TA 26
Nusita Nu Nyui Wɔwɔ Sesẽna
ESIME Saul nɔ nu baɖawo wɔm la, amekae wòdoa dzidzɔ na?— Satana Abosam ye. Gake edoa dzidzɔ na Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo hã. Emegbe esi Saul va zu Nufiala Gã la ƒe nusrɔ̃la si wonya nyuie be Paulo la, subɔsubɔhakplɔla mawo va lé fui azɔ. Eyata èkpɔ nusita wòsesẽ na amesi nye Yesu ƒe nusrɔ̃la be wòawɔ nu nyuia?—
Fu kae Paulo kpe ɖe nu nyui wɔwɔ ta?
Gbeɖeka nunɔlagã si woyɔna be Anania gblɔ na amewo be woaƒo nugbɔ na Paulo. Anania dze agbagba gɔ̃ hã be yeana woade Paulo gaxɔ me. Paulo kpe fu geɖe ŋutɔ esi wòva zu Yesu ƒe nusrɔ̃la. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi ame vɔ̃ɖi aɖewo ƒo Paulo eye wotsɔ kpe gãwo ƒui be wòaku.—Dɔwɔwɔwo 23:1, 2; Korintotɔwo II, 11:24, 25.
Ame geɖe ate kpɔ be yewoana míawɔ nusiwo medzea Mawu ŋu o. Eyata biabia lae nye, Aleke gbegbee nèlɔ̃a nu nyui? Ðe nèlɔ̃ nu nyui ale gbegbe be àyi ewɔwɔ dzi nenye be amewo lé fu wò ɖe eta gɔ̃ hã? Ebia dzinɔameƒo ŋutɔ be woawɔ esia, mèkpɔe nenema oa?—
Ðewohĩ ànɔ eŋu bum be, ‘Nukatae amewo alé fu mí ɖe nu nyui wɔwɔ ta? Menye ɖe wòle be wòado dzidzɔ na wo boŋ oa?’ Àkpɔe be nenemae wòle be wòanɔ hafi. Zi geɖe la, amewo lɔ̃ Yesu ɖe eƒe nu nyui wɔwɔ ta. Ɣeaɖeɣi la, amesiwo katã nɔ du aɖe me va ƒo zi ɖe aƒe si me wònɔ la ƒe mɔ nu. Esi Yesu nɔ dɔ dam na dɔnɔwo tae wova ƒo ƒu ɖo.—Marko 1:33.
Gake ɣeaɖewoɣi nusiwo Yesu fia la medze amewo ŋu kura o. Togbɔ be nyateƒeae wòfiana ɣesiaɣi hã la, ame aɖewo lé fui vevie ɖe nyateƒe si gblɔm wòle ta. Nusia dzɔ gbeɖeka le du si me Yesu ŋutɔ nɔ tsi, si nye Nazaret. Eyi ɖe woƒe ƒuƒoƒe, si nye afisi Yudatɔwo kpea ta subɔa Mawu le.
Le afima Yesu ƒo nuƒo nyui aɖe na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Gbã la, nyawo nya se na ameawo. Nyanyui siwo do tso eƒe nu me la wɔ nuku na wo ale gbegbe. Esesẽ na wo be woaxɔe ase be ɖekakpui si wonyi wòtsi le yewo gbɔ le dua me lae nye ma.
Gake Yesu gblɔ nya bubu aɖe hã. Eƒo nu tso ɣeyiɣi siwo me Mawu ɖe nublanuikpɔkpɔ tɔxɛ fia amesiwo menye Yudatɔwo o ŋu. Esi Yesu gblɔ nya siawo la, dzi ku amesiwo nɔ ƒuƒoƒea. Ènya nusita wòku dzi na woa?— Wosusui be yewo koe nye amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo etɔxɛe. Wobui be yewonyo wu ame bubuwo. Eyata wolé fu Yesu ɖe nya mawo siwo wògblɔ ta. Eye ènya nusi wodze agbagba be yewoawɔea?—
Biblia la gblɔ be: ‘Wolé Yesu hekplɔe do goe le dua me. Wokplɔe yi ɖe to aɖe ƒe abunu be yewoatu asii aƒu abua me ne wòaku! Gake Yesu dzo le wo gbɔ.’—Luka 4:16-30.
Nukatae amesiawo le didim be yewoawu Yesu?
Ne wò ŋue wowɔ nusia ɖo ɖe, ɖe nàgatrɔ ayi be yeagava ƒo nu na amesiawo tso Mawu ŋua?— Ema wɔwɔ abia dzinɔameƒo ŋutɔ, alo?— Gake anɔ ƒe ɖeka megbe la, Yesu gatrɔ yi Nazaret ake. Biblia gblɔ be: “Efia nu wo le woƒe ƒuƒoƒe.” Yesu medzudzɔ nyateƒea gbɔgblɔ le amesiwo melɔ̃a Mawu o la vɔvɔ̃ ta o.—Mateo 13:54.
Le ŋkeke bubu si nye sabat ŋkeke dzi la, Yesu nɔ teƒe aɖe, afisi ŋutsu aɖe si ƒe asi ŋu dɔléle gblẽ nu le ale be asia megate ŋu dzɔna o la hã nɔ. Ŋusẽ si tso Mawu gbɔ la le Yesu si be wòada dɔ na ŋutsua. Gake ame aɖewo siwo nɔ teƒea dze agbagba be yewoadi nya na Yesu. Nukae Nufiala Gã la wɔ?— Gbã la, ebia wo be: ‘Ne alẽ le mia si eye wòge dze do gã aɖe me le Sabat dzi la, ɖe miaɖee ado goe oa?’
Ẽ, woaɖe alẽa ado goe togbɔ be Sabat, si wobe enye dzudzɔgbe, la dzie wònye hã. Eyata Yesu gblɔ na wo be: ‘Enyo kura wu be woakpe ɖe ame ŋu le Sabat dzi, elabena amegbetɔ xɔ asi wu alẽ!’ Aleke gbegbe eme kɔ ƒã be ele be Yesu nakpe ɖe ŋutsu sia ŋu to dɔyɔyɔ nɛ me enye si!
Yesu gblɔ na ŋutsua be wòamlo asi. Enumake eƒe asia ɖɔ ɖo ale be wògate ŋu dzɔna. Aleke gbegbe dzi dzɔ ŋutsua enye si! Gake ame bubuawo ya ɖe? Ðe dzi dzɔ woawo hã?— Kura o. Wogalé fu Yesu ɖe edzi wu kura. Wodzo yi heva nɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui!—Mateo 12:9-14.
Nenemae wòle egbea hã. Nuka ke míeɖawɔ o, míate ŋu adze amesiame ŋu akpɔ o. Eyata ele be míatia amesi tututu ŋu míadi be míadze. Ne Yehowa Mawu kple Via Yesu Kristo ye la, ekema nusi woawo wofia mí ye wòle be míawɔ ɣesiaɣi. Gake ne míewɔ esia hã la, amekae alé fu mí? Amekae adi be yeana wòasesẽ na mí be míawɔ nu nyui?—
Satana Abosam ye. Gake ame bubu kawo hãe?— Amesiwo Abosam ble ale be woxɔ alakpanyawo dzi se la hãe. Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me be: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ.”—Yohanes 8:44.
Ame gbogbo aɖewo li siwo Abosam lɔ̃na. Yesu yɔ amesiawo be “xexeame.” Èbu be nukae nye “xexeame” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe?— Enyo, na míakpɔe ɖa le Yohanes ta 15, kpukpui 19. Míexlẽ Yesu ƒe nya siawo le afima be: “Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.”
Eyata xexeme si léa fu Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe nye amesiwo katã menye Yesu yomedzelawo o. Nukatae xexeame léa fu Yesu yomedzelawo ɖo?— Bu eŋu kpɔ. Amekae nye xexe sia dziɖula?— Biblia gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Vɔ̃ɖitɔ mae nye Satana Abosam.—Yohanes I, 5:19.
Azɔ èkpɔ nusita wòsesẽ be míawɔ nu nyuia?— Satana kple eƒe xexeamee wɔe be wòle sesẽm. Gake susu bubu aɖe hã li. Èɖo ŋku nusi wònye dzia?— Le agbalẽ sia ƒe Ta 23 lia me la, míesrɔ̃e be nuvɔ̃ mee wodzi mí katã ɖo. Ðe manyo ŋutɔ ne wova ɖe nuvɔ̃, Abosam, kple eƒe xexeame ɖa tegbee oa?—
Ne xexe sia nu va yi la, aleke nuwo anɔ na amesiwo wɔa nu nyui?
Biblia do ŋugbe be: “Xexeame va yina.” Esia fia be amesiwo katã menye Nufiala Gã la yomedzelawo o la nu ava yi. Womaɖe mɔ na wo be woanɔ agbe tegbee o. Ènya amesiwo anɔ agbe tegbeea?— Biblia yi edzi gblɔ be: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Ẽ, amesiwo wɔa nu nyui, hewɔa “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu,” la koe anɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me. Eyata nenye be nu nyui wɔwɔ sesẽna na mí gɔ̃ hã la, ɖe míadi kokoko be míayi ewɔwɔ dzi oa?—
Na míaxlẽ mawunyakpukpui siawo siwo ɖe nusita nu nyui wɔwɔ menɔa bɔbɔe o la fia: Mateo 7:13, 14; Luka 13:23, 24; kple Dɔwɔwɔwo 14:21, 22.