INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ip-1 ta 16 axa 208-214
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Hena Mɔfiafia Kple Ametakpɔkpɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Hena Mɔfiafia Kple Ametakpɔkpɔ
  • Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ʋukɔkɔɖinyigba
  • Aʋa si Wowɔ Kple Asdod
  • ‘Eɖe Ama Hele Afɔ Ƒuƒlu’
  • Mɔkpɔkpɔ Me Gblẽ, Nyonyo Nu Yi
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • Yehowa ƒe Adaŋudede ɖe Dukɔwo Ŋu
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Migavɔ̃ na Asiriatɔwo O
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Kpɔ Mɔ Na Yehowa
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
ip-1 ta 16 axa 208-214

Ta Wuiadelia

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Hena Mɔfiafia Kple Ametakpɔkpɔ

Yesaya 20:1-6

1, 2. Afɔku kae dze ŋgɔ Mawu ƒe dukɔa le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me, eye amekawo gbɔe wòdzro wo dometɔ geɖe be woadi ametakpɔkpɔ tsoe?

ABE alesi míekpɔe le agbalẽ sia ƒe ta siwo do ŋgɔ me ene la, nɔnɔme dziŋɔ aɖe dze ŋgɔ Mawu ƒe dukɔa le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me. Asiriatɔ siwo lɔ̃a ʋukɔkɔɖi la le dukɔwo tsrɔ̃m ɖe wo nɔewo yome, eye eteƒe madidi o woava dze Yuda anyiehefiaɖuƒea hã dzi. Ameka gbɔe anyigba la dzi nɔlawo adi ametakpɔkpɔ le? Nubabla le wo kple Yehowa dome eye ele be woaɖo ŋu ɖe eŋu be akpe ɖe yewo ŋu. (Mose II, 19:5, 6) Nu mae Fia Dawid wɔ. Egblɔ be: “Yehowa enye nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye ɖela.” (Samuel II, 22:2) Gake edze ƒã be le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, ame geɖe meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be enye yewoƒe mɔ sesẽ o. Wodi boŋ be yewoaxɔ kpekpeɖeŋu tso Egipte kple Etiopia gbɔ, eye wonɔ mɔ kpɔm be dukɔ eve siawo akpɔ yewo ta tso Asiriatɔwo ƒe amedzidzedze si nɔ ŋgɔ la me. Gake woda ƒu.

2 Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi xlɔ̃ nu wo be sitsoƒe didi le Egipte loo alo Etiopia anye afɔku. Nusɔsrɔ̃ nyui aɖe nɔ nyagblɔɖila la ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la me na eŋɔlimetɔwo eye ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe vevienyenye ŋuti nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le eme na míawo hã.

Ʋukɔkɔɖinyigba

3. Ƒo nu tso alesi Asiriatɔwo lɔ̃a aʋawɔwɔe ŋu.

3 Wonya Asiriatɔwo be wosesẽ le asrafonya me. Agbalẽ si nye Ancient Cities gblɔ be: “Wosubɔ ŋusẽ, eye legba gã siwo nye kpewo, dzatawo kple nyitsu siwo ƒe ŋutinuwo lolo, hɔ̃ ƒe aʋalaawo, kple amegbetɔ ƒe ta siwo tsi tre ɖi na ŋusẽ, kalẽwɔwɔ, kple aʋadziɖuɖu la koe wodoa gbe ɖa na. Aʋawɔwɔ koŋue nye dukɔa ƒe dɔ, eye nunɔlawoe dɔa aʋadzre ɣesiaɣi.” Eyata esɔ be Biblia me nyagblɔɖila Naxum yɔ Niniwe si nye Asiria ƒe fiadu la be “hlɔ̃dodu.”—Naxum 3:1.

4. Aleke Asiriatɔwo de vɔvɔ̃ lãme na dukɔ bubuwoe?

4 Ŋutasesẽ si gbɔ eme ye Asiriatɔwo tsɔ wɔa aʋae. Asiria-srafo siwo de ga gɔdɔ̃e ŋɔtime loo alo nuyi ŋu na aboyomewo hekplɔ wo yinae la dze le ŋkeke mawo me nukpakpawo dzi. Wotsɔa akplɔ gbãa ŋkui na aboyome aɖewo. Nuŋɔŋlɔ aɖe ƒo nu tso aʋadziɖuɖu si me Asiria-ʋakɔa lã aboyomewo ƒe ŋutinuwo heli kɔe ɖe akpa eve me ɖe dua ƒe gbɔto ŋu—kɔ ɖeka nye ame tawo eye evelia nye ŋutinu bubuwo. Wotɔa dzo amesiwo dzi woɖu ƒe viwo. Anye be vɔvɔ̃ si ŋutasesẽ alea de amewo me la de Asiriatɔwo dzi le asrafonyawo me, elabena ewɔnɛ be dukɔwo vɔ̃na be yewoatsi tre ɖe woƒe aʋakɔwo ŋu.

Aʋa si Wowɔ Kple Asdod

5. Asiria-fia sẽŋu kae nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me, eye aleke woɖo kpe eŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me dzii?

5 Asiria Fiaɖuƒea va kpɔ ŋusẽ gã aɖe le Yesaya ƒe ŋkekea me le Fia Sargon ƒe dziɖuɣi.a Le ƒe geɖe siwo va yi me la, ɖeklemiɖelawo ke ɖi fia sia ƒe anyinɔnɔ, elabena womeyɔ eƒe ŋkɔ le xexemegbalẽwo me o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, blematomenukulawo ke ɖe Sargon ƒe fiasã ŋu, eye eɖe nya si Biblia gblɔ ƒe nyateƒenyenye fia.

6, 7. (a) Anye be susu kawo tae Sargon na wodze Asdod dzi? (b) Dɔ kae Asdod ƒe anyidzedze wɔ ɖe dukɔ siwo do liƒo kple Filisti dzi?

6 Yesaya ƒo nu tso Sargon ƒe aʋakpekpewo dometɔ ɖeka ŋu kpuie be: “Tartan va Asdod, esime Asur-fia Sargon dɔe ɖa, eye wòwɔ aʋa kple Asdod hexɔe.” (Yesaya 20:1)b Nukata Sargon na wova dze Asdod si nye Filistitɔwo ƒe du dzi? Susu ɖekae nye be kadodo nɔ Filisti kple Egipte dome eye Asdod, afisi Dagon ƒe gbedoxɔ le la, nɔ ƒutamɔ si tso Egipte yi Palestina la dzi. Eyata dua va le teƒe vevi aɖe. Ne woxɔe la, aʋu mɔ ɖi be woaɖu Egipte hã dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Asiriatɔwo ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be Asdod-fia Azuri nɔ nugbe ɖom ɖe Asiria ŋu. Eyata Sargon na woɖe fia dzeaglã la le zi dzi eye wotsɔ Ahimiti, si nye fia la tsɛ, ɖo fiazikpuia dzi. Gake esia mekpɔ nyaa gbɔ o. Wogadze aglã ake, eye fifia ya Sargon wɔ nusi yi ŋgɔ wu. Ede se be woadze Asdod dzi, eye woɖe to ɖee hexɔe. Anye be nudzɔdzɔ sia ŋue Yesaya 20:1 le nu ƒom tsoe.

7 Asdod ƒe anyidzedze do ŋɔdzi na dukɔ siwo do liƒo kplii, vevietɔ Yuda. Yehowa nya be yeƒe dukɔa di be yewoadi kpekpeɖeŋu le ‘amegbetɔ ƒe alɔ,’ abe Egipte alo Etiopia si le anyiehe gome ene la gbɔ. Eyata ede dɔ asi na Yesaya be wòawɔ nuxlɔ̃ame vevi aɖe ƒe kpɔɖeŋu na wo.—Kronika II, 32:7, 8.

‘Eɖe Ama Hele Afɔ Ƒuƒlu’

8. Nusi nye nyagblɔɖi kae gbɔgbɔ ʋã Yesaya wòwɔ?

8 Yehowa gblɔ na Yesaya be: “Yi natu akpanya le ali, eye naɖe atokotawo le wò afɔ.” Yesaya wɔ ɖe Yehowa ƒe sededea dzi. “Tete wòwɔ nenema, eye wòɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim.” (Yesaya 20:2) Akpanya nye avɔ manyomanyo si nyagblɔɖilawo koŋ tana, eye ɣeaɖewoɣi wotanɛ gblɔa nuxlɔ̃amegbedasi. Wotanɛ hã le ɣeyiɣi sesẽwo me alo ne wose nya vɔ̃ aɖe. (Fiawo II, 19:2; Psalmo 35:13; Daniel 9:3) Ðe Yesaya nɔ amama ŋutɔŋutɔ nɔ yiyim si fia be medo naneke kura oa? Mefia nenema kokoko o. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘amama’ la ate ŋu afia be woado awu ame ƒe akpa aɖewo natsi anyi alo woata avɔ si melolo o. (Samuel I, 19:24, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Eyata ate ŋu anye be Yesaya ɖe eƒe awu ʋlaya ɖi, eye awutewui sue si amewo lɔ̃a dodo la kpɔtɔ nɔ eŋu. Nɔnɔme sia mee Asiriatɔwo taa ŋutsu aboyomewo ɖo zi geɖe.

9. Gɔmesese kae le Yesaya ƒe nuwɔnaa ŋu le nyagblɔɖi me?

9 Womena gɔmesese si le Yesaya ƒe nuwɔna wɔmoya la ŋu nɔ ɣaɣla o: “Yehowa gblɔ bena: Alesi nye dɔla Yesaya ɖe ama le afɔ ƒuƒlu le yiyim ƒe etɔ̃ sɔŋ la, dzesi kple kpɔɖeŋu wònye na Egipte kple Kus [alo Etiopia], nenema Asur-fia akplɔ Egipte ƒe aboyomewo kple Kus ƒe amesiwo wonyã de gbe la ayii, ɖekakpuiwo kple amegã ɖeɖiwo, woaɖe ama, anɔ afɔ ƒuƒlu, eye woƒe agɔnu atsi ƒeƒle; ŋukpe wònye na Egipte.” (Yesaya 20:3, 4) Ẽ, eteƒe madidi o woakplɔ Egipte kple Etiopia tɔwo ayi aboyo mee. Womagblẽ ame aɖeke ɖi o. Woaxɔ “ɖekakpuiwo kple amegã ɖeɖiwo”—ɖeviwo kple tsitsiawo—gɔ̃ hã ƒe nunɔamesiwo katã eye woakplɔ wo ayi aboyo mee. Yehowa to kpɔɖeŋu ɖedzileameƒo sia dzi xlɔ̃ nu Yudatɔwo be ŋuɖoɖo ɖe Egipte kple Etiopia ŋu anye dzodzro. Dukɔ siawo ƒe anyidzedze ana ‘woatsi ƒeƒle’—si anye woƒe ŋukpe gãtɔ kekeake!

Mɔkpɔkpɔ Me Gblẽ, Nyonyo Nu Yi

10, 11. (a) Aleke Yuda awɔ nui ne wokpɔ be Egipte kple Etiopia mete ŋu nɔ te ɖe Asiria nu o? (b) Ðewohĩ anye nukata wòdzro Yudatɔwo be yewoaɖo ŋu ɖe Egipte kple Etiopia ŋu?

10 Azɔ Yehowa gblɔ nya ɖi le alesi eƒe dukɔa awɔ nui ne wokpɔ be Egipte kple Etiopia si wodi be yewoasi atso la mete ŋu nɔ te ɖe Asiriatɔwo nu o ŋu. “Dzika atso wo ƒo, eye ŋu akpe wo ɖe Kus, si ŋu wole ŋu ɖom ɖo kple Egipte, si ta wole adegbe ƒom ɖo la ŋuti. Eye ƒuta sia nɔlawo agblɔ le ɣemaɣi bena: Kpɔ ɖa, ale wòzu na amesiwo ŋu míele ŋu ɖom ɖo la enye si, amesiwo míesi yi ɖaɖo, be woaɖe mí tso Asur-fia si me. Aleke míawo míawɔ asi?”—Yesaya 20:5, 6.

11 Yuda le abe ƒutanyigba sue aɖe ko ene ne wotsɔe sɔ kple Egipte kple Etiopia ƒe ŋusẽ. Ðewohĩ alesi Egipte dze anii—eƒe piramid gãwo, gbedoxɔ kɔkɔwo, kple eƒe aƒe gã siwo ŋu abɔwo, atikutsetsebɔwo, kple ta suewo le—la lé dzi na “ƒuta sia” nɔlawo. Alesi Egipte-xɔwo nya kpɔe la na wòdze abe dukɔa li ke eye anɔ anyi ɖaa ene. Wobui be manya wɔ be woatsrɔ̃ dukɔ sia o! Ðewohĩ Etiopia ƒe datidalawo, tasiaɖamwo, kple sɔdolawo hã wɔ dɔ ɖe Yudatɔwo dzi.

12. Ameka ŋue wòle be Yuda naɖo ŋu ɖo?

12 Le nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu si Yesaya wɔ fia kple Yehowa ƒe nyagblɔɖinyaawo ta la, ele be amesiame si gblɔ be Mawu ƒe dukɔ me tɔ yenye eye wòdi be yeaɖo ŋu ɖe Egipte kple Etiopia ŋu la nabu tame vevie. Aleke gbegbe wòanyo wue nye si be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le esi teƒe be woaɖo ŋu ɖe amegbetɔ si le anyigba dzi ŋu! (Psalmo 25:2; 40:5) Alesi nuwo va dzɔe enye be Yuda kpe fu vevie le Asiria-fia si me, eye emegbe Babilon tsrɔ̃ eƒe gbedoxɔ kple eƒe fiadua. Ke hã woƒe “akpa ewolia” si nye “ƒome kɔkɔe” la susɔ, abe ati gã aɖe ƒe takpoe ene. (Yesaya 6:13) Ne ɣiyiɣi ma ɖo la, Yesaya ƒe gbedasia ado ŋusẽ ƒuƒoƒo sue ma si yi edzi ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la ƒe xɔse!

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

13. Nɔnɔme sesẽ kawoe gblẽa nu le mí katã—xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo siaa—ŋu egbea?

13 Nuxlɔ̃ame si le Yesaya ƒe agbalẽa me si ku ɖe ŋuɖoɖo ɖe Egipte kple Etiopia ŋu ƒe toflokonyenye ŋuti la menye blemanya gbɔlo ko o. Asixɔxɔ vevi aɖe le eŋu na mí egbea. Míele ‘ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ sesẽ’ me. (Timoteo II, 3:1) Menye amesiwo gbea Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu koe ganya ƒe tɔtɔ, ahedada si bɔ, dunyahehe me kemalimali, dukɔmeviwo ƒe zitɔtɔ, kple aʋawɔwɔ sue kple gãawo gblẽa nu le o—egblẽa nu le amesiwo subɔa Yehowa hã ŋu. Biabia si dze ŋgɔ mía dometɔ ɖesiaɖee nye be, ‘Ameka gbɔe madi kpekpeɖeŋu atsoe?’

14. Nukata wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ɖeka ko ŋu?

14 Ðewohĩ ganyamedzrola bibiwo, dunyahelawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ƒoa nu tso amegbetɔ ƒe aɖaŋu kple mɔ̃ɖaŋununya tsɔtsɔ kpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔe ŋu ƒe nu awɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi. Gake Biblia gblɔ eme kɔ ƒã be: “Enyo be, woasi Yehowa atso, wu esi woaɖo dzi ɖe amegãwo ŋu.” (Psalmo 118:9) Ðoɖo siwo katã amegbetɔ wɔna ɖe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋu azu dzodzro, eye nyagblɔɖila Yeremya gblɔ nusita wòle alea la wòsɔ nyuie be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.

15. Ameka gbɔ koe ameƒome si le fu kpem la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia le?

15 Eyata ele vevie ŋutɔ be Mawu subɔlawo nagana xexe sia me ƒe yeaɖi ŋusẽ alo nunya aɖeke nalé dzi na wo madzemadzee o. (Psalmo 33:10; Korintotɔwo I, 3:19, 20) Yehowa, amesi nye Wɔla la, koe nye amegbetɔƒome si le fu kpem la ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Woaxɔ amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu ɖe agbe. Abe alesi gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔe ene la, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ŋutinyaŋlɔlawo yɔa fia sia be Sargon II. Woyɔa fia aɖe si nɔ anyi do ŋgɔ nɛ, gake wònye Babilontɔ ke menye Asiriatɔ o, la be “Sargon I.”

b Menye ŋkɔe “Tartan” nye o ke boŋ enye Asiria-ʋakɔa ƒe aʋafiagã ƒe dzesideŋkɔ, eye anɔ eme be enye ame evelia si kpɔ ŋusẽ wu le fiaɖuƒea me.

[Nɔnɔmetata si le axa 209]

Asiriatɔwo gbãa ŋku na amesiwo wolé aboyoe la dometɔ aɖewo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 213]

Ðewohĩ nusiwo amegbetɔ te ŋu wɔ alé dzi na ame aɖewo, gake enyo wu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe