-
Nuƒoƒo Wòazɔ TẽNa Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
-
-
NUSƆSRƆ̃ 4
Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ
NE ÈKƆ gbe dzi le nu xlẽm la, ɖe nèkukɔna le nya dzia? Alo ne èle nyaselawo ŋkume be yeaƒo nu la, ɖe nya siwo nàgblɔ wòadze to la zua dɔ na wò zi geɖea? Ne nenemae la, ekema ɖewohĩ wò nuƒo mete ŋu zɔna tẽ o. Amesi ƒe nuxexlẽ kple nuƒo zɔna tẽ ƒe nyawo tsiãna ɖe enu nyuie. Esia mefia be eƒoa nukpoloe, alo be eƒoa nu kabakaba, alo be mebua nu ŋu hafi ƒoa nu o. Eƒe nuƒo dzea to eye wònya sena ale gbegbe. Nuƒoƒo wòazɔ tẽ nye nudidi vevi aɖe le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me.
Nu vovovowoe awɔe be nuƒo mazɔ tẽ o. Ahiã be nàkpɔ nyuie le nusiwo gbɔna la gomea? (1) Ne èle nu xlẽm na amewo la, àtsi yaa ne mènya nya aɖewo yɔyɔ alo se wo gɔme o. (2) Ne sẽ ko ètɔ evɔ tɔtɔ mehiã hafi o la, nyawo matsiã ɖe enu nyuie o. (3) Kuxia ate ŋu atso dzadzraɖo si womewɔ o hã gbɔ. (4) Gbɔdzɔgbɔdzɔ si le ame aɖewo ŋu si ta ne wole amewo ŋkume la, woƒe nuƒo mete ŋu zɔna tẽ o enye be womeɖo nyawo ɖe ɖoɖo nu wode nu wo nɔewo me o. (5) Tumaɖumaɖu na gbea hã ana amea maka ɖe eɖokui dzi o esi menya nya siwo tututu wòazã o ta. (6) Ne wole gbe tem ɖe nya ɖesiaɖe kloe dzi la, asesẽ be nuƒoa nazɔ tẽ. (7) Kuxia ƒe akpa aɖe hã ate ŋu anye gbeŋutisewo manyamanya nyuie.
Ne wò nuƒoa mezɔ tẽ o la, nyasela siwo le Fiaɖuƒe Akpata me la matso adzo ya o, gake woƒe susu anɔ tsatsam. Eyata nu geɖe ato wo ŋu le nuƒoa me.
Le go bubu me la, ele be woakpɔ nyuie be nuƒo si zɔ tẽ, si woƒo kakaɖedzitɔe la, nagazu tɔteteɖenudzi nuƒo si awɔe kura gɔ̃ hã be nyaselawo nade vovo ge le wo ɖokui me ado kpoe o. Nuƒoa ƒe taɖodzinu atsi akpo dzi ne eva eme be le vovototo si le nuwɔna le afisi nètso kple wò nyaselawo tɔ dome ta la, wobunɛ be mèɖɔa ŋu ɖo le nuƒo me o alo be mèƒoa nu tso dzime o. Míede dzesii be togbɔ be apostolo Paulo nye nuƒola bibi hã la, eyi Korintotɔwo gbɔ “le gbɔdzɔgbɔdzɔ kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya geɖe me” ale be wòagahe amewo ƒe susu ava eɖokui dzi wu alesi dze o.—Kor. I, 2:3.
Nuwɔna Siwo Woaƒo Asa Na. Ezu numame na ame geɖe be woanɔ “er . . . er” gblɔm ne wole nu ƒom. Ame aɖewo tɔe nye be ne wole nua ƒom la, woanɔ gbe me kɔm vivivoe, alo le nyagbe ɖesiaɖe kloe ƒe nuwuwu la, woagblɔ be “èkpɔea?” alo “èkpɔe ɖa ɖe.” Ðewohĩ wò ŋutɔ mènyae be esia zu numame na ye o. Anyo be nàna ame aɖe naɖo to wò nuƒo ale be ne nya tsiamesi siawo tɔgbe do le nuwò teti ko la, eya hã nagblɔe ɖe yowòme. Nusi wòade dzesii awɔ nuku na wò.
Ame aɖewo yia megbemegbee gayia ŋgɔ atraɖii ne wole nu xlẽm alo le nu ƒom. Efia ko be ne wodze nya aɖe gɔme la, wosẽnɛ kpo gagbugbɔ gblɔa nusi wogblɔ fifi laa la ƒe akpa aɖe.
Ame bubuwo ya ƒoa nu kabakaba tso, evɔ ne wodze nya aɖe gbɔgblɔ gɔme la, wotɔna ɖe domedomee afi aɖe ko ke wogadze nya bubu kura gbɔgblɔ gɔme. Togbɔ be nyawo le dodom tre ɖe enu hã la, nuƒoa mezɔna tẽ o, le edzitsotso kpuikpuikpui nenema ta.
Alesi Nàwɔ Ayi Ŋgɔ. Ne zi geɖe, nya siwo tututu nàzã ye sesẽna na wò la, ekema ele be nàwɔ wò ŋutete ɖesiaɖe asrɔ̃ nya yeye siwo nàzã. De dzesi nya siwo mèdo goe kpɔ o la nyuie ne èle Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple agbalẽ bubuwo xlẽm. Di wo le nyagɔmeɖegbalẽ me hena wo yɔyɔ kple wo gɔmesese, eye nàlé ɖewo ɖe tame hena zazã. Ne nyagɔmeɖegbalẽ meli o la, na amesi doa gbea nyuie la nakpe ɖe ŋuwò.
Gbekɔkɔdzi atsɔ axlẽ nui edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nàyi ŋgɔ. De dzesi nya siwo sesẽ eye nàkɔ gbe dzi ayɔ wo zi alesi nàte ŋui.
Bene wò nuxexlẽ nazɔ tẽ la, ele vevie be nàse alesi nyawo wɔa dɔ aduadui le nyagbe me la gɔme. Zi geɖe la, be nuŋlɔlaa ƒe susu nadze le nuxexlẽa me nyuie la, ele be nàƒo nyawo nu ƒu axlẽ zi ɖeka tsɔ wu be nànɔ wo xlẽm ɖekaɖeka. Lé ŋku ɖe nyawo ƒe ƒuƒoƒo siawo ŋu nyuie. De dzesi wo, ne esia wɔwɔ aɖe vi na wò. Menye wò taɖodzinue nye be nàxlẽ nyawo nyuie ko evɔ o, ke ele vevie hã be woase nusi xlẽm nèle la gɔme nyuie. Ne èdzro nyagbe ɖeka me nyuie vɔ la, yi esi kplɔe ɖo la dzi vaseɖe esime nàlé ŋku ɖe memamaa katã ŋu vɔ alea. Dze agbagba nàŋɔ ɖe nusi gblɔm wole la me. Azɔ kɔ gbe dzi nàxlẽ nua zi alesi nàte ŋui. Nɔ memamaa xexlẽ dzi vaseɖe esime nàte ŋu axlẽe eye wò nu manɔ dadam alo anɔ tɔtɔm ɖe afisiwo mehiã be nàtɔ ɖo hafi o. Azɔ yi memama mamlɛawo dzi.
Fifia xlẽ nua wòatsɔ kabakaba wu. Ne èva kpɔ alesi nyawo wɔa dɔ aduadui le nyagbe me dze sii la, wò ŋku axlẽ nya geɖe zi ɖeka eye àte ŋu atsɔ susu akpɔ nusiwo akplɔe ɖo. Esia awɔe be wò nuxexlẽ nasɔ nyuie.
Hehe nyuie wònye nànɔ ɖokuiwò nam ne ète ŋu xlẽa nu edziedzi, ne wò ŋku nya kli nyaawo ko. Le kpɔɖeŋu me, kɔ gbe dzi nàxlẽ ŋkekea ƒe mawunyakpukpui kple emeɖeɖea esi mèkpɔ eme do ŋgɔ o; wɔe nenema edziedzi. Nezu numame na wò be wò ŋku naxlẽ nyawo ƒe ƒuƒoƒo siwo ana nuxexlẽa me nakɔ tsɔ wu be nànɔ nua xlẽm ɖekaɖeka.
Dzeɖoɖo ƒe zɔzɔ tẽ bia be nàbu nu ŋu hafi aƒo nu. Esia nezu numame na wò le wò gbesiagbe nuwɔnawo me. Gbã de ŋugble le nusiwo ŋu nèdi be yeaƒo nu le kple ɖoɖo si nu woanɔ la ŋu; emegbe hafi nàdze nuƒoa gɔme. Mègatsi dzi o. Dze agbagba nàgblɔ nya bliboa esi màtɔ alo atrɔ nya la le mɔta o. Ade dziwò ne wò nyagbewo le kpuie eye wo me kɔ.
Nyawo ŋutɔ dona le nu me na mí bɔbɔe ne míenya nusi tututu míedi be míagblɔ. Míagblɔ ko be mehiã be nàtia nya siwo tututu nèdi be yeazã la do ŋgɔ o. Le nyateƒe me la, enyo sã wu be gbã nànya nusi tututu le susu me na wò nèdi be yeagblɔ, ke le nuƒoa ƒoƒo me la, nàbu nya siwo nàzã la ŋu azɔ. Ne èwɔe alea eye wò susu hã le nusi koŋ nèdi be yeagblɔ dzi, ke menye nyakui vovovo siwo adze le dzeɖoɖoa me la dzi o la, nyaawo ŋutɔ ado le wo ɖokui si eye nusiwo nèdi be yeagblɔ la pɛpɛpɛ ye nàgblɔ. Gake ne èle nyakui ɖesiaɖe kloe si nàzã boŋ ŋu bum, ke menye susu si koŋ le nyaa me o la, wò nuƒoa mazɔ tẽ o. Nyawo ƒe zɔzɔ tẽ nye nu vevi aɖe le nuƒo kple nuxexlẽ si lé vi me eye àkpɔ dzidzedze ne èwɔa aɖaŋuɖoɖo siawo dzi ɣeawokatãɣi.
Esi Yehowa dɔ Mose be wòanɔ ye teƒe le Israel-viwo kple Egipte-fia Farao ŋkume la, Mose se le eɖokui me be yemedze o. Nukatae? Esi wònye be eƒe nuƒo mezɔna tẽ o tae; ate ŋu anɔ eme be eƒe aɖe metrɔna ɖe nya ŋuti o. (Mose II, 4:10; 6:12) Mose do taflatse siwo wòate ŋui gake Mawu melɔ̃ ɖe ɖeke dzi nɛ o. Togbɔ be Yehowa dɔ Aron be wòazɔ kple Mose abe nyanuɖela ene hã la, Eyama yi edzi kpe ɖe Mose ŋu wòte ŋu ƒo nu. Menye ame vovovowo kple ƒuƒoƒo sue vovovowo koe Mose ƒo nu na dzidzedzetɔe zi gbɔ zi nanewo o, ke eƒo nu na dukɔ blibo la hã. (Mose V, 1:1-3; 5:1; 29:1; 31:1, 2, 30; 33:1) Ne èwɔ wò ŋutete katã heɖo dzi ɖe Yehowa ŋu la, wò hã ate ŋu atsɔ wò nuƒo ade bubu Mawu ŋui.
-
-
Gbɔɖeme Si SɔNa Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
-
-
NUSƆSRƆ̃ 5
Gbɔɖeme Si Sɔ
GBƆÐEME si sɔ la le vevie le nuƒoƒo me. Aleae wòle be wòanɔ ne èle nu ƒom na amehawo alo kple ame ɖeka ko. Gbɔɖeme manɔmee la, nuƒoa me makɔ o eye egɔme manya se o. Gbɔɖeme si sɔ la nana nuƒo me kɔna. Woate ŋu awɔ eŋudɔ hã ale gbegbe be nyati veviawo awɔ dɔ ɖe ame dzi vevie ɣeyiɣi didi aɖe.
Aleke nàwɔ anya afisi sɔ be nàgbɔ ɖe eme le? Ɣeyiɣi didi kae wòle be nàgbɔ ɖe eme?
Nuŋɔŋlɔmedzesiwo Nekpe Ðe Ŋuwò Nàgbɔ Ðe Eme. Nuŋɔŋlɔmedzesi zazã va zu gbeŋɔŋlɔ ƒe akpa vevi aɖe. Nuŋɔŋlɔmedzesi ate ŋu afia be nyagbɔgblɔ alo nyabiabia wu enu. Wozãnɛ le gbegbɔgblɔ aɖewo me tsɔ dea dzesi amewo ƒe numenyae. Ƒomedodo si le nyagbe ƒe akpa ɖeka kple eƒe akpa susɔeawo dome hã dzena le nuŋɔŋlɔmedzesi aɖewo me. Amesi le nu xlẽm na eya ŋutɔ ɖokui la te ŋu kpɔa nuŋɔŋlɔmedzesiawo katã. Gake ne ele nu xlẽm na ame bubuwo la, ele be eƒe gbe natrɔ ɖe nuŋɔŋlɔmedzesiawo nu pɛpɛpɛ. (Kpɔ numeɖeɖe bubuwo le Nusɔsrɔ̃ 1 me le tanya si nye “Nuxexlẽ Nyuie” te.) Asesẽ be woase nusi xlẽm nèle la me, eye gɔmesesea ate ŋu atrɔ bubui kura gɔ̃ hã ne mègbɔ ɖe eme le afisi nuŋɔŋlɔmedzesiwo bia be nàgbɔ ɖe eme le o.
Afisi woagbɔ ɖe eme le wòasɔ la nɔ te ɖe nuŋɔŋlɔmedzesiawo kpakple alesi susuawo dze le nyagbea mee hã dzi. Haƒola xɔŋkɔ aɖe gblɔ kpɔ be: “Nyemeƒoa ha wu saŋkuƒola bubuawo o. Gake afisiwo woanɔ tɔtɔm ɖo sẽ le haƒoƒoa me la, oo, teƒe mawo koŋ ye bibi ɖe haƒoƒo me dzena lena.” Nenema ke wòle le nuƒoƒo hã me. Gbɔɖeme si sɔ la awɔe be nuƒo si nèdzra ɖo nyuie la anya se ale gbegbe eye eme akɔ hã.
Anyo ŋutɔ ne àde dzesi teƒeteƒewo le wò nuxexlẽa me ne èle dzadzraɖo wɔm hena dutoƒo nuxexlẽ. Te fli kpui aɖe si dzɔ kã ɖe afisi nàgbɔ ɖe eme vie ko le, gbɔɖeme si madidi kura o. Te fli eve siwo dzɔ kã, siwo te ɖe wo nɔewo ŋu, ne gbɔɖemea didi wu. Ne enuenu esesẽna na wò be nàgbɔ ɖe eme le afisi sɔ ne èdi be yeayɔ nyawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe la, ekema tsɔ nuŋlɔti nàde dzesi nyawo ƒe ƒuƒoƒo sia. Azɔ xlẽ nyawo ƒe ƒuƒoƒo la katã. Nuƒola bibi geɖe wɔa esia.
Zi geɖe la, gbɔɖeme mesesẽna le míaƒe gbesiagbe nuƒoƒo me o elabena ènya nusi tututu nèdi be yeagblɔ. Ke hã ne wò nɔnɔmee nye be nànɔ gbɔgbɔm ɖe eme vivivoe la, agbe manɔ wò nuƒoa me o eye eme makɔ hã o. Ŋgɔyiyi le go sia me ƒe aɖaŋuɖoɖowo le Nusɔsrɔ̃ 4 lia me le tanya si nye “Nuƒoƒo Wòazɔ Tẽ” la te.
Gbɔ Ðe Eme ne Èɖo Nya Vevi Bubu Dzi. Gbɔgbɔɖeme ne èwu nya vevi aɖe nu yina bubu dzi ana mɔnukpɔkpɔ wò nyaselawo be woade ŋugble le nya si nègblɔ va yi ŋu, atrɔ ɖe nyaa ŋu, akpɔ afisi nya la ɖo tae, eye woagaŋɔ ɖe nya vevi si akplɔe ɖo la me bɔbɔe wu. Alesi ne èle ʋu kum eye nèɖɔ li mɔ hetrɔ ɖe mɔ bubu dzi nèzɔna blewu la, nenema ke wòle vevie be nàgbɔ ɖe eme ne èɖo nya vevi bubu gbɔgblɔ dzii.
Nusitae nuƒola aɖewo nɔa du dzi le nuƒo me, gbɔɖeme manɔmee, enye be woƒe nuƒoa didina wu alesi ɣeyiɣia ɖe mɔe. Le ame aɖewo gome la, nenema koe woƒoa nui gbesiagbe tae. Ðewohĩ nenema koe amesiwo ƒo xlã wo la hã ƒonɛ. Gake esia mewɔa ame nufiala nyui o. Ne nya vevi aɖe le asiwò nèdi be woase ahaɖo ŋku edzi la, ekema gbɔ dzi ɖi nàkɔ nyaa me nyuie. De dzesii be gbɔɖeme wɔa akpa vevi aɖe be nyawo me nakɔ nyuie.
Ne nuƒogbalẽ si dzi woŋlɔ nya veviawo ko ɖo zã gee nàla la, ke ele be nàtrɔ asi le nuƒoa ŋu ale gbegbe be afisiwo nàgbɔ ɖe eme le hafi agblɔ nya vevi aɖe alo agbɔ ɖe eme le le egbɔgblɔ vɔ megbe la nadze ƒã. Ne nuƒogbalẽ si me nya ɖesiaɖe woaxlẽ tẽ zã gee nàla la, de dzesi teƒe siwo nya veviawo wu enu eye bubuwo dze egɔme le.
Zi geɖe la, gbɔɖeme ne woɖo nya vevi bubu dzi la xɔa ɣeyiɣi didi wu gbɔɖeme le afisi woado go nuŋɔŋlɔmedzesiwo le—gake mele be wòadidi ale gbegbe be nuƒoa nanɔ dɔ̃ o. Ne èle gbɔgbɔm ɖe eme fũ akpa la, amewo abui be mèdzra ɖo tututu o eye be nusi nàgblɔ la le sesẽm na wò.
Gbɔ Ðe Eme ne Èdi Be Yeate Gbe Ðe Nya Dzi. Gbeteɖedzi ƒe gbɔɖeme, si fia be woagbɔ ɖe eme hafi agblɔ nya alo abia nya si ŋu kpekpe le, alo agbɔ ɖe eme ne wogblɔ alo bia nya sia tɔgbe vɔ, la wɔa dɔ ɖe ame dzi. Gbɔɖeme sia wɔnɛ be nyaselawo te ŋu dea ŋugble le nusi nuƒolaa gblɔ na wo fifi laa la ŋu, alo edzraa wo ɖo be woakpɔ mɔ na nusi wòagagblɔ. Ðesiaɖe kple eƒe taɖodzinu. Kpɔ be wo dometɔ kae yeazã mahã. Gake nenɔ susu me na wò be gbeteɖedzi ƒe gbɔɖeme ya la, ele be nàzãe ne kpekpe le nyaa ŋu vavã. Ne menye nenem o la, nya mawo ƒe nuvãnyenye madze o.
Yesu wɔ gbɔɖeme ŋudɔ dzidzedzetɔe esime wòxlẽ Ŋɔŋlɔawo na nyaselawo le Nazaret-ƒuƒoƒea. Gbã exlẽ dɔ si wode asi nɛ tso nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽxatsaxatsaa me. Gake hafi wòagblɔ emevava la, egbugbɔ agbalẽa xatsa hegbugbɔe na dɔlaa eye wòbɔbɔ nɔ anyi. Esi amesiwo katã le ƒuƒoƒea fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii la, Yesu gblɔ be: “Egbe wowu ŋɔŋlɔ sia nu le miaƒe towo me.”—Luka 4:16-21.
Gbɔ Ðe Eme ne Nɔnɔmeawo Bia Nenema. Nanewo ate ŋu ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi si awɔe be nàtɔ wò nuƒoa te vie. Ne ʋu aɖe va yina alo ɖevi aɖe le avi fam la, ɖewohĩ ahiã be nàtɔ te dze si ɖom nèle kple aƒemenɔla si nèdo goe le gbeadzisubɔsubɔdɔ me la. Ne toɣliɖeɖe le takpekpewɔƒea mede dzi boo o la, àte ŋu akɔ gbe dzi ko ayi wò nuƒoa dzi. Gake ne toɣliɖeɖea de dzi eye mele tɔtɔm o la, ele be nàtɔ vie. Le nyateƒe me la, nyaselawo mase nya aɖeke o le toɣliɖeɖea ta. Eyata gbɔ ɖe eme alesi dze bene nu nyui siwo nèdi be yeagblɔ na nyaselawo la naɖe vi na wo bliboe.
Gbɔ Ðe Eme Bene Nyaselawo Nate Ŋu Alɔ̃ Ðe Nyaa Dzi. Togbɔ be ɖoɖo manɔ anyi be nyaselawo naɖo nya ŋu le wò nuƒoa me o hã la, ele vevie be nàna mɔnukpɔkpɔ wo be woalɔ̃ ɖe nyaa dzi, menye kple nu o, ke boŋ le susu me. Ne èbia biabia siwo ahe ame ƒe susu tso, gake mègbɔ ɖe eme alesi dze o la, biabia mawo maɖe vi boo o.
Edze ƒã be menye ɣeyiɣi si nèle nu ƒom le nuƒolanɔƒe koe wòle be nànɔ gbɔgbɔm ɖe eme o, ke ehiã ne èle ɖase ɖim na amewo hã. Ewɔ abe ɖe ame aɖewo mete ŋu gbɔna ɖe eme o ene. Ne gbɔɖeme sesẽna na wò la, wɔ tɔwò sinu nàsrɔ̃ nuƒoƒo ƒe nudidi vevi sia. Esia awɔe be nànye dzeɖola nyui wu tsã eye nàgabi ɖe edzi le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Gbɔɖeme nye ɣeyiɣi si me womeƒoa nu o, eye nyateƒee wònye be ɖoɖoezizi wɔnɛ be ne nuƒo zɔ sẽ la, etɔna alesi dze, ẽ, ɖoɖoezizi tea gbe ɖe nu dzi etɔxɛe, ewɔnɛ be woléa to ɖe nya ŋu eye wònana nuƒo nya sena na to.
Ame ɖeka meɖoa dze o. Ele bɔbɔe be amewo naɖo to wò ne wò hã èɖoa to wo eye nètsɔa ɖe le nusi wogblɔna la me. Esia bia be nàgbɔ ɖe eme alesi dze ale be woawo hã nakpɔ mɔ aƒo nu.
Zi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔ me la, míaƒe ɖaseɖiɖi gadea to wu ne míewɔe le dzeɖoɖomɔ nu. Ne wolɔ̃ gbe vɔ la, Ðasefo geɖe kpɔnɛ be enyo ta be yewoagblɔ nyati si ŋu yewogbɔna nu ƒo ge le gbã eye emegbe yewoabia nya aɖe. Wogbɔna ɖe eme vie ale be amea hã nate ŋu akpɔ mɔ aƒo nu, ekema wonɔa te ɖe nusi aƒemenɔlaa gblɔ dzi yia dzeɖoɖoa dzi. Wonaa mɔnukpɔkpɔ geɖe aƒemenɔlaa be wòaƒo nu le dzeɖoɖoa me. Wonyae be ne yewonya amea ƒe susu le nusi ƒe dze ɖom yewole ŋu la, yewote ŋu kpena ɖe amea ŋu geɖe wu.—Lod. 20:5.
Ele eme baa be menye amesiamee alɔ̃ aɖo nya ŋu dzidzɔtɔe o. Ke hã ema mexe mɔ na Yesu be wòana mɔnukpɔkpɔ si dze la tsitretsiɖeŋulawo kura gɔ̃ hã be woaƒo nu o. (Mar. 3:1-5) Mɔɖeɖe na amea be wòaƒo nu dea dzi ƒo nɛ be wòabu tame, eye awɔe be wòaɖe nusi le eƒe dzime agblɔ. Le nyateƒe me la, míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu ɖekae nye be míaʋã ameawo ƒe dzi le go sia me be míagblɔ Mawu ƒe Nya la me nya vevi siwo awɔe be woanya nyametsotso siwo wòle be woawɔ la na wo.—Heb. 4:12.
Aɖaŋue gbɔɖeme si sɔ ŋudɔwɔwɔ le gbeadzi nye vavã. Ne míete ŋu gbɔna ɖe eme nyuie la, susuawo me kɔna bɔbɔe wu eye zi geɖe la, wotsia tame na amea ɖikaa.
-
-
Gbetete Ðe Nyakui Veviwo Dzi Hena Gɔmesese NyuitɔNa Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
-
-
NUSƆSRƆ̃ 6
Gbetete Ðe Nyakui Veviwo Dzi Hena Gɔmesese Nyuitɔ
ELE vevie be ne èle nu ƒom alo nèkɔ gbe dzi le nu xlẽm la, menye nyakui ɖekaɖekawo ko nànɔ yɔyɔm wòasɔ pɛpɛpɛ o, ke boŋ be nàte ŋu ate gbe ɖe nyakui kple nyawo ƒe ƒuƒoƒo veviawo hã dzi be nuwo me nakɔ nyuie.
Ne wobe woate gbe ɖe nyakui veviwo dzi hena gɔmesese nyuitɔ la, menye gbetete ɖe nya ʋɛ aɖewo alo kura gɔ̃ hã nya geɖe dzi koe wowɔnɛ o. Ele be woate gbe ɖe nya siwo sɔ dzi. Ne ète gbe ɖe nya siwo mesɔ o dzi la, nyaselawo mase nusi gblɔm nèle na wo gɔme o, eye ele bɔbɔe be woaɖe mɔ woƒe susu nanɔ tsatsam. Nufiame nyuiwo ate ŋu anɔ nya si gblɔm nèle me, gake ne mète gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ o la, màte ŋu aʋã nyaselawo alesi dze o.
Wotoa mɔ vovovo dzi gatea gbe ɖe nu dzi, zi geɖe la, wonyena mɔnu ƒokpli, ke menye mɔnu ɖeka ko o: gbea ƒe dzidede, dzodede nuƒoa me, dzigbɔgbɔɖi ayɔ nyawo ɖekaɖeka, gbɔgbɔɖeme hafi agblɔ nya alo gbɔgbɔɖeme le egbɔgblɔ vɔ megbe (alo evea siaa), ŋutinuwo zazã kple nuƒolaa ƒe mo ƒe dzedzeme. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, wobɔbɔa gbe alo kɔa gbe dzi hã tsɔ tea gbe ɖe nya dzii. Na nusi gblɔm nèle kple alesi nɔnɔmeawo le la nakpe ɖe ŋuwò nànya nusi tututu nàwɔ.
De dzesi nya vevi siwo gbɔna ne nànya nusiwo dzi nàte gbe ɖo. (1) Le nyagbe ɖesiaɖe me la, nusi gblɔm nyagbea ƒe akpa vovovowo le kpakple nya siwo ƒo xlãe la katã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya nusiwo koŋ dzi nàte gbe ɖo. (2) Woate ŋu ate gbe ɖe nyakui veviwo dzi hena gɔmesese nyuitɔ ne woɖo susu yeye aɖe dzi be nya la nadze ƒã; susu sia ate ŋu anye nya vevi aɖe alo nya la me ɖeɖe le mɔ bubu nu ko. Ate ŋu ana woakpɔ alesi nya la me ɖeɖe wu enui. (3) Nuƒola ate ŋu aɖe eƒe seselelãme le nya aɖe ŋu afia to alesi wòle gbe tem ɖe nyakui veviawo dzii me. (4) Woate ŋu ate gbe ɖe nyakui veviwo dzi ale gbegbe be nuƒoa ƒe nya vevi vovovoawo hã naɖe dzesi.
Be woazã gbetete ɖe nyakui veviwo dzi hena gɔmesese nyuitɔ le go siawo me la, ele be nuƒolaa alo dutoƒonuxlẽlaa ŋutɔ nase nuawo gɔme nyuie eye wòanye eƒe didi vevie be yeƒe nyaselawo hã nase eme. Nexemya 8:8 gblɔ le nufiame si wona le Ezra ŋɔli me ŋu be: “Woxlẽ Mawu ƒe segbalẽ la eme kɔ, eye woɖe eme, ale be wose nusi woxlẽ la gɔme.” Edze ƒã be amesiwo xlẽ Mawu ƒe Sea gbemagbe heɖe eme la kpɔ alesi wòle vevie be woakpe ɖe woƒe nyaselawo ŋu ne woase nusi xlẽm wole na wo la gɔme nyuie, alée ɖe susu me ahatsɔe awɔ dɔe la dze sii kɔte.
Nusi Ate Ŋu Azu Kuxi. Ame akpa gãtɔ te ŋu ƒoa nu eme kɔna le woƒe gbesiagbe dzeɖoɖo me. Gake ne wole nusi ame bubu ŋlɔ xlẽm la, esesẽna na wo be woanya nya siwo ƒomevi dzi wòle be woate gbe ɖo. Nuxexlẽa gɔmesese nyuie ŋue nyaa ku ɖo. Ebia nusi woŋlɔ la sɔsrɔ̃ beléletɔe. Eyata ne wobia tso asiwò be nàxlẽ nu le hamea ƒe kpekpe aɖe me la, ele be nàdzra ɖo nyuie.
Ame aɖewo zãa nusi míayɔ be “gbeteteɖenudzi enuenu” le esi teƒe be woate gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ. Sẽ kple sẽ ko wote gbe ɖe nyaa aɖe dzi, gbeteteɖenyadzi ɖasɔ le afima alo meɖasɔ o. Ame aɖewo tea gbe ɖe nyakui aɖewo koŋ dzi wògbɔa eme. Ne nusi dzi wole gbe tem ɖo la mewɔa akpa aɖeke be susu si le nuxexlẽa me la me nakɔ o la, ezua nutsiamesi si tɔtɔa ame boŋ.
Be woate gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ ta la, nuƒola aɖewo ƒe gbe dea dzi bobobo, esi wɔna na nyaselawo abe mo kam wole na yewo ene. Edze ƒã be ema meɖea vi boo o. Ne womete gbe ɖe nya dzi le mɔ nyuitɔ nu o la, awɔ abe ɖe nuƒolaa le eƒe nyaselawo dam ɖe anyi ene. Aleke gbegbe wòhenyoe nye si be woaɖe susu kple nyaselawo lɔlɔ̃tɔe ahakpe ɖe wo ŋu woadze sii be susu le nusi sem wole la me eye be ewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo!
Alesi Nàwɔ Ayi Ŋgɔ. Edzɔna be amesi mete ŋu tea gbe ɖe nyakui veviawo dzi o la ŋutɔ menyana be kuxi sia le ye ŋu o. Ahiã be ame aɖe nahe eƒe susu ayi edzii. Ne ŋgɔyiyi hiã le go sia me la, sukudzikpɔlaa ana wò kpekpeɖeŋu. Na amesiame si nye nuƒola bibi la nakpe ɖe ŋuwò faa. Gblɔ nɛ be nelé to ɖe yeƒe nuxexlẽ kple nuƒo ŋu nyuie eye wòaɖo aɖaŋu na ye ne yeayi ŋgɔ.
Le gɔmedzedzea me la, aɖaŋuɖolaa ate ŋu ado susu ɖa be nàzã Gbetakpɔxɔ me nyati aɖe atsɔ awɔ dzadzraɖoe. Ðikeke mele eme o be agblɔ na wò be nàto nyagbeawo me ɖekaɖeka ade dzesi nyakui kple nyawo ƒe ƒuƒoƒo siwo dzi wòle be nàte gbe ɖo ale be amewo nate ŋu ase nyawo gɔme bɔbɔe. Ate ŋu aɖo ŋku edzi na wò be nàlé ŋku ɖe nyakui siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe la ŋu nyuie. Ðo ŋku edzi be nyakui siwo le nyagbe me la doa ƒome kple wo nɔewo le gɔmesese me. Zi geɖe la, nyawo ƒe ƒuƒoƒo dzie wòle be woate gbe ɖo, ke menye nyakui ɖeka ko o. Le gbegbɔgblɔ aɖewo gome la, ɖewohĩ ahiã be woade dzi ƒo na sukuviawo be woatsɔ beléle tɔxɛ na nyayɔyɔdzesiwo ne wòakpe ɖe wo ŋu woanya alesi woate gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ.
Emegbe la, aɖaŋuɖolaa ate ŋu ade dzi ƒo na wò be nàlé ŋku ɖe nya siwo ƒo xlã nyagbea ŋu, ke menye nyagbea ɖeɖeko o, ale be nàsrɔ̃ alesi nàte ŋu ate gbe ɖe nya dzii wòasɔ. Nukae nye nya vevi si koŋ dzi wole gbe tem ɖo le memama bliboa me? Aleke wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe nusi dzi nàte gbe ɖo la dzii le nyagbe vovovoawo me? Kpɔ nyatia ƒe tanya kple tanya sue si woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si to, le afisi nèɖo. Ðekawɔwɔ kae le esiawo katã kple nusiwo nètia hena gbeteteɖedzi la dome? Esiawo katã ŋue wòle be woalé ŋku ɖo. Gake kpɔ nyuie be nàgatsɔ gbe sesẽ ate gbe ɖe nya geɖe dzi fũ akpa o.
Èɖale nu ƒo ge faa tso susu me o, èɖale nu xlẽ ge o, aɖaŋuɖolaa ate ŋu ade dzi ƒo na wò be nàna gɔmesese si le nyaa ŋu nafia mɔ wò nàzã gbeteteɖenudzi si sɔ. Ele be nànya afisiwo numeɖeɖe aɖewo wu enu ɖo alo afisiwo wogblɔ nya vevi aɖe le vɔ eye wogadze bubu gɔme. Adzɔ dzi na nyaselawo ne wò nuƒoa na nusiawo dze ƒã. Woate ŋu awɔ esia ne wote gbe ɖe nya siawo tɔgbe dzi: Gbã, azɔ, mlɔeba, eyata, edze ƒã be, kple bubuawo.
Aɖaŋuɖolaa ahe wò susu ayi afisiwo nàdi be yeƒe seselelãme nadze le etɔxɛe hã dzi. Àte ŋu awɔ esia to gbetete ɖe nya siawo abe ŋutɔ, ŋutɔŋutɔ, gbeɖegbeɖe, nede megbe xaa, ale gbegbe, godogodo, ɣesiaɣi ene dzi. Esia akpɔ ŋusẽ ɖe seselelãme si tɔgbe anɔ nyaselawo me na wò nuƒoa dzi. Nusɔsrɔ̃ 11 lia agaɖe esia me geɖe wu le tanya si nye “Vividodoɖeameŋu Kple Seselelãme” la me.
Be wò gbetete ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ nanyo ɖe edzi la, woade dzi ƒo na wò be wò ŋutɔ nàlé nya vevitɔ siwo nèdi be woanɔ ŋku dzi na yeƒe nyaselawo la ɖe susu me nyuie. Míagakɔ esia me geɖe wu ne míele nu ƒom le dutoƒonuxexlẽ ŋu, le Nusɔsrɔ̃ 7 lia si ƒe tanyae nye “Gbetete Ðe Susu Veviawo Dzi” me, eye le nuƒo gome la, numekɔkɔ bubuwo hã le Nusɔsrɔ̃ 37 lia si ƒe tanyae nye “Nya Veviawo Nadze Ƒã” me.
Ne èle agbagba dzem be yeayi ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔ me la, ekema lé fɔ ɖe alesi nèxlẽa ŋɔŋlɔawoe ŋu. Ɣesiaɣi si nàxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe la, bia ɖokuiwò be, ‘Nukatae mele ŋɔŋlɔ sia xlẽm ɖo?’ Nyawo yɔyɔ wòasɔ pɛpɛpɛ ɖeɖe meɖia ƒo na nufiala o. Mawunyakpukpuiawo xexlẽ kple seselelãme gɔ̃ hã mede edeƒe o. Ne èle nya ŋu ɖom na ame aɖe alo le gɔmedzenyateƒea fiamee la, anyo ŋutɔ ne ète gbe ɖe ŋɔŋlɔa me nya alo nyawo ƒe ƒuƒoƒo siwo tututu ɖo kpe nusi gblɔm nèle dzi la dzi. Ne menye nenema o la, amesi nèle nua xlẽm na la mase nuxexlẽa me tututu o.
Esi gbetete ɖe nyakui veviwo dzi hena gɔmesese nyuitɔ bia be woate gbe ɖe nya kple nyawo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo dzi etɔxɛe ta la, ele bɔbɔe be amesi mebi tututu ɖe nuƒo me o la nagate gbe ɖe wo dzi fũ akpa. Anɔ ko abe amesi le saŋkuƒoƒo srɔ̃m ene, aƒo gbeɖiɖi aɖewo woaɖi sesĩe akpa. Gake ne ele esɔsrɔ̃ dzi la, ‘gbeɖiɖiawo’ awɔ ɖeka azu “ha” vivi mlɔeba.
Ne èsrɔ̃ nu veviawo ƒe ɖewo vɔ la, ade dziwò ne èlé to ɖe nuƒola bibiwo ƒe nuƒo kple nuxexlẽ ŋu. Madidi hafi nàva dze si gbetete ɖe nu dzi le mɔ vovovowo nu ƒe viɖewo o. Àkpɔ alesi gbetete ɖe nu dzi le mɔ vovovowo nu wɔnɛ be nya me kɔna keŋ hã adze sii. Ne ètea gbe ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ la, wò nuxexlẽ ade ŋgɔ eye wò nuƒo hã aɖe kpe.
Nu ʋɛ aɖewo nyanya tso alesi nàte gbe ɖe nyakui veviawo dzi la ɖeɖe megaɖi ƒo na wò o. Ne àƒo nu wòaɖe kpe nyuie la, yi edzi nànɔ asi trɔm le gbetete ɖe nyakui veviawo dzi hena gɔmesese nyuitɔ ŋu vaseɖe esime nàɖu tu nɛ ale be wò nuxexlẽ kple nuƒo siaa nadze to keŋkeŋ.
-
-
Gbetete Ðe Susu Veviawo DziNa Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
-
-
NUSƆSRƆ̃ 7
Gbetete Ðe Susu Veviawo Dzi
MENYE nyagbewo alo memama si me nyagbeawo dze le koe nɔna vevie na nuxlẽla bibi o. Nyati bliboa ƒe nya veviawo nɔa susu me nɛ ne ele nu xlẽm. Esia kpena ɖe eŋu be wòanya nusiwo dzi wòate gbe ɖo.
Ne mewɔ esia o la, nuxexlẽa me nya veviawo madze go o. Nya vevi aɖeke maɖe dzesi o. Ne amea ƒo nu alo xlẽ nua vɔ la, asesẽ ŋutɔ be woaɖo ŋku nya veviawo dzi.
Zi geɖe la, gbetete ɖe susu veviawo dzi wɔa akpa vevi aɖe be woase Biblia xexlẽ me nyuie. Gbeteteɖenudzi alea naa kpekpeme ganɔa memamawo xexlẽ ŋu wu ne wole aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ alo hamea ƒe kpekpewo wɔm. Gbeteteɖenudzi le vevie ŋutɔ ne wole nuƒo me nya ɖesiaɖe xlẽm tẽ abe alesi wowɔnɛ ɣeaɖewoɣi le míaƒe takpekpe gãwo me ene.
Alesi Woawɔe. Ate ŋu ava eme be woade Biblia ƒe akpa aɖe asi na wò be nàxlẽ le sukua me. Nukawo dzie wòle be nàte gbe ɖo? Ne wotu nuxexlẽa ɖe nya tɔxɛ alo nudzɔdzɔ vevi aɖe dzi la, anyo ŋutɔ be nàna esia nadze go kɔte.
Nuxexlẽ si wode asi na wò la ɖanye hakpanya alo nuxexlẽ gbadzaa ko o, eɖanye lododo alo ŋutinya o, aɖe vi na wò nyaselawo ne èxlẽe nyuie. (Tim. II, 3:16, 17) Ele be nàtsɔ wò nyaselawo kple nusiwo xlẽ ge nàla la ayi ŋugble mee le esia wɔwɔ me.
Susu vevi kawo dzie wòle be nàte gbe ɖo ne èle nu xlẽ ge le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me alo le hamea ƒe kpekpe aɖe me? Bu nyabiabia siwo le agbalẽa me la ƒe nyaŋuɖoɖoawo be woawoe nye susu veviawo. Te gbe ɖe susu siwo wɔ ɖeka kple tanya sue siwo woŋlɔ kple nuŋlɔtsi si to, siwo te nuxexlẽa dze le la hã dzi.
Mègana nyaawo katã ŋɔŋlɔ ɖe agbalẽ dzi ava xlẽ tẽ nazu numame na wò ne wode nuƒo asi na wò le hamea me o. Ke hã ɣeaɖewoɣi le takpekpe aɖewo me la, wodea dɔ asi be woaxlẽ nuƒo aɖewo me nyawo tẽ tso agbalẽ dzi ale be nyaawo nato mɔ ɖeka le afisiafi si woawɔ takpekpeawo le. Ele be nuƒolaa nadzro nuxexlẽ sia me tsitotsito gbã bene wòanya susu vevi siwo dzi wòle be wòate gbe ɖo. Nukawoe nye nya veviawo? Ele be wòate ŋu akpɔ esiawo adze sii. Ne míebe nya veviawo la, menye nya siwo nuƒolaa bu be wo sese vivi ye míewɔnɛ o. Nya veviawoe nye susu vevi siwo dzi wotu nuƒo bliboa ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, hafi woagblɔ ŋutinya alo awɔ numeɖeɖe aɖe le nuƒogbalẽ sia tɔgbe dzi la, wodoa ŋgɔ gblɔa susu vevia kpuie. Azɔ zi geɖe la, wogblɔa nya vevitɔa kã ne wogblɔ kpeɖodzinyawo vɔ megbe. Ele be nuƒolaa nade dzesi nya vevitɔ siawo ɖe eƒe nuƒogbalẽa dzi, afisiafi si wodze le. Nya vevitɔ siawo mesɔa gbɔ le nuƒoa me o, ɣeaɖewoɣi la, wonyea wo ame ene alo atɔ̃ ko. Azɔ ele be nuƒolaa nanɔ eme tom ɣeawokatãɣi ale be ne eva le exlẽm na nyaselawo la, wòanɔ bɔbɔe be woawo hã nate ŋu ade dzesi nya vevitɔ siawo bɔbɔe. Esiawoe nye nuƒoa me nya vevitɔwo kekeake. Ne ete gbe ɖe nuwo dzi wòsɔ pɛpɛpɛ la, nyaselawo ate ŋu aɖo ŋku nya vevitɔwo dzi bɔbɔe. Ele be ema nanye nuƒolaa ƒe taɖodzinu.
Nuƒolaa ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi ate gbe ɖe nu dzi ale be nyaselawo nate ŋu ade dzesi nya veviawo. Ate ŋu aƒo nu kple dzonɔameme si nu sẽ, ate ŋu agbɔ dzi ɖe nuƒoa ŋu alo ana wòatsɔ, ate ŋu ana seselelãmea nagasẽ ŋu vie, alo azã ŋutinuwo alesi dze, kple bubuawo.
-