INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g24 No. 1 axa 10-12
  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Woƒe Ƒometɔwo Ŋu O?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Woƒe Ƒometɔwo Ŋu O?
  • Nyɔ!—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU MÍAƑE ƑOMETƆWO ŊU
  • NU SI NÀTE ŊU AWƆ
  • NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE
  • Kpekpeɖeŋu Li
    Nyɔ!—2020
  • Nu Bubu Siwo Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
    Nyɔ!—2018
  • Di Aɖaŋuɖoɖo Nyui Siwo Nu Nànɔ Agbe Ðoa Le JW.ORG
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Te Esia Kpɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2024
g24 No. 1 axa 10-12
Ŋutsu aɖe bi dzi hele asi tem ɖe eƒe fon dzi esime srɔ̃a le agbagba dzem be yeagblɔ nya aɖe nɛ. Wo viŋutsuvi le wo kpɔm.

Nu Ka Tae Amewo Megadea Bubu Woƒe Ƒometɔwo Ŋu O?

NU SI TAE WÒLE BE MÍADE BUBU MÍAƑE ƑOMETƆWO ŊU

Ne srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu kple ɖeviawo dea bubu wo nɔewo ŋu la, ewɔnɛ be ŋutifafa nɔa ƒomea me.

  • Agbalẽ aɖe si nye Mɔfiame Adre Siwo Nana Srɔ̃ɖeɖe Dzea Edzi (si le yevugbe me) gblɔ be ne srɔ̃tɔwo dea bubu wo nɔewo ŋu la, ewɔnɛ be wogaɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo wu, “menye le nu gãwo me ko o, ke boŋ le nu suesuewo hã me gbe sia gbe.”

  • Numekuku ɖee fia be ɖevi siwo srɔ̃ ale si woade bubu amewo ŋu la kpɔa dzidzɔ, woƒe dzi dzea eme, wo kple wo dzilawo dome nɔna nyuie, eye woƒe susu dzea akɔ anyi.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Wò kple wò ƒomea miwɔ ɖoɖo si dzi miazɔ ɖo. Gbã la, wò kple srɔ̃wò minɔ anyi miadzro nu si wòfia be woade bubu ame ŋu me. Evelia, miŋlɔ nu siwo miadi be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe nawɔ atsɔ ade bubu nɔvia ŋu kple nu siwo mele be wòawɔ o. Etɔ̃lia, midzro ɖoɖo si miewɔ la me kple ɖeviawo, ale be ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ƒe susu nawɔ ɖeka le nya sia me.

“Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ.”—Lododowo 21:5.

Ðo kpɔɖeŋu nyui. Ne wò ƒometɔwo da vo la, ɖe nèhea nya ɖe wo ŋua? Ne wodo susu aɖe ɖa si mawɔ dɔ o la, ɖe nèkoa woa? Ne wole nu ƒom na wò la, ɖe nètsoa nya le wo nu alo zia kpia?

Kpekpeɖeŋu: Mègabu bubudede srɔ̃wò kple viwòwo ŋu be enye nu si yeawɔ ne wodze nɛ o, ke boŋ nu si wòle na ye be yeawɔ.

“Mitre mia nɔewo bubu.”—Romatɔwo 12:10.

De bubu amea ŋu ne mèlɔ̃ ɖe eƒe susu dzi o gɔ̃ hã. Ƒo asa na nyagbɔgblɔwo abe “ɣesiaɣi” alo “gbeɖe o” ene zazã. Le kpɔɖeŋu me, “Ðokuiwò ŋu ko nèbuna ɣesiaɣi,” alo “Mèɖoa tom gbeɖe o.” Nya mawo tɔgbi gbɔgblɔ ɖe wò ƒometɔ ŋu ade abi eƒe seselelãme ŋu eye wòana nɔnɔme si do mo ɖa nado gã ɖe edzi.

“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu, ke gbedaɖeamegbɔ nana dɔmedzoe flana.”—Lododowo 15:1.

Ðetugbui aɖe le video kpɔm le jw.org.

NU SI WƆM YEHOWA ÐASEFOWO LE

Yehowa Ðasefowo dea dzi ƒo na amewo be woade bubu wo nɔewo ŋu le woƒe ƒomewo me. Woƒoa nu tso nya sia ŋu edziedzi le míaƒe videowo, nyatiwo, agbalẽwo kple agbalẽ gbadzawo me; eye womexɔa ga ɖe wo dometɔ aɖeke ta o.

NA SRƆ̃TƆWO: Nyatiwo ƒe hatsotso si nye Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ŋu be . . .

  • woanye toɖola nyuiwo

  • woatsi numaƒomaƒo na ame nɔewo nu

  • woana dzrewɔwɔ natɔ

(Di “Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu” le jw.org)

NA DZILAWO: Nyatiwo ƒe hatsotso si nye Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woana hehe wo viwo be . . .

  • woaɖo to

  • woakpe asi ɖe aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu

  • woanya ale si woagblɔ “meɖe kuku” kple “akpe”

(Di “Vihehe” alo “Ƒewuiviwo Hehe” le jw.org)

Kpɔ Nyɔ! No. 2, 2019 si ƒe tanyae nye “Nu Ade Siwo Wòhiã Be Ðeviwo Nasrɔ̃” kple Nyɔ! No. 2, 2018 si ƒe tanyae nye “Nu 12 Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze,” axa 8-11. (Di nyati mawo le jw.org)

NA SƆHƐWO: Nyati, video kple dɔwɔgbalẽvi vovovo siwo le jw.org ƒe akpa si nye Ƒewuiviwo Kple Sɔhɛwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be . . .

  • woanɔ anyi kple wo dzilawo kpakple wo nɔviwo le ŋutifafa me

  • woaɖo dze kple wo dzilawo bubutɔe tso woƒe sededewo ŋu

  • woana wo dzilawo naka ɖe wo dzi

(Di “Ƒewuiviwo Kple Sɔhɛwo” le jw.org)

Womexɔa ga ɖe jw.org nyatakakadzraɖoƒea zazã ta o. Womabia tso asiwò be nàxe fe, nàdɔ nu, alo nàŋlɔ ŋkɔ o, eye womabia be nàŋlɔ ŋuwò nyatakaka aɖeke o.

Joseph Ehrenbogen.

SRƆ̃ NU GEÐE KPEE

Hafi Joseph Ehrenbogen nava ɖe srɔ̃ la, enye ame wɔadã eye wònyrɔ eɖokui ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã me. Be nàkpɔ ale si Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo na eƒe ƒomegbenɔnɔ va nyoe la, di nyati si nye “Meva Srɔ̃ Bubudede Nyɔnuwo Kple Ðokuinye Ŋu” le jw.org.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe