INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g18 No. 1 axa 12-13
  • Taɖodzinu Si Anɔ Ame Si

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Taɖodzinu Si Anɔ Ame Si
  • Nyɔ!—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Aɖe Ƒe Xɔse
    Nyɔ!—2014
  • Wɔla La Ate Ŋu Ana Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Aleke Agbea Wɔ Va Dzɔ?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2018
g18 No. 1 axa 12-13
A man contemplates the purpose of his life

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Taɖodzinu Si Anɔ Ame Si

AMEGBETƆWO LE ETƆXƐ LE MƆ GEÐE NU—MÍEŊLƆA NU, TAA NU, TOA NUWO VƐ EYE MÍEDEA ŊUGBLE LE AGBEMEBIABIA VEVIWO ŊU. Biabia siawo ƒe ɖewoe nye: Nu ka tae wowɔ xexea ɖo? Alekee míewɔ va dzɔ? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Alekee etsɔme anɔ?

Ame aɖewo media ŋuɖoɖowo na biabia mawo o, elabe wosusu be ŋuɖoɖoawo meli o. Ame bubuwo hã susu be biabia mawo mele vevie o elabe ɖeko agbea dzɔ le eɖokui si le vo me. Nufialagã William Provine si nye ŋutinya kple nugbagbeŋutinunyala gblɔ be, “mawu aɖeke meli o, eye taɖodzinu aɖeke mele amegbetɔwo si o.” Egagblɔ hã be “Mɔfiame gbagbe aɖeke meli le agbe nyui nɔnɔ ŋu o eye taɖodzinu gbagbe aɖeke mele agbe ŋu o.”

Gake ame aɖewo meda asi ɖe susu ma dzi o. Wode dzesii be nuwo zɔna ɖe ɖoɖo kple se tɔxɛ aɖewo nu le xexea me. Dzɔdzɔmenuwo wɔa nuku na ame siawo eye wokpɔe be amegbetɔwo gɔ̃ hã dzea agbagba léa ŋku ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu toa nuwo vɛ. Eye nu siwo dzɔna gbe sia gbe nana wokpɔnɛ be Wɔla aɖe si si nunya le lae wɔ nu siawo siwo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nyui nu la, ke menye ɖe wodzɔ le vo me o.

Esia na ame aɖewo siwo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ nufiafia dzi se la trɔ susu. Na míadzro kpɔɖeŋu eve siawo me kpɔ:

ÐƆKTA ALEXEI MARNOV. Ðɔkta sia si nye susu kple lãmenusesewo ŋuti dɔwɔla la gblɔ be: “Wofia mí le suku si mede be míagaxɔ Mawu dzi se o eye be ɖe nuwo dzɔ le wo ɖokui si. Wobua ame sia ame si xɔ Mawu dzi se be eƒe ŋku meʋu o.” Gake le ƒe 1990 mea ale si wòbua nuwo ŋu va trɔ.

Egblɔ be: “Medzea agbagba ɣesiaɣi be mabu susu si tae wowɔ nuwo abe amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ene la ŋu. Wogblɔna tso ahɔhɔ̃ wɔnuku sia ŋu be ale si wowɔe la gɔme sese sesẽ wu nu bubu ɖe sia ɖe le xexea me. Gake ɖe wowɔ ahɔhɔ̃a be míatsɔ asrɔ̃ nu ahanya nanewo wɔwɔ eye emegbe ko míakua? Edze abe susu mele nya sia me o ene. Eya ta meva nɔ ŋugble dem le nya siawo ŋu be: ‘Nu ka tae míele agbe ɖo? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?’ Esi mebu nya siawo ŋu vevie vɔ la, meƒo nya ta be Wɔla aɖe kokoko li.”

Esi Alexei di be yeanya tameɖoɖo si le agbe ŋu ta la, eva te Biblia sɔsrɔ̃. Emegbe srɔ̃a, si hã nye Ðɔkta, eye wònye mawudzimaxɔsela la hã te Biblia sɔsrɔ̃ kple susu be yeatsɔ atsi tsitre ɖe ye srɔ̃ Alexei ŋu. Gake fifia wo ame evea xɔ Mawu dzi se vevie eye wova se tameɖoɖo si le esi na amegbetɔwo la gɔme le Ŋɔŋlɔawo me.

ƔEŊUTINUNYALA, ÐƆKTA HUABI YIN. Aƒenɔ Huabi Yin srɔ̃ nu tso dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋu eye wòku nu me tso ɣea ŋu hena ƒe geɖe.

Aƒenɔ Huabi gblɔ be: “Ɣesiaɣi si mí dzɔdzɔmeŋutinunyalawo míelé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋua, míekpɔnɛ be wowɔa dɔ le ɖoɖo tɔxɛ aɖe koŋ nu si fia be se vevi aɖe dzi zɔm wole. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Ame kae wɔ se siawo na wo? Ne ele vevie be woalé ŋku ɖe dzo si wotsɔ ɖaa nu gɔ̃ hã ŋua, ke ame kae wɔ se si dzi ɣea zɔna ɖo?’ Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, meƒo nya ta be nya gbãtɔ siwo dze le Biblia me lae ɖo nye biabiaa ŋu wòsɔ nyuie. Afi ma gblɔ be: ‘Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.’”—1 Mose 1:1.

Le nyateƒe me la, dzɔdzɔmeŋutinunya kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo dzea egɔme kple “aleke” abe: Aleke ahɔhɔ̃menugbagbeviwo wɔa dɔe? Eye aleke ɣea wɔna naa dzoxɔxɔ kple kekeli mí? la ene. Gake Alexei kple Huabi va kpɔe be Biblia ɖo biabia vevi siwo nye “nu ka tae” la ŋu. Biabia siawo ƒe ɖewoe nye: Nu ka tae wowɔ xexea ɖo? Nu ka tae xexea zɔna ɖe se aɖewo dzi? Eye nu ka tae míele agbe ɖo?

Biblia gblɔ tso anyigba ŋu be: “Menye ɖeko [Mawu wɔe] dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Nyateƒee tameɖoɖo aɖe tae Mawu wɔ anyigbaa ɖo, eye abe ale si nyati si kplɔ esia ɖo afia ene la, tameɖoɖo ma wɔ ɖeka kple nu si míele mɔ kpɔm na le etsɔme.

NYA VEVIAWO

‘Menye ɖeko Mawu wɔ anyigbaa dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.’​—Yesaya 45:18.

“Ele be tameɖoɖo aɖe nanɔ agbe ŋu”

Susuŋutinufialagã William McDougall gblɔ be: “Be míate ŋu ayi edzi anɔ agbe eye míanɔ ŋute le susu me la, ele be tameɖoɖo aɖe nanɔ agbe ŋu.” Nenema kee Carol Ryff si hã nye susuŋutinufialagã gblɔ be, ame siwo “ƒe agbe ŋu taɖodzinu le la nɔa lãmesẽ me wu—woƒe susu léa nu kabakaba . . . , mele bɔbɔe be woalé dzidɔ o, wohayana kaba ne wolé gbagbadɔ . . . eye wonɔa agbe didi wu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe