TA EVE
Dzadzraɖo ɖe Srɔ̃ɖeɖe si Akpɔ Dzidzedze Ŋu
1, 2. (a) Aleke Yesu te gbe ɖe ɖoɖowɔwɔ ƒe vevienyenye dzii? (b) Nuka koŋ mee ɖoɖowɔwɔ hiã le vevie ŋutɔ?
XƆTUTU bia dzadzraɖo nyui do ŋgɔ. Hafi woaɖo xɔa gɔme anyi la, ele be woakpɔ anyigba eye woawɔ xɔa ƒe nɔnɔmetatawo. Gake nu bubu aɖe hã hiã vevie. Yesu gblɔ be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?”—Luka 14:28.
2 Nusiwo hiã le xɔtutu me la sɔ kple nusiwo hiã le srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze hã me. Ame geɖe gblɔna be: “Medi be maɖe srɔ̃.” Gake ame nenie bɔbɔ nɔa anyi bua nusi wòabia la ŋu? Togbɔ be Biblia ƒo nu nyui tso srɔ̃ɖeɖe ŋu hã la, ehe míaƒe susu yi agbanɔamedzi siwo le srɔ̃ɖeɖe me hã dzi. (Lododowo 18:22; Korintotɔwo I, 7:28) Eyata ele be amesiwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la nanya yayra siwo le srɔ̃ɖeɖe me kple nusiwo wòbia la nyuie.
3. Nukatae Biblia nye kpekpeɖeŋunu vevi aɖe na amesiwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu, eye biabia etɔ̃ kawo ŋue wòakpe ɖe mía ŋu be míaɖo?
3 Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Yehowa Mawu, srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, gbɔe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la tso. (Efesotɔwo 3:14, 15; Timoteo II, 3:16) Mina míazã gɔmeɖose siwo le mɔfiamegbalẽ sia si togbɔ be etsi ŋutɔ hã, emenyawo sɔ pɛpɛpɛ na míaƒe ŋkekea la me akpɔe ɖa be (1) Aleke woawɔ anya be wosu te na srɔ̃ɖeɖe? (2) Nɔnɔme kawoe wòle be woadi be wòanɔ amesi woava ɖe si? kple (3) Aleke woawɔ bubu nanɔ zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me?
ÐE NÈSU TE NA SRƆ̃ÐEÐEA?
4. Nukae nye nu vevi aɖe si ana wò srɔ̃ɖeɖe me nanyo, eye nukatae?
4 Gazazã geɖe ate ŋu anɔ xɔtutu me, gake beléle nɛ be wòanɔ anyi adidi hã bia ga geɖe nenema ke. Alea ke wòle le srɔ̃ɖeɖe me hã. Srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ dzena nu sesẽ aɖee; gake ele be woabu alesi woadze agbagba srɔ̃ɖegbenɔnɔ nayi edzi nyuie ne ƒeawo va le yiyim hã ŋu. Nukawoe agbagbadzedze le srɔ̃ɖegbenɔnɔa ŋu sia bia? Nu vevi aɖee nye kuku ɖe ame nɔewo ŋu ƒe ŋugbedodo si tso dzi blibo me. Ale Biblia gblɔ le srɔ̃ɖekadodoa ŋue nye si: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Mose I, 2:24) Yesu Kristo gblɔ nusi ko dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo nu eye woagate ŋu aɖe srɔ̃ bubu—“ahasiwɔwɔ,” si fia gbɔdɔdɔ manɔsenu le srɔ̃ɖeɖea godo. (Mateo 19:9) Na Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenu siawo nanɔ susu me na na wò ne èle srɔ̃ɖeɖe ŋu bum. Ne màte ŋu awɔ ɖe ŋugbedodo sia si blaa ame la dzi haɖe o la, ke efia be mèsu te na srɔ̃ɖeɖe haɖe o.—Mose V, 23:22; Nyagblɔla 5:3, 4.
5. Togbɔ be kukuɖeameŋu ƒe ŋugbedodo le srɔ̃ɖeɖe me si blaa ame doa vɔvɔ̃ na ame aɖewo hã la, nukatae wòle be amesiwo ɖoe be yewoaɖe yewo nɔewo nade asixɔxɔ gã boŋ eŋu?
5 Ŋugbe si abla ame dodo tsoa dzika ƒo na ame geɖe. Ðekakpui aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyanya be mí ame evea míedo ŋugbe si bla mí le míaƒe agbemeŋkekewo katã me na mía nɔewo la na mese le ɖokuinye me be woxaxam ɖo, woxe mɔ nam, eye womimim ɖo le go sia go me.” Gake ne èlɔ̃ amesi nèdi be yeaɖe nyateƒe la, ŋugbedodo nɛ madze agbae o. Àbui ametakpɔnui boŋ. Ne atsu kple asia se nusi ŋugbe si wodo na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me fia gɔme la, ana woadi be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu le ɣeyiɣi nyuiwo kple vɔ̃wo me, eye yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu eɖanye nuka kee adzɔ o. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ be lɔlɔ̃ vavãtɔ ‘tsɔa nuwo katã kpoo’ eye ‘wòdoa dzi le nuwo katã me.’ (Korintotɔwo I, 13:4, 7) Nyɔnu aɖe gblɔ be: “Srɔ̃ɖeɖe me ŋugbedodoa na mesena le ɖokuinye me be mele dedie wu. Akɔfafa si wònye be míelɔ̃ ɖe edzi na mía ɖokui kple na xexeame katã be míedi be míalé ɖe mía nɔewo ŋu la doa dzidzɔ nam.”—Nyagblɔla 4:9-12.
6. Nukata wònyo wu be womagatsɔ dzitsitsi aɖe srɔ̃e esime wometsi o?
6 Agbenɔnɔ ɖe ŋugbedodo ma nu bia tsitsi. Eyata Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ne wotsi ‘to sɔhɛnyenye ƒe dzodzro sesẽ me,’ ɣeyiɣi si me gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo nu sẽna eye woate ŋu atɔtɔ ame ƒe nuŋububu nyui, ko hafi woaɖe srɔ̃. (Korintotɔwo I, 7:36) Sɔhɛwo ƒe nɔnɔme trɔna kabakaba ne wole tsitsim. Amesiwo ɖe srɔ̃ esime wometsi kura o la dometɔ geɖe kpɔnɛ be le ƒe ʋee aɖewo ko megbe la, yewoƒe nuhiahiãwo kple dzodzrowo, kpakple yewo srɔ̃ tɔ siaa, trɔ. Akɔntabubuwo fia be enɔa bɔbɔe be ƒewuivi siwo ɖe srɔ̃ makpɔ dzidzɔ o eye woadi be yewoagbe yewo nɔewo bɔbɔe wu amesiwo lala vie hafi va ɖee. Eyata mègayɔ na srɔ̃ɖeɖe o. Ne ènɔ tre ƒe aɖewo le wò ɖekakpui alo ɖetugbi me la, ana nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo nasu asiwò si ana nànya alesi nàwɔ nui abe ame tsitsi ene eye nɔnɔme nyui siwo ana wò nu nanyo ame ŋu wòadi be yeaɖe la asu asiwò. Dzigbɔgbɔ ɖi hafi aɖe srɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nàse wò ŋutɔ ɖokuiwò gɔme nyuie wu—enye nusi hiã vevie ne èdi be ye kple ye srɔ̃ dome nanɔ nyuie.
NYA ÐOKUIWÒ GBÃ
7. Nukatae wòle be amesiwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe srɔ̃ la nadzro wo ɖokui me kpɔ gbã?
7 Ðe nèkpɔnɛ be ele bɔbɔe na ye be yeayɔ nɔnɔme siwo yedi be woanɔ ye srɔ̃ sia? Ele bɔbɔe na ame akpa gãtɔ. Gake wò ŋutɔ wò nɔnɔmewo hã ɖe? Nɔnɔme kawoe le asiwò siwo ana miaƒe srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze? Srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ka ƒomevi nye ge nègbɔna? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi bɔbɔe eye nèxɔa aɖaŋuɖoɖo faa, alo nèʋlia ɖokuiwò ta ɣesiaɣi si woɖɔ wò ɖoa? Ðe nènye dzidzɔme si ƒo dzi nɔnaa, alo ɖe nèléa blanui ɖi, eye nètoa nyatoƒoe edziedzia? (Lododowo 8:33; 15:15) Nenɔ susu me na wò be srɔ̃ɖeɖe matrɔ wò nɔnɔme o. Ne èkpɔa ɖokuiwò, nu vea wò kabakaba, alo nèkpɔa vodada le ame ŋu fũ akpa le wò trenɔɣi la, nenema ke koe nàganɔ ne èva ɖe srɔ̃ hã. Esi wònye be esesẽna na míawo ŋutɔ be míakpɔ mía ɖokui abe alesi ame bubuwo kpɔa míi ene ta la, nukata màbia tso dziwòla alo xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo si be wòagblɔ alesi nèle la na wò anukwaretɔe eye wòaɖo eŋuti ɖaŋuwo na wò o? Ne èse tɔtrɔ siwo nàte ŋu awɔ la, ekema dze agbagba nàwɔ wo hafi nàde ta srɔ̃ɖeɖe te.
Tu nɔnɔme, numãme, kple ŋutete siwo aɖe vi na wò le srɔ̃ɖeɖe me ɖo le wò trenɔɣi
8-10. Aɖaŋu kae Biblia ɖo si akpe ɖe ame ŋu be wòadzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?
8 Biblia de dzi ƒo na mí be míaɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la nawɔ dɔ le mía me, eye wòana míatse ku siwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.” Egagblɔ na mí be ‘woawɔ mí yeyee le ŋusẽ si wɔa dɔ ɖe míaƒe tamesusu dzi me,’ eye ‘míado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ nu la.’ (Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 4:23, 24) Aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔwɔwɔ esime nèganye tre la asɔ kple gadada ɖe gadzraɖoƒe—ava ɖe vi gã aɖe na wò le etsɔme, ne èɖe srɔ̃.
9 Le kpɔɖeŋu me, ne nyɔnue nènye la, srɔ̃ alesi nàlé ŋku ɖe “dzime ƒe ame ɣaɣla” ŋu wu wò ametia ƒe dzedzeme. (Petro I, 3:3, 4) Nusi megbɔ eme o wɔwɔ kple susuŋudɔwɔwɔ nyuie akpe ɖe ŋuwò be nunya si nye “fiakuku dzeani” vavã la nasu asiwò. (Lododowo 4:9; 31:10, 30; Timoteo I, 2:9, 10) Ne ŋutsue nènye la, srɔ̃ alesi nàwɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu le dɔmenyo kple bubu mɔ nu. (Timoteo I, 5:1, 2) Esime nèle nyametsotso wɔwɔ kple agbanɔmedziwo tsɔtsɔ srɔ̃m la, srɔ̃ alesi nàwɔ nu magbɔ eme o kpakple ɖokuibɔbɔ hã. Kuxiwo koe amegãɖuɖu ahe va srɔ̃ɖeɖe me.—Lododowo 29:23; Mixa 6:8; Efesotɔwo 5:28, 29.
10 Togbɔ be mele bɔbɔe be woatrɔ ame ƒe susu le nusiawo me o hã la, nusi ŋu wòle be Kristotɔwo katã nawɔ dɔ le ye wònye. Eye akpe ɖe ŋuwò nànye srɔ̃tɔ nyui.
NƆNƆME SIWO NÀDI BE WOANƆ AMESI NÀÐE SI
11, 12. Aleke ame eve awɔ anya be yewosɔ na yewo nɔewo alo yewomesɔ o?
11 Ðe wònye nusi bɔ le afisi nèle be ame ŋutɔ natia srɔ̃ na eɖokuia? Ne ele nenema la, aleke wòle be nàwɔ ne ame aɖe ƒe nu nyo ŋuwò? Gbã la, bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe meɖoe ŋutɔŋutɔ be maɖe srɔ̃a?’ Enye tagbɔsesẽ be nànɔ fefem le ame bubu ƒe seselelãmewo ŋu to mɔkpɔkpɔ si mava eme o nyɔnyɔ ɖe eme me. (Lododowo 13:12) Emegbe bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe mesu te na srɔ̃ɖeɖea?’ Ne èɖo biabia eve siawo ŋu be ẽ la, ke afɔ siwo nàgaɖe la aku ɖe afisi nèle ƒe dekɔnuwo ŋu. Le dukɔ aɖewo me la, ne èlé ŋku ɖe amea ŋu va de asi na ɣeyiɣi aɖe la, àte ŋu ate ɖe eŋu agblɔ nɛ be yedi be yewoanya yewo nɔewo nyuie. Ne ebe ao la, mègazii ɖe edzi kakaka wò nu nave dɔme nɛ o. Ðo ŋku edzi be amea hã kpɔ mɔ atso nya me le nya la ŋu. Gake ne elɔ̃ ɖe edzi la, ke àte ŋu awɔ ɖoɖo be mianɔ anyi ɖekae le wɔna tuameɖowo wɔwɔ me. Esia ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàkpɔe nenye be nunya anɔ eme be nàɖe amesia.a Nukae wòle be nàwɔ ne èva ɖo teƒe sia?
12 Be míaɖo nya ma ŋu la, tsɔe be haƒomɔ̃ eve li, ɖewohĩ ɖeka nye saŋku eye evelia nye dzitaa. Ne wotrɔ asi le wo ŋu be woƒe gbe ƒe kɔkɔme nasɔ pɛpɛpɛ la, wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu aƒo ha nyuie ne woƒo eya ɖeka. Gake nukae adzɔ ne woƒo mɔ̃ eve siawo zi ɖeka? Fifia ele be woƒe gbe nasɔ ɖe wo nɔewo tɔ nu. Nenema ke wòle le mia kple amesi nèdi be yeaɖe hã gome. Ðewohĩ mia dometɔ ɖesiaɖe miedze agbagba vevie be miana miaƒe nɔnɔme “nasɔ.” Gake fifia biabia lae nye: Ðe miaƒe gbe sɔa? Ne míagblɔe bubui la, ɖe miesɔ na mia nɔewoa?
13. Nukata nunya mele eme kura be nànɔ zɔzɔm kple amesi ƒe xɔse to vovo na tɔwò bene yeaɖee o?
13 Ele vevie be mi ame evea miaƒe dzixɔsewo kple gɔmeɖosewo nasɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o.” (Korintotɔwo II, 6:14; Korintotɔwo I, 7:39) Amesi ƒe Mawu dzixɔse mewɔ ɖeka kple tɔwò o la ɖeɖe ana wòanɔ bɔbɔe wu be ɖekamawɔmawɔ gã aɖe nanɔ mia dome. Gake mi ame evea ƒe Yehowa Mawu subɔsubɔ nye ɖekawɔwɔ ƒe gɔmeɖoanyi sesẽtɔ kekeake. Yehowa di be nàkpɔ dzidzɔ eye ɖekawɔwɔ si me asẽ goŋgoŋ alesi miate ŋui nanɔ mia kple amesi nàɖe la dome. Edi be lɔlɔ̃ ƒe nublaka etɔ̃ si wogbi ɖekae nabla mi ɖe Ye ŋu.—Nyagblɔla 4:12.
14, 15. Xɔse ɖeka me nɔnɔ koe nye nusi hea ɖekawɔwɔ va srɔ̃ɖeɖe mea? Ðe eme.
14 Togbɔ be Mawu subɔsubɔ ɖekae ye nye nu vevitɔ si hea ɖekawɔwɔ vɛ hã la, nu bubu geɖe gali. Be mia kple amesi ɖe ge nèle miasɔ na mia nɔewo la, ele be miaƒe taɖodzinuwo nasɔ kple mia nɔewo tɔ. Nukawoe nye miaƒe taɖodzinuwo? Le kpɔɖeŋu me, nukae nye mi ame evea ƒe susu le vidzidzi ŋu? Nukawoe xɔa nɔƒe gbãtɔ le miaƒe agbe me?b (Mateo 6:33) Le srɔ̃ɖeɖe si me nyo ŋutɔŋutɔ me la, atsu kple asi nyea xɔlɔ̃ nyuiwo na wo nɔewo eye wosea vivi le wo nɔewo gbɔ nɔnɔ me. (Lododowo 17:17) Be wòanɔ alea la, ele be nu ɖeka ŋugbe nadzɔ dzi na wo. Esesẽ be woana xɔlɔ̃dzedze kplikplikpli nanɔ ame dome ayi edzi—eye egasesẽ wu kura le srɔ̃ɖeɖe me—ne mele alea o. Ke ne nane dzɔa dzi na amesi nèdi be yeaɖe, abe tsatsa be woatsɔ aɖe modzakae ene la, ɖe wòfia be mi ame evea miate ŋu aɖe mia nɔewo oa? Mefia nenema kokoko o. Ðewohĩ miewɔ ɖeka le nu bubu siwo le vevie wu me. Hekpe ɖe eŋu la, àte ŋu ana amesi ɖe ge nègbɔna nakpɔ dzidzɔ ne èkpɔa gome kplii le wɔna tuameɖowo me le esi wodzɔa dzi na ame evelia ta.—Dɔwɔwɔwo 20:35.
15 Nyateƒe, le nu geɖe me la, mi ame evea ƒe lɔlɔ̃ be miatrɔ miaƒe nɔnɔme wòasɔ ɖe mia nɔewo tɔ nu tsɔ wu alesi miaɖi mia nɔewo gbɔ koŋ ye sɔsɔ kple ame nɔewo tsona. Le esi nàbia be “Ðe míelɔ̃na ɖe nusianu dzia?” teƒe la, anyo wu be nàbia be: “Nukae dzɔna ne míelɔ̃ ɖe nu ɖeka dzi o? Ðe míete ŋu gblɔnɛ blewu kple mía nɔewo, le ame nɔewo ŋu bubu kple bubudede ame nɔewo ŋu mea? Alo ɖe míaƒe numedzodzrowo zua dzrea?” (Efesotɔwo 4:29, 31) Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ la, kpɔ nyuie le amesi dana eye mexɔa aɖaŋuɖoɖo o, amesi melɔ̃na gbeɖe be woagbe nya na ye o, alo amesi dia nu geɖe fũ tso ame si ɣesiaɣi eye wòtoa ayemɔ dzi wɔa nusi dze eya ŋutɔ ŋu la ŋuti.
BIA SE GBÃ
16, 17. Nukawo ŋue ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu alé ŋku ɖo ne wòle amesi wòaɖe ŋu bum?
16 Le Kristo-hamea me la, ele be ‘woado’ amesiwo woade dɔ asi na ‘kpɔ gbã be wodze hã.’ (Timoteo I, 3:10) Wò hã àte ŋu atsɔ gɔmeɖose sia awɔ dɔe. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu ate ŋu abia be, “Nɔnɔme kae wonya na ŋutsu sia? Amekawoe nye exɔlɔ̃wo? Ðe ɖokuidziɖuɖu dzena le eƒe nuwɔnawo mea? Aleke wòwɔa nu ɖe ame tsitsiwo ŋui? Ƒome ka ƒomevi mee wòtso? Aleke wòwɔa nu ɖe wo ŋui? Aleke wòwɔna ɖe ga ŋu? Ðe wòtsɔ aha ɖo dɔea? Ðe nu venɛ kabakaba, eye kura gɔ̃ hã wòdoa adãa? Hamea me gbanɔamedzi kawoe le edzi, eye aleke wòwɔa woe? Ðe mate ŋu ade bubu deto eŋua?”—Mose III, 19:32; Lododowo 22:29; 31:23; Efesotɔwo 5:3-5, 33; Timoteo I, 5:8; 6:10; Tito 2:6, 7.
17 Ŋutsu ate ŋu abia be, “Ðe lɔlɔ̃ kple bubudede Mawu ŋu dzena le nyɔnu sia ŋua? Ate ŋu akpɔ aƒe dzia? Nukae eƒe ƒomea anɔ mɔ kpɔm na tso mía gbɔ? Edze aɖaŋua, ezãa, eléa be na nua? Nuka ŋue wòƒoa nu le? Ðe wòtsɔa ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo mea, alo ɖe wònye ɖokuitɔdila, amesi dea nu nya si metsɔ egbɔ o mea? Ðe woate ŋu aka ɖe edzia? Ðe wòlɔ̃na bɔbɔa eɖokui ɖe tanyenye tea, alo ɖe wònye tomesesẽtɔ, eye ɖewohĩ kura gɔ̃ hã wònye nyɔnu dzeaglãa?”—Lododowo 31:10-31; Luka 6:45; Efesotɔwo 5:22, 23; Timoteo I, 5:13; Petro I, 4:15.
18. Ne ède dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ suesuewo le zɔzɔ kple mia nɔewo me la, nuka ŋue wòle be nàbu?
18 Mègaŋlɔ be o be Adam ƒe dzidzimevi madebliboe nèle nu wɔm kple, menye nyakpakpa me ŋutsu alo nyɔnu deblibo si ƒe nya wogblɔ ɖe gligbalẽ mee o. Gbɔdzɔgbɔdzɔ le amesiame ŋu, eye ele be woaŋe aɖaba aƒu ɖewo dzi—tɔwòwo kple amesi ɖe ge nègbɔna la tɔwo siaa. (Romatɔwo 3:23; Yakobo 3:2) Gawu la, ne èkpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dze sii la, aʋu tsitsi ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na wò. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be esime mienɔ zɔzɔm kple mia nɔewo do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, mieʋli nya aɖe. Bu eŋu kpɔ: Amesiwo lɔ̃a wo nɔewo eye wodea bubu wo nɔewo ŋu kura gɔ̃ hã melɔ̃na ɖe nu ɖeka dzi na wo nɔewo ɣesiaɣi o. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 30:2; Dɔwɔwɔwo 15:39.) Ðe wòate ŋu anye be nusi hiã koe nye be mi ame evea siaa ‘miaɖu miaƒe gbɔgbɔ dzi’ vie eye miasrɔ̃ nyawo gbɔkpɔkpɔ le ŋutifafa me wua? (Lododowo 25:28) Ðe amesi nèdi be yeaɖe la ɖee fia be yelɔ̃ be yeatrɔ asi le nɔnɔmea ŋua? Wò ŋutɔ hã ɖe? Ðe nàte ŋu asrɔ̃ alesi nu mave wò kabakaba, kasia ko nabi dzi oa? (Nyagblɔla 7:9) Kuxiwo gbɔkpɔkpɔ sɔsrɔ̃ ate ŋu ana dzeɖoɖo anukwaretɔe si hiã vevie ne mieva ɖe mia nɔewo la ƒe kpɔɖeŋu natsi mia si.—Kolosetɔwo 3:13.
19. Nukae anye nusi me nunya anɔ be nàwɔ ne kuxi sesẽwo do mo ɖa le wò zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me?
19 Ke ne èkpɔ nane siwo ɖe fu na wò vevie ɖe? Ele be nàbu ɖikeke mawo ŋu nyuie. Aleke gbegbe lɔlɔ̃ nyɔ ɖe mewòe alo aleke gbegbe nètsi dzi ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋui o, mègaŋe aɖaba ƒu vodada gãwo dzi o. (Lododowo 22:3; Nyagblɔla 2:14) Ne kadodo le mia kple ame aɖe si ŋu nèkea ɖi le vevie le ɖokuiwò me dome la, nunya le eme be nàtso kadodo ma me eye be màdo ŋugbe si anɔ mia kplii dome ɖaa la na ame ma o.
MINA BUBU NENƆ MIAƑE ZƆZƆ DO ŊGƆ NA SRƆ̃ÐEÐEA ME
20. Aleke ŋutsu kple nyɔnu siwo le ɖeɖe ŋu bum la awɔ kpɔtsotso manɔ woƒe agbenɔnɔ ŋu o?
20 Aleke miawɔ be bubu nanɔ miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me? Gbã la, mikpɔ egbɔ be kpɔtsotso aɖeke maganɔ miaƒe agbenɔnɔ ŋu o. Afisi miele la, ɖe wobua asiléle, nugbugbɔgbugbɔ, alo asikpakplakɔ na ame nɔewo be wodze na amesiwo meɖe srɔ̃ o be woawɔa? Ne womebua lɔlɔ̃ɖeɖefia siawo be wodze vɔ̃ o hã la, ne kadodoa ɖo afisi mieɖo kpe srɔ̃ɖeɖe dzi koŋ ko hafi wòle be miaɖe mɔ ɖe wo ŋu. Mikpɔ nyuie be lɔlɔ̃ɖeɖefia mawo magayi edzi kakaka ava zu makɔmakɔnyenye alo kura gɔ̃ hã wòakplɔ mi ade matrewɔwɔ me o. (Efesotɔwo 4:18, 19; tsɔe sɔ kple Hawo ƒe Ha 1:2; 2:6; 8:5, 9, 10.) Esi dzi la nye nusi dzi womate ŋu aka ɖo o ta la, nunya anɔ eme na mi ame evea be miatsri mia ɖokui ɖeɖe ɖe aga le aƒeme, xɔ me, ʋu si wotɔ ɖi me, alo teƒe bubu ɖesiaɖe si ana miate ŋu anɔ agbe baɖa. (Yeremya 17:9) Egbɔkpɔkpɔ be mianɔ agbe dzadzɛ le miaƒe zɔzɔa me nye kpeɖodzi kɔte be ɖokuidziɖuɖu le mia si eye miedaa ame evelia ƒe nyonyo ɖe ŋgɔgbe na mia ŋutɔwo miaƒe didiwo. Vevietɔ wu la, zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe si le dzadzɛ la adze Yehowa Mawu, amesi de se na esubɔlawo be woatsri makɔmakɔnyenye kple matrewɔwɔ la ŋu.—Galatiatɔwo 5:19-21.
21. Dzeɖoɖo anukwaretɔe kae ahiã bene bubu nanɔ zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me?
21 Evelia, zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe si ŋu bubu le fia hã be woato anukware na ame nɔewo. Esime miaƒe zɔzɔa le ŋgɔ yim ɖo ta srɔ̃ɖeɖe gbɔ la, ele be miadzro nya aɖewo me naneke maɣlamaɣlae. Afikae miava nɔ? Ðe mi ame evea miawɔ dɔa? Miadi be yewoadzi via? Azɔ hã ɖikekemanɔmee la, esɔ be miagblɔ nusi, ɖewohĩ le agbe si mienɔ va yi tsã ta, ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu la na mia nɔewo. Nusiawo ƒe ɖewo ate ŋu anye fe gã si anɔ ame ŋu alo agba siwo le ame dzi alo lãmesẽkuxiwo, abe ne dɔléle alo nɔnɔme sesẽ aɖe le ame ŋu ene. Esi dzesi aɖeke medzena enumake le ame geɖe siwo ŋu HIV (dɔlékui si naa AIDS) le la ŋu o ta la, manye nu gbegblẽ be amea alo edzila siwo tsɔ ɖe le eme nɛ la nabia be woado ame ƒe ʋu kpɔ be AIDS le eŋu hã le amesi wɔ gbolo kpɔ alo doa atikevɔ̃ɖi ɖe ʋuka me tsã gome o. Ne wokpɔ le dodokpɔa me be ele amea ŋu la, mele be amesi xɔ dɔa nazi amesi wòdi be yeaɖe la dzi be yewoagayi zɔzɔ kple yewo nɔewo dzi ne ame evelia di be netɔ ɖe afima o. Le nyateƒe me, anyo be amesiame si nɔ agbe si me woate ŋu axɔ dɔ le kpɔ la nalɔ̃ faa be yeana woado yeƒe ʋu akpɔ be AIDS le eme hã hafi wòadze zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe gɔme kple ame aɖe.
SRƆ̃KPEGBEA MEGBE KPƆKPƆ
22, 23. (a) Aleke wòadzɔe be womada asɔ o ne wole dzadzram ɖo ɖe srɔ̃kpekpe ŋu? (b) Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be wòanɔ ame si ne wole srɔ̃kpekpea kple srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ŋu bum?
22 Le ɣleti mamleawo do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖea me la, anɔ eme be mi ame evea miaƒe ŋku abiã ɖe dzadzraɖo ɖe srɔ̃kpekpea ŋu. Miate ŋu aɖe dzitsitsi si le eme dzi akpɔtɔ ne miewɔ nusi gbɔ eme o. Srɔ̃kpekpe kpeɖi ado dzidzɔ na ƒometɔwo kple nuto si me miele me tɔwo, gake ate ŋu ana ɖeɖi nate srɔ̃tɔ yeyeawo kple woƒe ƒomewo ŋu eye woƒe kotoku me naƒu kplakplakpla. Wɔwɔ ɖe mia gbɔ dekɔnuwo dzi vaseɖe afi aɖe sɔ, gake wɔwɔ ɖe edzi nanekematolemee kple ɖewohĩ be ye tɔ nawu ame aɖe tɔ ate ŋu ana gɔmesese si le wɔna la ŋu nabu eye dzidzɔ si le eme hã nato mia ŋu. Togbɔ be ele be woabu ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu hã la, ŋugbetɔsrɔ̃ la koŋ ƒe dɔe wònye be wòatso nya me le nusiwo woazã le srɔ̃kpekpea me ŋu.—Yohanes 2:9.
23 Nenɔ susu me na mi be ŋkeke ɖeka ƒe nu koe miaƒe srɔ̃kpekpea nye, gake miaƒe srɔ̃ɖeɖea ya anɔ anyi le miaƒe agbemeŋkekeawo katã me. Migana srɔ̃kpekpea naxɔ susu me na mi fũ akpa o. Ke boŋ midi mɔfiame tso Yehowa Mawu gbɔ, eye miawɔ ɖoɖo do ŋgɔ ɖe miaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu. Ne miewɔe alea la, ke adzra mi ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze ŋu.
a Nya sia aku ɖe dukɔ siwo me wobua gbeɖoɖoɖi be esɔ na Kristotɔwo le ŋu.
b Le Kristo-hamea me gɔ̃ hã la, ame aɖewo anɔ anyi siwo ŋu míagblɔ le be womele hamea me o eye womele egodo hã o. Le esi woatsɔ dzi blibo asubɔ Mawui teƒe la, ɖewohĩ xexeame ƒe nɔnɔmewo kple eƒe agbenɔnɔ kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.—Yohanes 17:16; Yakobo 4:4