INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g20 No. 3 axa 12-13
  • Lɔ̃ Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɔ̃ Amewo
  • Nyɔ!—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuxia
  • Nya Si Biblia Gblɔ
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ
  • Woɖu Nazãbubu Dzi
    Nyɔ!—2020
  • Nazãbubu—Ðe Wòle Nu Gblẽm Le Ŋuwòa?
    Nyɔ!—2020
  • Medi Be Maɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
  • Xexe Si Me Nazãbubu Manɔ O​—Ɣekaɣie Wòava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2020
g20 No. 3 axa 12-13
India-nyɔnu aɖe xɔ nyɔnu tsitsi aɖe si tso dziehe Amerika la ƒe agba kpee eye wòle kpekpem ɖe eŋu be wòalia atrakpui.

Lɔ̃ Amewo

Kuxia

Nazãbubu nu meyina le ame me enumake o. Abe ale si ko wòbiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi ame aɖe nate ŋu ahaya tso dɔvɔ̃ aɖe si me ene la, nenema kee wòbiaa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze hafi míate ŋu aɖu nazãbubu dzi keŋkeŋ. Nu kae nàte ŋu awɔ be nàdzudzɔ nazãbubu?

Nya Si Biblia Gblɔ

Foto: 1. India-nyɔnu aɖe xɔ nyɔnu tsitsi aɖe si tso dziehe Amerika la ƒe agba kpee eye wòle kpekpem ɖe eŋu be wòalia atrakpui. 2. Nyɔnu tsitsi si tso dziehe Amerika la tsɔ numeɖenu aɖewo vɛ na Asia-ŋutsu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la.

“Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—KOLOSETƆWO 3:14.

Nu kae nya sia fia? Ne míenyoa dɔme na amewo la, ana míawɔ ɖeka. Zi ale si nèɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo la, zi nenemae susu nyui ava nɔ asiwò ɖe wo ŋu. Ne wò lɔlɔ̃ na wo nu va le sesẽm ɖe edzi la, esia awɔe be màgabu nazã ɖe wo ŋu alo alé fu wo o.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ

Foto: 1. India-nyɔnu aɖe xɔ nyɔnu tsitsi aɖe si tso dziehe Amerika la ƒe agba kpee eye wòle kpekpem ɖe eŋu be wòalia atrakpui. 2. Nyɔnu tsitsi si tso dziehe Amerika la tsɔ numeɖenu aɖewo vɛ na Asia-ŋutsu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la.

Bu mɔ siwo koŋ nu nàte ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia ame ƒomevi aɖewo siwo ŋu nèbua susu manyomanyo ɖo tsã la ŋu. Esia mefia be nàwɔ nu gã aɖe kokoko o. Dze agbagba nàwɔ nu siwo gbɔna la dometɔ aɖewo:

Nu suetɔ kekeake si nàwɔ atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia la, ana nàɖu nazãbubu dzi

  • Wɔ nu ɖe ame ƒomevi mawo ŋu nyuie; le kpɔɖeŋu me, ne èdo go wo dometɔ aɖe le ʋɔtru aɖe nu la, àte ŋu aʋu ʋɔa nɛ alo ne èɖo ʋu kple wo dometɔ aɖe eye zikpuiawo dzi yɔ la, àte ŋu atsi tre be eya nanɔ anyi.

  • Dze agbagba nàɖo dze kple wo vie, ne womedoa gbe si nèdona la nyuie o gɔ̃ hã.

  • Ne wowɔ nane si gɔme mèse o la, gbɔ dzi ɖi na wo.

  • Ne woƒo nu tso kuxi aɖe si me tom wole ŋu na wò la, se veve ɖe wo nu.

Agbemenudzɔdzɔ: Nazaré (Guinea-Bissau)

“Tsã la, mebua nazã ɖe ame siwo ʋu tso dukɔ bubu me va míaƒe nutoa me la ŋu. Mese be wo dometɔ geɖe da alakpa na dziɖuɖua ale be wòana ga yewo alo akpe ɖe yewo ŋu, eye wo dometɔ geɖe nye fiafiwo tsã. Esia na wòsesẽna nam be made bubu wo ŋu. Gake nyemekpɔe be nazã bumee menɔ o, elabe nenema koe ame geɖe bua woe.

“Ke hã, meva de dzesii be ale si mebua susu manyomanyo ɖe wo ŋu la nye nazãbubu. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo kpe ɖe ŋunye meva lɔ̃ wo. Fifia, mewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie. Ne mekpɔ wo la medoa gbe na wo eye meɖoa dze kpli wo. Medzea agbagba be manya wo dometɔ ɖe sia ɖe nyuie. Fifia, mebua susu nyui ɖe wo ŋu eye meɖea dzi ɖi ne mele wo dome.”

“Medi be maɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa”

Rafika Morris.

Rafika ge ɖe habɔbɔ aɖe si tsia tsitre ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu la me. Gake esi wòde Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe la, ekpɔ ɖekawɔwɔ si dim wònɔ la mlɔeba.

Kpɔ video si ƒe tanyae nye Rafika Morris: Medi Be Maɖe Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Ða. Di videoa ƒe tanya le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe