeye aɖe.

Ame geɖe kpɔa dzidzɔ vie ne woɖo taɖodzinu aɖe gbɔ alo woƒe asi ka nane si dim wole. Gake ɣeyiɣi didi kae dzidzɔ ma nɔa anyi? Zi geɖe la, menɔa anyi didina o eye esia nana dzi megadzɔa wo o.

Woɖe dzidzɔkpɔkpɔ gɔme be, enye dzidzemegbenɔnɔ si nɔa anyi didina va se ɖe afi aɖe. Edzena le ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu me kple ale si wokpɔa dzidzɔ le agbe me la me, eye wònyea ame ƒe didi be dzidzɔ sia nanɔ anyi ɖaa.

Azɔ hã, be dzidzemegbenɔnɔ sia nayi edzi la, mele be dzidzɔkpɔkpɔ nanye nane si seɖoƒe li na alo wòanye taɖodzinu aɖe si gbɔ woaɖo ko o, ke boŋ enye nane si wòle be woaminya ɖaa. Ne ame aɖe gblɔ be, “Makpɔ dzidzɔ ne . . . ” la, ke efia be ele dzidzɔkpɔkpɔ hem ɖe megbe.

Le kpɔɖeŋu me, na míatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ asɔ kple lãmesẽmenɔnɔ. Aleke míewɔna nɔa lãmesẽ me? Míeɖua nu siwo me nunyiame le, dea ka me eye míeléa be na mía ɖokuiwo. Nenema kee ne míenɔa agbe ɖe mɔfiame nyuiwo nu le agbe me la, míekpɔa dzidzɔ.

Mɔfiame alo nɔnɔme kawoe ana míakpɔ dzidzɔ? Togbɔ be ɖewo le vevie wu ɖewo hã la, esiwo gbɔna hã wɔa akpa vevi aɖe:

  • DZIDZEME KPLE DƆMENYONYO

  • LÃMESẼMENƆNƆ KPLE TENƆNƆ ÐE NU NU

  • LƆLƆ̃

  • TSƆTSƆKE

  • TAÐODZINU SI ANƆ AME SI

  • MƆKPƆKPƆ

Agbalẽ aɖe si ŋu wodea bubui le nunya si dze le eme ta gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o.” (Psalmo 119:1) Na míadzro nya ma me kpɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe