INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g23 No. 1 axa 9-11
  • Avewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Avewo
  • Nyɔ!!—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Avewo Dome Le Gbegblẽm
  • Womewɔ Míaƒe Anyigba Be Wòatsrɔ̃ O
  • Ale Si Amegbetɔwo Le Kuxia Gbɔ Kpɔm
  • Mɔkpɔkpɔ Li—Nya Si Biblia Gblɔ
  • Avetsu Damawo—Amekae Akpɔ Wo Ta?
    Nyɔ!—2003
  • Avetsu Damawo—Ðe Woate Ŋu Akpɔ Wo Taa?
    Nyɔ!—2003
  • Emenyawo
    Nyɔ!!—2023
  • Avetsu Damawo—Ðe Míate Ŋu Awɔ Wo Ŋudɔ Evɔ Míatsrɔ̃ Wo Oa?
    Nyɔ!—2003
Nyɔ!!—2023
g23 No. 1 axa 9-11
Nyɔnu aɖe le tɔdzisasrã aɖe si le ave mea dzi tom.

ÐE MÍAƑE ANYIGBA ATSRƆ̃A?

AVEWO

DZƆDZƆMEŊUTINUNYALAWO tsɔ avewo sɔ kple amegbetɔ ƒe dzitodzito, elabe atiwo ɖea ɖinuwo le ya si míegbɔna me abe ale si ko dzitodzito hã wɔnɛ ene. Atiwo léa carbon dioxide si nye ya si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋua ɖi zãna eye woɖea asi le ya si nye oxygen ŋu na amegbetɔwo be woagbɔ. Avewo mee numiemiewo kple anyigbadzilãwo ƒe akpa gãtɔ le. Avewo manɔmeea, agbea manya nɔ na mí o.

Avewo Dome Le Gbegblẽm

Ƒe sia ƒea, wolãa ati biliɔn geɖe kple susu be woade agble ɖe teƒe mawo. Tso ƒe 1940-awo mea, avetsu siwo le xexea me ƒe afã kloe tsrɔ̃.

Ne wotsrɔ̃ ave aɖea, atiwo kple lã siwo katã le emea hã tsrɔ̃na.

Womewɔ Míaƒe Anyigba Be Wòatsrɔ̃ O

Le teƒe siwo wotso atiwo lea, ewɔ nuku be atiwo gatea ŋu miena ɖi eye wodzina ɖe edzi gɔ̃ hã. Nyitsɔ laa, numekulawo de dzesii be teƒe aɖewo siwo wolã atiwo lea, eteƒe medidi hafi atiwo gagbugbɔ dze ɖi o eye teƒeawo gava zu avewo ake. Esia wɔ nuku na wo ŋutɔ. Kpɔ kpɔɖeŋu aɖewo ɖa:

  • Numekulawo nɔ ŋku lém ɖe eŋu kpɔ be nu kae adzɔ ɖe teƒe siwo woƒo avewo le be woade agble ɖi gake wogblẽ wo ɖia dzi hã. Esi wolé ŋku ɖe teƒe vovovo 2,200 ŋu le Amerika kple Ɣetoɖoƒe Afrikaa, wokpɔe be le ƒe ewo ko mea, atiwo agate ŋu amie ɖe afi mawo eye woazu avewo.

  • Le nyati aɖe si wota ɖe Science magazine mea, numekulawo bu akɔnta be le ƒe 100 mea, teƒe mawo agate ŋu atrɔ azu avetsuwo eye atiwo kple nu gbagbe vovovowo anɔ eme.

  • Nyitsɔ laa, numekula siwo le Brazil tsɔ anyigba siwo dzi amewo doa ati ɖo kple esiwo dzi atiawo ŋutɔ miena le wo ɖokui si lea sɔ kple wo nɔewo.

  • National Geographic ka nya ta be: “Edzɔ dzi na numekula siawo ŋutɔ esi wokpɔe be mehiã kura be woado atiwo o.” Elabe le ƒe atɔ̃ pɛ ko mea, “ati siwo wɔna nyuie le nuto mawo mea” mie le wo ɖokui si ɖe anyigba mawo dzi keŋ.

    ÈNYAA?

    Agblenyigbawo Ate Ŋu Atrɔ Azu Avewo

    Nɔnɔmetataa le eɖem fia be woƒo ave aɖe de agble ɖe anyigbaa dzi eye emegbea wogblẽe ɖi. Le ƒe 10 megbea, anyigbaa agate ŋu aɖɔ ɖo. Le ƒe 100 kple edzivɔ megbea, atiwo ate ŋu atsi nyuie azu avetsu.

    Teƒe siwo woƒo avewo le de agble ɖo gake emegbe wogblẽ wo ɖia agate ŋu atrɔ azu avewo le wo ɖokui si. Nenema kee esiwo dome gblẽ le susu bubu aɖewo ta hã agate ŋu azu avewo ake.

Ale Si Amegbetɔwo Le Kuxia Gbɔ Kpɔm

Le xexea me godooa, wole agbagba dzem be woaɖɔ ave siwo dome le gbegblẽm la ɖo eye woalé be na esiwo kpɔtɔ li. Esia ɖe vi aɖe sinu ya, elabe Dukɔ Ƒoƒuawo ka nya ta be ‘le xexea me godooa, ati agbɔsɔsɔ si wolãna dzi ɖe kpɔtɔ le ƒe 25 siwo va yi me.’

Gake esia ɖeɖe makpɔ kuxia gbɔ o. Habɔbɔ aɖe (Global Forest Watch) gblɔ le nyatakaka aɖe me be: “Wotsrɔ̃ avetsu geɖe le ƒe ʋɛ siwo va yi me.”

Amewo lãa atiwo le avewo me dzrana evɔ se meɖe mɔ ɖe eŋu o. Esi wònye be wole ga geɖe kpɔm le esia me taa, woyi edzi le atiwo lãm madzemadzee.

Aveŋutinunyala aɖe le ŋku lém ɖe atiwo ŋu le ave aɖe me.

Aveŋutinunyalawo léa ŋku ɖe ati siwo tsi nyuie woalã ŋu eye wowɔa ɖoɖo ɖe ati bubuwo dodo ŋu

Mɔkpɔkpɔ Li—Nya Si Biblia Gblɔ

“Yehowaa Mawu na ati siwo katã nya kpɔ, eye wonyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me.”—1 Mose 2:9.

Ame si wɔ avewo katã wɔ wo kple ŋutetea be wo dome magblẽ ɖikaa o, ne amegbetɔwo le nu gblẽm le wo ŋu gɔ̃ hã. Eya ta edi be yeakpɔ wo ta ale be woayi edzi alé míaƒe agbe ɖe te.

Biblia ɖee fia be Mawu maɖe mɔ amegbetɔwo nagblẽ anyigbaa kple nu gbagbe siwo le edzia dome keŋkeŋ o. Kpɔ nyati si nye “Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O” le axa 15 lia.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Atsu kple asi aɖe le dzidzɔ kpɔm le paradiso me.

Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be ale si amegbetɔwo le nuwo dome gblẽm le anyigba dzia mana anyigba natsrɔ̃ ɖikaa o? Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La? le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe