INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 10-11
  • Keke Ame Siwo Nèdzea Xɔ̃e La Ðe Enu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Keke Ame Siwo Nèdzea Xɔ̃e La Ðe Enu
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Vi Kae Wòaɖe Ne Míekekea Ame Siwo Míedzea Xɔ̃e La Ðe Enu?
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
  • Woɖu Nazãbubu Dzi
    Nyɔ!—2020
  • Lɔ̃ Amewo
    Nyɔ!—2020
  • Ðɔ Ŋu Ðo Le Ame Siwo Nàdze Xɔlɔ̃e La Tiatia Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Alesi Nàte Ŋu Adze Xɔlɔ̃e
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 10-11
Nyɔnu ene siwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo la le dze ɖom hele nu kom eye wo viwo le fefem ɖekae.

Keke Ame Siwo Nèdzea Xɔ̃e La Ðe Enu

Kuxia

Ne míetea mía ɖokui ɖa tso ame siwo ŋu míebua susu manyomanyo ɖo gbɔ la, míagava nɔ nazã bum geɖe wu. Ne ame siwo le abe míawo ene koe míedea ha kpli la, míava nɔ esusum be ale si míebua nuwo ŋu, ale si míesena le mía ɖokui me kple ale si míewɔa nu koe nye nyuitɔ.

Nya Si Biblia Gblɔ

“Miʋu miaƒe dziwo me gbadzaa.”—2 KORINTOTƆWO 6:13.

Nu kae nya sia fia? Míaƒe “dzi” ate ŋu afia ale si míesena le mía ɖokui me. Ne ame siwo le abe míawo ene koe míelɔ̃na la, esia awɔe be míaʋu míaƒe dziwo me gbadzaa o. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o la, ele be míalɔ̃ faa adze xɔ̃ ame siwo mele abe míawo ene o la hã.

Vi Kae Wòaɖe Ne Míekekea Ame Siwo Míedzea Xɔ̃e La Ðe Enu?

Ne míete ɖe amewo ŋu eye míeva nya wo nyuie la, esia ana míava se nu si tae woƒe nuwɔna aɖewo to vovo na mía tɔ la gɔme. Eye ne míeva lɔ̃ wo la, míakpɔe be ɖeko wole abe míawo ke ene. Míeva dea asixɔxɔ wo ŋu geɖe wu, míekpɔa dzidzɔ kpli wo, eye míesea veve kpli wo.

Bu Nazaré ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Tsã la, ebua nazã ɖe ame siwo ʋu tso dukɔ bubu me va afi si wòle la ŋu. Eɖe nu si kpe ɖe eŋu la me, egblɔ be: “Mede ha kpli wo eye mewɔ dɔ kpli wo ɖekae. Esia na meva kpɔe be nya siwo amewo gblɔna tso wo ŋu la menye nyateƒe kura o. Ne èdze xɔ̃ ame siwo tso to bubu me la, àva kpɔe be wo katã mewɔa nu abe ale si amewo gblɔna tso wo ŋu ene o. Esia awɔe be àva de asixɔxɔ wo ŋu eye àlɔ̃ wo.”

Tia Ame Siwo Nàdze Xɔ̃e La Nyuie

Ame aɖewo tia agbenɔnɔ kple nuwɔna aɖewo siwo gblẽa nu le woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu. Eya ta ele be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele ame siwo míedi be woazu mía xɔlɔ̃wo la tiam. Ne míegbe be míadze xɔ̃ ame aɖe si meɖia anukware o alo menɔa agbe nyuie o la, ema mefia be míele nazã bum ɖe eŋu o. Togbɔ be màdi be yeawɔ nu wòave ame siwo menɔa agbe ɖe dzidzenu siwo nu nènɔa agbe ɖo la nu o, alo agbe nu si wodzena la wɔwɔ na wo o hã la, nunya le eme be màdze xɔ̃ ame mawo tɔgbi o.—Lododowo 13:20.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Di mɔnukpɔkpɔa nàɖo dze kple ame siwo doa gbe bubu alo tso to alo dukɔ bubu me. Àte ŋu abia wo be

  • Woaƒo nu tso wo ɖokuiwo ŋu vie na wò.

  • Woava ɖu nu kpli wò.

  • Woagblɔ nanewo siwo dzɔ le woƒe agbe me la na wò, eye nàɖo to nyuie be nàde dzesi nu siwo le vevie na wo.

Ne èdze agbagba se nu siwo me woto gɔme la, ana nànya susu si ta wowɔa nanewo ɖo. Esia akpe ɖe ŋuwò be woawo kple ame bubu siwo tso to ma me la ƒe nu ava lé dzi na wò.

Agbemenudzɔdzɔ: Kandasamy Kple Sookammah (Canada)

“Míetsi le South Africa (Afrique du Sud) esime wonɔ vovototo dem amewo me. Wode se be yevuwo kple ameyibɔwo nanɔ nuto vovo me. Esia wɔe be nazãbubu va xɔ aƒe ɖe yevuwo kple ameyibɔwo dome. Ameyibɔwo míenye eye yevuwo ƒe nu medzɔa dzi na mí kura o, elabe wo dometɔ aɖewo mebua mí ɖe naneke me o. Ɣemaɣia, míenya be nazã bumee míenɔ o elabe míese le mía ɖokui me be yevuawoe mele nu wɔm ɖe mía ŋu nyuie o.

“Be míatrɔ míaƒe nuŋububu la, míedze agbagba dze xɔ̃ ame siwo ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo na mía tɔ. Esi míeva nɔ ha dem kple yevuawo la, míeva kpɔe be míeto vovo boo tso mía nɔewo gbɔ o. Nu ɖeka tɔgbi me koe mí katã míetona le agbe me.

“Míexɔ atsu kple asi aɖe siwo nye yevuwo kura gɔ̃ hã ɖe míaƒe aƒe me hena ɣeyiɣi didi aɖe. Esia na míeva nya wo nyuie. Eteƒe medidi hafi míeva zu xɔlɔ̃wo o, eye míeva bua mía nɔewo be míenye ame ɖekawo. Esia wɔe be susu nyui va le mía si ɖe yevuwo ŋu.”

Xɔlɔ̃ Kplikplikpliwo

Johny kple Gideon le gbe dom na ɖevi aɖewo le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata aɖe ƒe mɔ nu.

Togbɔ be Johny kple Gideon ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo eye wonɔ dunyaheha vovo me hã la, wova zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.

Kpɔ Video Si Ƒe Tanyae nye Johny Kple Gideon: Wonye Futɔwo Tsã, Gake Fifia Wozu Nɔviwo. Di videoa ƒe tanya le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe